“Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
Míaɖo Ŋku Yesu Ƒe Ku Dzi Le April 2 lia Dzi
1. Nu ka tae April 2, 2007, nye ŋkeke vevi aɖe ɖo?
1 Le April 2, 2007, dzi la, ame miliɔn geɖe le xexea me godoo aƒo ƒu hena ŋkuɖoɖo Yesu ƒe vɔsakua dzi. Yesu ku le Fofoa si le dziƒo la ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli ta, eye wòto esia me ɖee fia be nya si Satana Abosam tsɔ ɖe ameƒomea ŋu be woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ƒe viɖewo tae wosubɔa Mawu ɖo la nye alakpa. (Hiob 2:1-5) Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖoa ŋku edzi na mí hã be Yesu to eƒe ku abe ame deblibo si ŋu nu vɔ̃ mele o dzi tsɔ eƒe ‘agbe na ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.’ (Mat. 20:28) Le esia ta, Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nunana xɔasi sia ŋu ʋã wò be nèdze dzadzraɖo wɔwɔ gɔme xoxo hena ŋkuɖoɖo lɔlɔ̃ gã sia, si ɖeke mesɔ kpli o, si woɖe fia mí la dzia?—Yoh. 3:16.
2. Aleke míate ŋu atsɔ míaƒe dzi aɖo Ŋkuɖodzia ŋui?
2 Tsɔ Wò Dzi Ðo Eŋu Bliboe: Ne míede ŋugble le nu siwo dzɔ le ŋkeke ʋɛ siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku abe amegbetɔ ene dzi ŋu la, ana míatsɔ míaƒe dzi aɖo Ŋkuɖodzia ŋu bliboe. (Ezra 7:10) Be míate ŋu awɔ esia nyuie la, wowɔ Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi tɔxɛ aɖe na mí le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2007 me kple le ƒe 2007 Calendar dzi. Nuxexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi sia nye nu siwo dzɔ, siwo do ƒome kple Yesu ƒe kua, le ŋkeke siwo sɔ ɖe ɣletigbalẽ si míezãna egbea dzi la xexlẽ nu. Ɣletiŋkeke siwo woyɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖiawo me la nɔ te ɖe Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi. Ɣletigbalẽ sia dzea ŋkekea ƒe gaƒoƒowo xexlẽ gɔme tso ɣeɖoto dzi hewua enu ɖe ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ɣeɖoto dzi. Ŋkekewo ƒe gaƒoƒowo xexlẽ alea dzie wozɔ ɖo le ɖoɖowɔwɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽa ŋu me. Mawunyakpukpuiawo xexlẽ kple ŋugbledede le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã si wòɖe fia mí ŋu gbedodoɖatɔe akpe ɖe mía ŋu be Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo naɖe vi na mí bliboe.
3. Aleke míate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo kple ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu be Ŋkuɖodzia naɖe vi na woe?
3 Kpe Amewo Be Woade: February Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia na míenya ale si míakpe amewo etɔxɛe ɖe wɔna vevi sia ŋu. Èwɔ ɖoɖowo xoxo hena gomekpɔkpɔ le amekpekpe tɔxɛ sia mea? Èŋlɔ xɔwò siwo nèɖo be yeakpe ƒe ŋkɔwo ɖi xoxoa, eye èdze wo kpekpe gɔmea? Dze agbagba nàva ɖo kaba le fiẽ si míawɔ Ŋkuɖodzia ale be nàdo dzaa na ame siwo nèkpe kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo katã. Anyo be nànɔ anyi kple ame siwo nèkpe vɛ la ɖekae, eye nàkpɔ egbɔ be Biblia kple hadzigbalẽ le wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Ðe wo fia nɔvi bubuwo le hamea me. Ne wɔnaa wu enu la, dze agbagba nàɖo nyabiase siwo le wo si la ŋu na wo. Kpe wo be woava se dutoƒonuƒo tɔxɛ si woaƒo le April 15 lia dzi. Hamemetsitsiwo nadze agbagba ale si woate ŋui be woakpe ame siwo de ha kple hamea kpɔ gake dzudzɔ gbeadzi kple kpekpewo dede la be woava Ŋkuɖodzia kple nuƒo tɔxɛa siaa.
4. Aleke míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm le Ŋkuɖodzia wɔwɔ vɔ megbe?
4 Kpe Ðe Ðetsɔlemetɔ Yeyewo Kple Ame Siwo Megatsɔa Dzo Ðe Nyateƒea Ŋu O Ŋu Be Woawɔ Ŋgɔyiyi: Nɔviŋutsu si aƒo Ŋkuɖodzi nuƒoa aɖe ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la me kpuie eye wòade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Àte ŋu anɔ te ɖe nuƒola la ƒe nyawo dzi agade dzi ƒo na wò ame kpekpeawo geɖe. Ne ame aɖeke mele Biblia srɔ̃m kpli wo dometɔ aɖewo haɖe o la, kpɔ egbɔ be yetrɔ yi wo gbɔ le ŋkeke ʋɛ aɖewo le Ŋkuɖodzia megbe, eye nàɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo femaxee ƒe ɖoɖoa me na wo ahawɔe afia wo. Be woate ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe le gbɔgbɔ me la, ehiã hã be woanɔ hame ƒe kpekpewo dem. (Heb. 10:24, 25) Eya ta de dzi ƒo na wo be woanɔ kpekpeawo dem edziedzi. Ele be hamemetsitsiwo nasrã Kristotɔ siwo gbɔdzɔ gake wova Ŋkuɖodzia la akpɔ, eye woade dzi ƒo na wo be woadze agbagba awɔ ɖe nya siwo wose le nuƒoa me dzi. Esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woagate hadede kple hamea bliboe ake.
5. Ŋusẽ kae gomekpɔkpɔ le Ŋkuɖodzia me ado mí?
5 Ŋkuɖodzia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míabu nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu nyuie. Ŋugbledede alea awɔe be míaƒe lɔlɔ̃ na wo nade to ɖe edzi eye wòaʋã mí hã be míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. (Kor. II, 5:14, 15; Yoh. I, 4:11) Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo siaa, míanɔ dzadzram ɖo ɖe wɔna vevi sia si míetsɔ ɖea ‘gbeƒã Aƒetɔ la ƒe kuae’ ŋu.—Kor. I, 11:26.