INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/09 axa 3-5
  • Ƒe 2009 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 2009 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2008 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2001 “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 6/09 axa 3-5

Ƒe 2009 Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

1. (a) Yayra kawoe míakpɔ ne míede nutome gã takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã? (b) Ðoɖo kawoe wòle be míawɔ fifia?

1 Mí katã míele mɔ kpɔm na ƒe 2009 nutome gã takpekpea kple mɔnukpɔkpɔ siwo agasu mía si be míaƒo ƒu ɖekae kple Yehowa kafula bubu siwo “nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la. (Mat. 5:3) Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum kabakaba ta la, míele dzi dem ƒo na ame sia ame be wòade ŋkeke etɔ̃awo katã, be míakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe hadede tuameɖowo me ahaxɔ gbɔgbɔmedzideƒo si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe le xɔse la me. (Zef. 1:14) Na wò nufialawo kple dɔtɔwo nanya be takpekpea nye wò tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe. Bia Yehowa ƒe yayra, eye dzi nenɔ ƒowò nàwɔ ɖoɖowo kaba; àte ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò.—Yes. 50:10.

2. Nu kawoe míakpɔ mɔ be woayi edzi le ƒe sia ƒe takpekpe aɖewo me?

2 Dukɔwo Dome Takpekpewo: Abe ale si wòdze le March 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me ene la, woawɔ dukɔwo dome takpekpewo hã le Accra, eye takpekpevalawo atso Europe, Central Africa kple West Africa ava kpɔ gome le wo me. Esi wònye Accra koe woawɔ dukɔwo dome takpekpeawo le ta la, hame siwo wotia takpekpe siawo na koe ade wo. Ne míezɔ ɖe mɔfiame siawo dzi la, awɔe be vavalawo mava sɔ gbɔ fũu akpa le takpekpe siawo me o. (1 Kor. 14:40; Heb. 13:17) Ke hã, woana takpekpewɔƒe bubuwo hã nakpɔ gome le ɖoɖo aɖewo siwo ayi edzi le dukɔwo dome takpekpeawo me la me. Woato telefonkadodowo dzi ana ame siwo le Kumasi kple Takoradi la nase nu siwo ayi edzi le Accra ƒe takpekpea me. Ðoɖowɔɖia ƒe akpa aɖe aku ɖe dɔ siwo wɔm dutanyanyuigblɔlawo le ŋu. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si hã woase nuteƒekpɔkpɔwo tso dukɔ bubuwo me. Nu kae wòle be míawɔ be ɖoɖo siwo wɔm wole ɖe takpekpe siwo míade le ƒe sia me ŋu la naɖe vi na mí bliboe?

3. Aleke míate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia míaƒe hamea me tɔ aɖewo?

3 Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woadee: Ðe miaƒe hamea me tɔ aɖewo ahiã kpekpeɖeŋu hena takpekpea dedea? Ne èkpe ɖe wo ŋu wote ŋu dee la, ekema afia be wò ŋku mele ‘wò ŋutɔ wò nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke ele ame bubuwo tɔ hã ŋu.’—Fp. 2:4.

4. Nu ka tae mele be wòasesẽ na mí be míabia mɔ le míaƒe dɔtɔwo gbɔ hena takpekpewo yiyi o?

4 Ɣeaɖewoɣi la, nɔviwo hena ɖe megbe le nuƒoƒo na woƒe dɔtɔwo me hesusuna be yewoƒe dɔtɔwo maɖe mɔ na yewo gbeɖe be yewoayi takpekpe o. Gake ne wodi be yewoayi hadomewɔnawo, abe srɔ̃ɖeƒe alo kuteƒe ene ya la, womehena ɖe megbe o alo mesesẽna na ame geɖe kura be woagblɔ nu si wodi be yewoawɔ la na woƒe dɔtɔwo o. Ele be míabia mía ɖokuiwo be: Ne mía xɔlɔ̃ vevi aɖe le srɔ̃ kpem le nuto bubu aɖe me la, ɖe míate ɖe míaƒe dɔtɔ ŋu ahabia mɔ le egbɔ bene míade srɔ̃ɖeƒea oa? Eye ne edze abe medi be yeaɖe mɔ na mí o ene la, ɖe míate ɖe eŋu bubutɔe ahaɖe ale si gbegbe srɔ̃ɖeƒe ma yiyi le vevie na mí la me nɛ oa? Kakaɖedzitɔe la, be Yehowa nafia nu mí le takpekpewo me le vevie wu gomekpɔkpɔ le hadomewɔnawo me! Ne míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be takpekpea le vevie hena míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me la, anɔ bɔbɔe be míaɖe nu me na míaƒe dɔtɔwo woaɖe mɔ na mí be míade takpekpea. (Yak. 1:7, 8) Mina woanya be takpekpe siwo míedena ƒe sia ƒe la nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe. Ka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ la dzi godoo.—Mateo 6:33.

