Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo Míaɖu
Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzia le April 12 lia Dzi
1. Mɔ siwo dzi Mawu ƒe amewo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe tafea ŋu le la dometɔ ɖeka ɖe?
1 “Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!” (Kor. II, 9:15) Nya siawo ɖe alesi míesena le mía ɖokui me le Mawu ƒe dɔmenyonyo kple amenuveve si wòɖena fiana eƒe amewo to Via, Yesu Kristo, dzi la fia. Míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ sia afia etɔxɛe ne míeva kpe ɖekae le April 12 lia dzi hena Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu.
2. Amekawoe wɔa ɖeka kple Yehowa subɔlawo le Ŋkuɖodzia ɖuɖu me, eye nukae wòle be woawɔ be tafea naɖe vi na wo?
2 Ame bubu siwo ade miliɔn ewo wɔa ɖeka kple Yehowa subɔlawo ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia ɖuɖu me. Wotoa esia dzi ɖea woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe Kristo ƒe tafevɔsa ŋu. Ke hã, ele be woaɖe tafea dzixɔxɔse afia hafi wòaɖe vi na wo. (Yoh. 3:16, 36) Aleke míawɔ akpe ɖe wo ŋu be woaɖe xɔse sia afia? Le Ŋkuɖodziɖuɣi sia la, míate ŋu ado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpli wo ɖe wo gbɔ eye míade dzi ƒo na wo be woade hamea ƒe kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa. Mina míalé ŋku ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ŋu.
3. Aleke míate ŋu adze Bibia-nusɔsrɔ̃ gɔme ne míele amewo kpem na Ŋkuɖodzia?
3 Biblia-nusɔsrɔ̃: Ne èkpe ɖetsɔlemetɔ aɖewo va Ŋkuɖodzia la, anyo be nàdze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me. Àte ŋu agblɔ nɛ be yedi be yeaɖe Ŋkuɖodziwɔna la me nɛ eye nàʋu agbalẽa ƒe axa 206-8, nàdzro tanya si nye “Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu La—Azã si Dea Bubu Mawu Ŋu” me kplii. Ðewohĩ àte ŋu adzro nyati ma me kplii abe alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e ene, ahawu enu le yiyi zi gbãtɔ alo evelia me. Ne miewu nyati ma me dzodzro nu vɔ la, anɔ eme be amea alɔ̃ be yeadzro agbalẽa ƒe ta 5 lia si ƒe tanyae nye “Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake” me. Ne Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi ƒe ɖoɖoa nya li ke ko la, mitrɔ dze nusɔsrɔ̃a gɔme tso agbalẽa ƒe ta gbãtɔ dzi.
4. Amekawo gbɔe míate ŋu ado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖo le Ŋkuɖodziɖuɣi sia?
4 Amekawo gbɔe míate ŋu ado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖo to mɔnu sia zazã me? Ðewohĩ ate ŋu anye wò dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, alo aƒelikawo. Anyo be nɔviŋutsuwo nate ɖe ŋutsu dzimaxɔsetɔ siwo srɔ̃wo nye nɔvinyɔnuwo le hamea me hã ŋu. Azɔ hã mègaŋlɔ nusɔsrɔ̃a dodo ɖe wò ƒometɔ siwo menye Ðasefo o gbɔ la be o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míadze agbagba etɔxɛe akpe amesiwo dea ha kple hamea edziedzi tsã la na Ŋkuɖodzia. (Luka 15:3-7) Mina míadze agbagba akpe ɖe amesiawo katã ŋu be tafea naɖe vi na wo.
5. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo be woade hamea ƒe kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa?
5 Hamea ƒe Kpekpewo: Ŋkuɖodziae nye kpekpe gbãtɔ si Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ geɖe dena. Ke aleke míate ŋu ade dzi ƒo na wo be hamea ƒe kpekpe bubuawo hã naɖe vi na wo? April 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖo aɖaŋu sia le eƒe axa 8 lia be: “Yɔ dutoƒonuƒo si woagaƒo la ƒe tanya na wo. Tsɔ nyati si míasrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me fia wo. Ƒo nu tso alesi míewɔa Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea ŋu na wo. Ne èxɔ dɔ aɖe le sukua me la, ɖewohĩ àte ŋu ato eme woase. Ƒo nu tso nya vevi siwo wogblɔ le kpekpeawo me ŋu na wo. Zã foto siwo dzena le míaƒe agbalẽwo me nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusi ŋutɔŋutɔ yia edzi le kpekpeawo me. Kpe wo tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔa wɔɣi ke be woade kpekpeawo.”
6. Mɔ eve kawo nue míate ŋu akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu le be tafea naɖe vi na wo?
6 Ne wosrɔ̃ Biblia kple dzianukwaretɔwo edziedzi eye wodea hamea ƒe kpekpewo ɣesiaɣi la, zi geɖe la wowɔa gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi kabakaba. Eyata mina míade dzi ƒo na amewo woakpɔ gome le gbɔgbɔmeɖoɖo siawo me eye be Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake—si nye tafea—naɖe vi na wo.