Ƒe 2007 “Dze Kristo La Yome!” Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
1, 2. (a) Aleke Mose de dzi ƒo na Israel viwoe be woana takpekpe ɖekae naɖe vi na wo? (b) Dzadzraɖo kawo wɔwɔ gɔmee wòle be míadze fifia?
1 Mose wɔ ɖoɖo na Israel viwo kple amedzrowo katã be woakpe ta ɖekae le ƒe adre ɖe sia ɖe me, ale be woaxlẽ Sea na wo. Ðe susu ka ta? ‘Ne woase Mawu ƒe Sea eye woasrɔ̃e.’ (Mose V, 31:10-12) Yehowa kpɔe be ehiã be yeƒe amewo nakpe ta le ƒuƒoƒo gãwo me. Eteƒe madidi o, Yehowa ƒe amewo agakpe ta ake na ŋkeke etɔ̃ ƒe “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpewo wɔwɔ.
2 Èdze dzadzraɖowo wɔwɔ gɔmea? Ðe wòahiã be nàbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔa? Ðe nàte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃viwo alo wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ŋu be woade takpekpea kpli wòa? Ðe ame aɖewo le miaƒe hamea me siwo ŋu wòahiã be woakpe ɖo hafi woate ŋu adea? Ðe nèle ɖoɖo wɔm be yeade takpekpe bubu si menye eyae wotia na miaƒe hamea oa? Ðe nàhiã na dzeƒea? Mɔfiame siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo nyuie.
3. (a) Alekee Yesaya 25:6 le eme vam egbeae? (b) Nu kae wode dzesii le ame siwo vana takpekpea le Fiɖagbe la ƒe xexlẽme ŋu, eye nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ?
3 De Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu geɖe ŋutɔ eƒe amewo. (Yes. 25:6) Esia ƒe ɖewoe nye gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna le takpekpewo me ƒe sia ƒe. Wode dzesii be ame siwo vana takpekpea le Fiɖagbe la nɔa ʋɛ ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple ŋkeke mamlɛawo. Ðoe wò taɖodzinui be nàde takpekpea le ŋkeke etɔ̃awo katã dzi abe ale si Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ɖoɖoa na míi ene! Ne wòahiã be nàbia mɔ le dɔ me la, ke tsɔe de gbedodoɖa me. Eye na ‘dzi nanɔ ƒowò’ nàgblɔe na wò dɔtɔ kaba. (Tes. I, 2:2; Nex. 2:4, 5) Anyo be nàɖe eme nɛ be takpekpe si yedena ƒe sia ƒe la nye yeƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Ne èwɔ esia kaba do ŋgɔ la, ate ŋu anɔ bɔbɔe wu na wò dɔtɔ be wòawɔ asitɔtrɔ aɖewo ale be wòaɖe mɔ na wò nàyi takpekpea si maɖe fu nɛ o.
4. Aleke míate ŋu adzra míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la ɖo hena takpekpea dede?
4 Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Kple Wò Ƒomea Dzadzra Ðo: Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be nàde takpekpea kple wò Biblia nusrɔ̃viwo, si awɔe be woawo ŋutɔ nakpɔ vividodoɖeameŋu kple dzidzɔ si gbegbe le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me, “le ameha gãwo dome,” la teƒe! (Ps. 22:26) Gblɔe na wo kaba do ŋgɔ ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo ade takpekpea. Gblɔ nu siwo wɔnɛ be takpekpeawo dede vivia wò ŋutɔ nuwò la na wo. Àte ŋu ana wò nusrɔ̃viwo nanya nu siwo woakpɔ mɔ na le takpekpea me to míaƒe video siwo dzi wolé takpekpe siwo míewɔ va yi la ɖo, vevietɔ esi nye United by Divine Teaching, la ɖeɖe fia wo me. Kpe wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la hã be woade takpekpea kpli wò. Ðewohĩ woate ŋu awɔ ɖoɖo ava kpɔ dramaa alo ade takpekpea le ŋkeke ɖeka aɖe ya teti dzi.
5, 6. (a) Aleke míate ŋu aɖe nunana ame ƒe gbɔgbɔ si dze le Timoteo I, 6:18 la afiae? (b) Ðoɖo kae wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ame siwo adi dzeƒe la ŋui?
5 Kpekpe Ðe Mía Nɔviŋutsuwo Kple Nɔvinyɔnuwo Ŋu: Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo dzi nu de le ganyawo gome la be “woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede.” (Tim. I, 6:17, 18) Míate ŋu aɖe dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ si ƒe dzi Paulo de ƒo la afia ne míebu ame tsitsiwo kple dɔnɔwo, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, dzilaɖekɛƒomewo, kple ɖewohĩ ame bubu aɖewo siwo le hamea me, siwo ahiã na kpekpeɖeŋu be woate ŋu ade takpekpea, la ƒe hiahiãwo ŋu. Ele eme baa be ƒometɔwo ƒe ŋkumee ame siwo míeyɔ va yi la ƒe nuhiahiã kpɔ ya, gake hamemetsitsiwo kple nɔvi bubuwo ate ŋu alé ŋku ɖe ame siawo ƒe nɔnɔmewo ŋu ahana kpekpeɖeŋu si hiã la wo. (Gal. 6:10; Tim. I, 5:4) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be wowɔ ɖoɖo na ame siwo hiã na kpekpeɖeŋu tɔxɛ le woƒe ƒuƒoƒoa me hafi takpekpewɔɣia naɖo.
6 Ne ame siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo la, Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti nanɔ te ɖe mɔfiame siwo le agbalẽvia dzi akpɔe ɖa be gbeƒãɖelaa dze akpee ɖo hã. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le kple esiwo si vi ɖotowo le koe woawɔ ɖoɖo sia tɔgbi na.
7. Ne wòava hiã be míade takpekpe aɖe si menye eyae wotia na míaƒe hamea o la, mɔfiame kawoe wona siwo dzi wòle be míawɔ ɖo?
7 Takpekpe Bubu Dede: Be zikpui, agbalẽ, dzeƒe, kple nu bubuwo nasu takpekpea valawo nu la, míele dzi dem ƒo na mi be miayi takpekpe si wotia na miaƒe hamea. Ne nɔnɔme aɖewo abia be nàyi takpekpe bubu aɖe la, ekema àkpɔ takpekpe si nàde ƒe adrɛs le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Ne woawɔ takpekpe geɖe le du ma me la, ke na woanya esi yi ge nàla ƒe ŋkekeawo.
8. (a) Nɔnɔme kawo mee wòasɔ be hame aɖe nayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o? (b) Nu ka ŋue wòle be nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la nalé ŋku ɖo nyuie?
8 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ ate ŋu awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖe sia ɖe si yewoada la nye ʋu si le nɔnɔme nyui me eye afɔku manɔ eɖoɖo me o. Ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ hã be ʋuawo metsɔ ame sɔgbɔ akpa wòatsi tre ɖe Kaisaro ƒe se ŋu o.
9. Aleke wokpea xɔbiagbalẽviwo ɖo heɖonɛ ɖae?
9 Dzeƒewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖe sia ɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, ekema míeɖe kuku mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe kaba. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
10. Ne wona dzeƒe mí le amewo ƒe aƒewo me la, aleke míawɔ aɖee afia be míenye amedzro nyui siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?
10 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒewo me. Ate ŋu anye mía nɔviwo loo alo ame bubuwo ƒe aƒewo me. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Ame siwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo wɔ nu bubutɔe le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme, eye womanɔ ame si gbɔ wodze ƒe nuwo me kam, agblẽ woƒe nunɔamesiwo, ada afɔ ɖe kplɔ̃wo alo zikpuiwo dzi, alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Enyea bubu ɖeɖe fia ne míekpɔ egbɔ be míaƒe xɔa me le dzadzɛ gbe sia gbe. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu. Ne míedze amewo gbɔ la, mele be míakpɔ mɔ be míaƒe aƒetɔwo nawɔ nu sia nu na mí o.
11. Ne míedze amedzrodzeƒe la, aleke míawɔ aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple bubu afia amewoe?
11 Ne èɖoe be yeava dze amedzrodzeƒe la, ke ɖo ŋku edzi nàna wò agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple awudodo nanye ɖaseɖiɖi nyui. Mele be míawɔ nu ɖe kplɔ̃ɖolawo alo xɔmedzraɖolawo ŋu bubumadeameŋutɔe gbeɖe o. Togbɔ be míexea fe ɖe woƒe dɔwɔnawo ta hã la, ele be míade bubu wo ŋu. Esia ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe amewo to vovo tso ame siwo si Biblia me sidzedze mesu o, siwo meɖea lɔlɔ̃ kple bubu fiana o, la gbɔ.
12. (a) Nu kae wole mɔ kpɔm be takpekpevala ɖe sia ɖe nadzra ɖo atsɔ ɖe asi ŋkeke etɔ̃awo katã, eye nu ka tae? (b) Nu kawoe míate ŋu awɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo, eye aleke esia aɖe vi na míi?
12 Nuɖuɖunyawo: Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũu o alo ahaviviwo ɖe asi vɛ bene woaɖu alo ano le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míanɔ tsatsam ava nɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vɛ o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ̃ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagava nɔ tsatsam alo ava nɔ nuɖuɖu kple tsinono dim le nudzralawo gbɔ o. Esia ana míanɔ agbadɔa gɔme ase vivi na hadede tuameɖowo. Ðoɖo sia dzi wɔwɔ fia be míeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la ŋu.
13, 14. (a) Dzadzraɖo kawoe wowɔ do ŋgɔ na míaƒe takpekpea yiyi? (b) Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada afia ɖe dɔ siwo katã wowɔ na mí ŋu? (Xlẽ Hebritɔwo 13:17.)
13 Kpe Asi Ðe Ðoɖoawo Ŋu: Ne míege ɖe takpekpewɔƒea la, míekpɔnɛ be wowɔ dɔ geɖe ŋutɔ do ŋgɔ na míaƒe vava. Mía nɔviŋutsu anyinɔƒegbɔkpɔla lɔ̃amewo doa gbe na mí henana ɖoɖowɔɖiwo mí, eye wokpena ɖe mía ŋu hã le teƒe si míanɔ anyi ɖo la fiafia mí me. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzra teƒea ɖo nyuie wònya le kpɔkpɔm ŋutɔ. Wowɔ dɔ vevi bubuwo hã, abe nuƒowo kple gbebiamewo dzadzra ɖo, dzeƒewo didi, kple dɔ vevi bubu geɖewo ene.
14 Le takpekpe ɖe sia ɖe si woawɔ gome la, nɔvi geɖewo nɔa dɔ dzi ɣleti geɖe eye wokpɔa nu siwo ahiã la gbɔ, eye woƒe ƒometɔwo hã wɔ akpa aɖe esi wolɔ̃ faa ɖe mɔ na wo be woava kpɔ dɔ vevi siawo gbɔ. Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo tsɔa wo ɖokui nana faa hewɔa dɔ siwo ɖea vi na mí la ŋu oa? Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to wɔwɔ ɖe mɔfiame siwo wona mí le nyati sia kple ɖewohĩ esiwo woana mí le ŋkeke ʋɛ siwo ado ŋgɔ na takpekpea yiyi dzi me. (Heb. 13:17) Ne ame sia ame lɔ̃ faa wɔ ɖe ɖoɖo siwo wowɔ ɖe takpekpea ŋu dzi la, awɔe be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.
15. (a) Nu ka tae Yehowa ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖekae le vevie ŋutɔ le míaƒe ɣeyiɣia me? (b) Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ fifia?
15 Esi míekpɔ be ‘ŋkeke la le ɖoɖom’ ta la, Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖekae nye nu vevi aɖe si hiã fifia ŋutɔ. (Heb. 10:25) Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la naa nyatakaka siwo akpe ɖe mía ŋu be ‘míawɔ ɖe se siwo katã’ dzi Yehowa di be míawɔ ɖo la dzi le míaƒe Kristotɔwo ƒe takpekpewo me. (Mose V, 31:12) Dze ɖoɖowo wɔwɔ gɔme fifia be nàte ŋu ade “Dze Kristo La Yome!” Nutome Gã Takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã ale be gbɔgbɔmenufiame siwo ayi edzi la naɖe vi na wò eye nàse vivi hã le hadede dodzidzɔnamewo me!
[Aɖaka si le axa 3]
Takpekpea ƒe Gamewo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi 9:20 - Ɣetrɔ 5:05
Kwasiɖa
Ŋdi 9:20 - Ɣetrɔ 4:10
[Aɖaka si le axa 5]
Dze Dzadzraɖo Wɔwɔ Ðe Takpekpea Ŋu Gɔme Fifia
• Wɔ ɖoɖo nyuie be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã.
• Bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ fifia.
• Dze ga dzadzraɖo gɔme tso fifia na takpekpea yiyi.
• Tsɔ ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuɖuɖu kple tsinono ɖe asi ale be màdzo le takpekpewɔƒea be yeava ƒle nu le nudzralawo gbɔ o.
• Wɔ ɖoɖo be wò ƒomea me tɔwo KATÃ nakpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me.