5. Nu ka tae wode dzi ƒo na mí be míayi takpekpe si wotia na míaƒe hamea la ko?

5 Takpekpe Bubu Dede: Be zikpui, agbalẽ, dzeƒe, kple nu bubuwo nade takpekpevalawo nu la, míele dzi dem ƒo na mi be miayi takpekpe si wotia na miaƒe hamea la ko. Ne nɔnɔme aɖewo abia be nàyi takpekpe bubu aɖe la, ekema àkpɔ ŋkeke siwo woawɔ takpekpea kple afi si woawɔe la le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia.

6. Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be hame aɖewo nayi takpekpe bubu si wometia na wo o?

6 Le hame aɖewo siwo le kɔƒenutowo me gome la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ ate ŋu awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si wometia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrã kpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Anyo hã be woazã adrɛs siwo dze le axa 6 lia ana Takpekpe Dzi Kpɔ Kɔmitia nanya takpekpe si wodi be yewoade.

7. Nu ka ŋue wòle be nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm la nalé ŋku ɖo nyuie?

7 Ʋu Ƒe Ðoɖo Wɔwɔ: Ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖe sia ɖe si yewoada la nye ʋu si le nɔnɔme nyui me eye afɔku manɔ eɖoɖo me o. Ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ hã be ʋuawo metsɔ ame sɔgbɔ wu esi wòle be woatsɔ o, elabena esia anye Kaisaro ƒe se dzi dada.

8, 9. Aleke wokpea xɔbiagbalẽviwo ɖo heɖoa wo ɖae?

8 Dzeƒewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖe sia ɖe. Ne èdi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na wò la, ekema míeɖe kuku, kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo eye nàtsɔe ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe nàɖoe ɖe takpekpe si nàde la wɔƒe kaba. Ne woawɔ takpekpe siwo wu ɖeka le nutoa me la, ŋlɔ esi koŋ nàde kple ɣletiŋkeke siwo woawɔe la ɖe agbalẽvia dzi. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.

9 Ne gbeƒãɖela aɖe si ŋu hiahiã tɔxɛ le la kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo la, Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti nanɔ te ɖe mɔfiame siwo le agbalẽvia dzi la dzi akpɔe ɖa be gbeƒãɖelaa dze akpee ɖo hã. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le kpakple wo vi siwo nɔa agbe nyuie koe woawɔ ɖoɖo sia na.

10. Ne wona dzeƒe mí le amewo ƒe aƒewo me la, aleke míaɖee afia be míenye amedzro nyui siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?

10 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒewo me. Ate ŋu anye mía nɔviwo loo alo ame bubuwo ƒe aƒewo me. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Ame siwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo wɔ nu bubutɔe le aƒea me, eye womanɔ ame si gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam, agblẽ woƒe nunɔamesiwo dome, ade kplɔ̃wo alo zikpuiwo dzi, alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o la o. Enyea bubu ɖeɖe fia ne míekpɔ egbɔ be míaƒe xɔa me le dzadzɛ gbe sia gbe. Ne ame siwo dze xɔa me do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu. Ne míedze amewo gbɔ la, mele be míakpɔ mɔ be ame siwo gbɔ míedze la nawɔ nu sia nu na mí abe esia ta koe woli ɖo ene o.

11. Ne míedze amedzrodzeƒe la, aleke míate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple bubu afia amewoe?

11 Ne èɖoe be yeaɖadze amedzrodzeƒe la, ke ɖo ŋku edzi nàna wò agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple awudodo nanye ɖaseɖiɖi nyui. Mele be míawɔ nu ɖe kplɔ̃ɖolawo alo xɔmedzraɖolawo ŋu bubumadeameŋutɔe gbeɖe o. Togbɔ be míexea fe ɖe woƒe dɔwɔnawo ta hã la, wodze be míade asixɔxɔ kple bubu wo ŋu. Esia ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe amewo to vovo tso ame siwo si Biblia me sidzedze mesu o eye womeɖea lɔlɔ̃ kple bubu ma tɔgbi fiana o la gbɔ.

12. (a) Nu kae wole mɔ kpɔm be takpekpevala ɖe sia ɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ɖe asi ava takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã, eye nu ka tae? (b) Nu kae míate ŋu awɔ le ɖiɖiɖemeɣia, eye aleke esia aɖe vi na míi?

12 Ŋdɔnuɖuɖu: Ƒe aɖewoe nye esia la, kluvi nyateƒetɔ la dea dzi ƒo na mí be míagaɖu nu kpekpewo le takpekpewo me o. Taɖodzinuae nye be esia nawɔe be míaƒe susu nanɔ nu siwo le vevie wu, abe ɖoɖowɔwɔ be míaƒe ƒomea naɖo takpekpewɔƒea ɖe game dzi gbe sia gbe kple toɖoɖo nyuie ne nuƒoawo le edzi yim ene, la dzi. Esia tae wode dzi ƒo na takpekpevalawo katã be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũu o kple nu si woano le ɖiɖiɖemeɣia la ɖe asi. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea le ɖiɖiɖemeɣia ahakpɔ gome le hadede tuameɖowo me kple takpekpea valawo. Ðoɖowɔwɔ atsɔ nuɖuɖu si mekpena fũu o kple nunono ʋɛ aɖewo ɖe asi akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋute nyuie ne ŋdɔ ƒe wɔnawo le edzi yim. Esi wònye be mía dometɔ geɖe makpɔ asi nu adɔ alɔ̃ vie hafi ŋdɔ ƒe wɔnawo nadze egɔme o ta la, anyo be míaɖɔ ŋu ɖo le nu agbɔsɔsɔme si míaɖu le ɖiɖiɖemeɣia la me. Ale si ko míeɖua nu le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me ne kpekpewo le edzi yim o la, mele be míanɔ nu ɖum ne takpekpea le edzi yim o. Ne míekpɔ egbɔ be míaƒe ŋdɔnuɖuɖu mekpe fũu o la, ekema míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu vevie eye míedea bubu tadedeagu ƒe ɖoɖo si wowɔ na mí kple gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam wole mí la ŋu.—Mixlẽ Luka 10:42.

13. (a) Dɔwɔƒe kawoe woahiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le? (b) Mɔ kawo nue nàdi be yeana kpekpeɖeŋu le be takpekpea nate ŋu akpɔ dzidzedze?

13 Tsɔ Ðokuiwò Na Le Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwo Me: Ne takpekpewo le edzi yim la, ame alafa geɖe tsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoana kpekpeɖeŋu be nuwo nayi edzi le dɔwɔƒe vovovoawo nyuie. Anyinɔƒegbɔkpɔla siwo nɔa agbadɔa te la naa mɔfiame mí ku ɖe anyinɔnɔ ŋu eye wo dometɔ aɖewo hã fiaa mɔ le míaƒe ʋuwo tɔtɔ ɖi me le ʋutɔɖoƒeawo hedzɔa wo ŋu le ŋkekea me. Dzadzɛnyenye Dzi Kpɔƒea ƒe agbanɔamedzie wònye be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ alé míaƒe dzadzɛnyenye me ɖe asi eye wòakpɔ egbɔ be teƒe si míeƒo ƒu ɖo hena tadedeagu la nanɔ dzadzɛ hafi míadzo. Ðe míate ŋu ana kpekpeɖeŋu dɔdzikpɔƒe siawo alo bubu ɖe sia ɖe si ahiã míaƒe kpekpeɖeŋua? Ðe nàlɔ̃ faa atsɔ ɖokuiwò ana awɔ dɔ ‘aduadu’ kple nɔviwòwoa? (Zef. 3:9) Ne Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea mede dɔ asi na mí o gɔ̃ hã la, mí katã míate ŋu aɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ afia ne míele ŋudzɔ ɖe gbeɖuɖɔwo fɔfɔ le anyigba kple egbɔkpɔkpɔ be teƒe si míenɔ anyi ɖo la le dzadzɛ le kpakpã vɔ megbe ŋu.

14. Nu ka ŋue wòle be míatsi dzi ɖo vevie le dzadzraɖowɔwɔ ɖe ƒe 2009 nutome gã takpekpea dede ŋu kple ne míele takpekpea me siaa?

14 Dɔwɔwɔ Siwo Kafua Mawu: Ne míeɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetse fiana le nu sia nu me heléa ŋku ɖe míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna ŋu le nuwɔwɔ kple amedzrodzeƒedɔwɔlawo kpakple ame siwo le takpedua me me la, míegaɖoa atsyɔ̃ na ŋkɔ nyui si le Yehowa ƒe amewo ŋu la ɖe edzi, eye míeƒoa asa na nukiklizuzu na amewo. (1 Kor. 10:31; 2 Kor. 6:3, 4) Neva eme be wò nɔnɔme siwo nàɖe afia le ƒe 2009 nutome gã takpekpea me alo le dukɔwo dome takpekpea me la nahe kafukafu avae na Mawu!—1 Pet. 2:12.

[Aɖaka si le axa 3]

Takpekpea Ƒe Gamewo:

Yawoɖa (Na Dukɔwo Dome Takpekpewo Ðeɖe Ko)

Ŋdɔ ga 1:20 - ɣetrɔ ga 4:55

Fiɖa kple Memleɖa

Ŋdi ga 9:20 - ɣetrɔ ga 4:55

Kwasiɖa

Ŋdi ga 9:20 - ɣetrɔ ga 4:00

[Aɖaka si le axa 5]

Dze Dzadzraɖowɔwɔ Ðe Takpekpea Dede Ŋu Gɔme Fifia

• Wɔ ɖoɖo nyuie be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkekeawo katã.

• Bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ fifia.

• Dze gadzadzraɖo gɔme tso fifia na takpekpea yiyi.

• Tsɔ ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuɖuɖu kple tsinono ɖe asi ale be màdzo le takpekpewɔƒea be yeaɖaƒle nu le nudzraƒewo o.

• Wɔ ɖoɖo be wò ƒomea me tɔwo KATÃ nakpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe