INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/08 axa 3-5
  • Ƒe 2008 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 2008 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2009 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ƒe 2007 “Dze Kristo La Yome!” Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2001 “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 6/08 axa 3-5

Ƒe 2008 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

1. (a) Nu ka tae aɖaŋu si Paulo ɖo na Hebri Kristotɔwo dzi wɔwɔ hiã kpata egbea? (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) (b) Wɔna kae le ŋgɔ na mí si ana mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi?

1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Hebri Kristotɔwo be woanɔ ƒu ƒom ɖekae, eye woanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo “geɖe wu” zi ale si wokpɔe be ŋkeke la le ɖoɖom. (Heb. 10:24, 25) Kpeɖodzi geɖewo li be “ŋkeke” si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la tu aƒe ŋutɔ! Eya ta míekpɔa mɔ vevie na mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na mí be míaƒo ƒu ɖekae kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo hena gbɔgbɔmenufiame siwo akpe ɖe mía ŋu le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo siwo me afɔku bɔ ɖo me la xɔxɔ. (2 Tim. 3:1) Mɔnukpɔkpɔ sia tɔgbi asu mía si le ƒe 2008 nutome gã takpekpe siwo míawɔ la me.

2. (a) Nu ka tae wòle vevie be nàde takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã? (b) Aleke wòle be míadze dzadzraɖowɔwɔ gɔme hena yiyi?

2 De Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Míele dzi dem ƒo na wò be nàde takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne ‘míegblẽa mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o’ la, gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasiwo mato mía ŋu o. (Heb. 10:25) Dze dzadzraɖowɔwɔ gɔme kaba. Ne viwòwo manɔ mɔkeke le takpekpe ƒe ɣeyiɣia me o la, bia mɔ tso woƒe nufialawo gbɔ. Anyo be nàna wò dɔtɔ nanya kaba ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã.

3. Nu ka tae mele be wòasesẽ na mí be míabia mɔ le míaƒe dɔtɔ gbɔ hena takpekpewo yiyi o?

3 Ɣeaɖewoɣi la, nɔviwo hena ɖe megbe le nuƒoƒo na woƒe dɔtɔwo me hesusunɛ be yewoƒe dɔtɔwo maɖe mɔ na yewo gbeɖe be yewoayi takpekpeawo o. Gake ne wodi be yewoayi hadomewɔnawo, abe srɔ̃ɖeƒe alo kuteƒe ene la, mesesẽna boo o alo be mesesẽna kura na ame geɖe be woagblɔ nu si wodi be yewoawɔ la na woƒe dɔtɔwo o. Ele be míabia mía ɖokuiwo be: Ne mía xɔlɔ̃ vevi aɖe le srɔ̃ kpem le nuto bubu aɖe me la, ɖe míate ɖe míaƒe dɔtɔ ŋu ahabia mɔ le egbɔ bene míade srɔ̃ɖeƒea oa? Eye ne edze abe ele hehem ɖe megbe la, ɖe míate ɖe eŋu bubutɔe ahaɖe ale si gbegbe srɔ̃ɖeƒe ma yiyi le vevie na mí la me nɛ oa? Kakaɖedzitɔe la, be Yehowa nafia nu mí le takpekpe me le vevie wu gomekpɔkpɔ le hadomewɔnawo me! Ne míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be takpekpea le vevie hena míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me la, anɔ bɔbɔe be míaɖe nu me na míaƒe dɔtɔwo woaɖe mɔ na mí be míade takpekpea. (Yakobo 1:7, 8) Míagblɔ na wo be míaƒe takpekpe siwo míedena ƒe sia ƒe la nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Ka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba si dzem nèle be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la dzi godoo.—Mateo 6:33.

4. Mɔ ka nue míate ŋu aɖe ameŋububu afia amewo le?

4 Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woadee: Paulo gaxlɔ̃ nu nɔviawo hã be ‘woalé ŋku ɖe wo nɔewo ŋu.’ (Heb. 10:24) Ðe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dea miaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒea ahiã kpekpeɖeŋu hena takpekpea dedea? Àte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be wòade takpekpea kpli wò, nenye be ŋkeke ɖeka koe woate ŋu ade gɔ̃ hã? Ne èƒo nu tso takpekpea dede ŋu na wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o vɔ la, kpe wo be woadee kpli wò. Wò agbagbadzedze si me lɔlɔ̃ le ahe yayra siwo mele mɔ kpɔm na o avae.

5. Nu ka tae wode dzi ƒo na mí be míayi takpekpe si wotia na míaƒe hamea la ko?

5 Takpekpe Bubu Dede: Be zikpui, agbalẽ, dzeƒe, kple nu bubuwo nasu takpekpea valawo nu la, míele dzi dem ƒo na mi be miayi takpekpe si wotia na miaƒe hamea. Ne nɔnɔme aɖewo abia be nàyi takpekpe bubu aɖe la, ekema àkpɔ ŋkeke siwo dzi woawɔ takpekpea kple afi si woawɔe le la le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia.

6. Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be hame aɖewo nayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na wo o?

6 Le hame aɖewo siwo le kɔƒenutowo me gome la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ ate ŋu awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o.

7. Nu ka ŋue wòle be nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la nalé ŋku ɖo nyuie?

7 Ʋuɖoɖo: Ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖe sia ɖe si yewoada la nye ʋu si le nɔnɔme nyui me eye afɔku manɔ eɖoɖo me o. Ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ hã be ʋuawo metsɔ ame sɔgbɔ akpa wòatsi tsitre ɖe Kaisaro ƒe se ŋu o.

8. Aleke wokpea xɔbiagbalẽviwo ɖo heɖonɛ ɖae?

8 Dzeƒewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖe sia ɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, ekema míeɖe kuku mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe kaba. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.

9. Ðoɖo kae wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ame siwo adi dzeƒe la ŋui?

9 Ne ame siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo la, Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti nanɔ te ɖe mɔfiame siwo le agbalẽvia dzi la dzi akpɔe ɖa be gbeƒãɖelaa dze akpee ɖo hã. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le kple esiwo si vi ɖotowo le koe woawɔ ɖoɖo sia tɔgbi na.

10. Ne wona dzeƒe mí le amewo ƒe aƒewo me la, aleke míawɔ aɖee afia be míenye amedzro nyui siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?

10 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒewo me. Ate ŋu anye mía nɔviwo loo alo ame bubuwo ƒe aƒewo me. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Ame siwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo wɔ nu bubutɔe le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒe me, eye womanɔ ame si gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam, agblẽ woƒe nunɔamesiwo, ada afɔ ɖe kplɔ̃wo alo zikpuiwo dzi, alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Enyea bubu ɖeɖe fia ne míekpɔ egbɔ be míaƒe xɔa me le dzadzɛ gbe sia gbe. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu. Ne míedze amewo gbɔ la, mele be míakpɔ mɔ be míaƒe aƒetɔwo nawɔ nu sia nu na mí o.

11. Ne míedze amedzrodzeƒe la, aleke míawɔ aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple bubu afia amewoe?

11 Ne èɖoe be yeava dze amedzrodzeƒe la, ke ɖo ŋku edzi nàna wò agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple awudodo nanye ɖaseɖiɖi nyui. Mele be míawɔ nu ɖe kplɔ̃ɖolawo alo xɔmedzraɖolawo ŋu bubumadeameŋutɔe gbeɖe o. Togbɔ be míexea fe ɖe woƒe dɔwɔnawo ta hã la, ele be míade bubu wo ŋu. Esia ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe amewo to vovo tso ame siwo si Biblia me sidzedze mesu o, siwo meɖea lɔlɔ̃ kple bubu fiana o, la gbɔ.

12. (a) Nu kae wole mɔ kpɔm be takpekpevala ɖe sia ɖe nadzra ɖo atsɔ ɖe asi ŋkeke etɔ̃awo katã, eye nu ka tae? (b) Nu kawoe míate ŋu awɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo, eye aleke esia aɖe vi na míi?

12 Ŋdɔnuɖuɖu: Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũu o alo aha viviwo ɖe asi avae bene woaɖu alo ano le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míanɔ tsatsam ava nɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vae o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagava nɔ tsatsam alo ava nɔ nuɖuɖu kple tsinono dim le nudzraƒewo o. Esia ana míanɔ agbadɔa gɔme ase vivi na hadede tuameɖowo. Ðoɖo sia dzi wɔwɔ fia be míeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la ŋu.

13. (a) Mɔ kawo nue míate ŋu ahe kafukafu avae na Yehowa le le míaƒe takpekpe deɣiwo? (b) Nya kawoe mía nɔviwo ƒe agbe nyui nɔnɔ na amedzrodzeƒedɔwɔla aɖewo gblɔ?

13 Dɔwɔwɔ Nyuiwo: Wɔwɔ ɖe se si Yehowa de na mí be míaƒo ƒu ɖekae hena tadedeagu dzi nana be ‘eme nyona na mí.’ Vevietɔ wu la, enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míakafu Yehowa ƒe ŋkɔ. (Yes. 48:17) Míaƒe “dɔwɔwɔ nyuiwo” ‘dzena ƒãa’ na ame geɖewo le míaƒe takpekpe gãwo wɔɣi, eye esia ʋãa wo dometɔ aɖewo woɖea woƒe dzimenyawo gblɔna. (1 Tim. 5:25) Le du aɖe si me wowɔa míaƒe takpekpewo le ƒe geɖe ye nye esia me la, amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe gblɔ be: “Amewo le nya nyui geɖe gblɔm tso Yehowa Ðasefowo kple vi si woƒe takpekpewo ɖena na mí la ŋu le dua me. Míekpɔ ale si miedzra míaƒe hadomekpekpewɔƒea ɖoe, kple ale si miedzra ʋutɔɖoƒea ɖo wòle dzadzɛe. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be mieva nɔ mía dome le míaƒe dzomeŋɔlia me. Míele mɔ kpɔm be miagava wɔ takpekpe le mía gbɔ le ƒe siwo gbɔna me.” Esi amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe ƒo nu tso ale si ƒuƒoƒo bubuwo kple fefewɔlawo ɖe fu na woe ŋu vɔ la, ekafu nɔviawo ɖe woƒe nuwɔwɔ aduadu kple dzigbɔgbɔɖi le woƒe amedzrodzeƒea nɔɣi ta. Egblɔ be, “Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na mí ne míaƒe amedzrowo katã le abe Yehowa Ðasefowo ene!” Mía nɔviwo ƒe agbe nyui nɔnɔ si na amewo gblɔ nya siawo kple esiawo tɔgbi geɖewo la ado dzidzɔ na mía Mawu, Yehowa, ƒe dzi godoo!

14. Aleke Mateo 4:4 te gbe ɖe toléle ɖe takpekpea me nuƒoawo katã ŋu ƒe vevienyenye dzi?

14 Yesu gblɔ be míaƒe agbe nɔ te ɖe toɖoɖo “nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me” la dzi. (Mat. 4:4) Le takpekpe siwo míewɔna ƒe sia ƒe me la, Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí ɖe “ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” to “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” dzi. (Mat. 24:45) Wowɔ dɔ geɖe le asitɔtrɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu sia ŋu kple enana me. Mina míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe beléle na ame lɔlɔ̃tɔe la ŋu, to takpekpea yiyi kple toléle ɖe nuƒoawo katã ŋu dzi.

[Aɖaka si le axa 3]

Takpekpea ƒe Gamewo:

Fiɖa kple Memleɖa

Ŋdi ga 9:20 - Ɣetrɔ ga 4:55

Kwasiɖa

Ŋdi ga 9:20 - Ɣetrɔ ga 4:00

[Aɖaka si le axa 5]

Dze Dzadzraɖo Wɔwɔ Ðe Takpekpea Ŋu Gɔme Fifia

• Wɔ ɖoɖo nyuie be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã.

• Bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ fifia.

• Dze ga dzadzraɖo gɔme tso fifia na takpekpea yiyi.

• Tsɔ ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuɖuɖu kple tsinono ɖe asi ale be màdzo le takpekpewɔƒea be yeava ƒle nu le nudzraƒewo o.

• Wɔ ɖoɖo be wò ƒomea me tɔwo KATÃ nakpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe