“Minɔ Esia Wɔm” Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 5 Lia Dzi
1. Nu ka tae Ŋkuɖodzia dede le vevie?
1 “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Nya mawoe Yesu gblɔ tsɔ de se na eyomedzelawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe vɔsakua dzi. Le nu siwo katã tafevɔsa la wɔ na mí ta la, ŋkeke aɖeke megali si le vevie eye asixɔxɔ le eŋu na Kristotɔwo abe Ŋkuɖodzi si míewɔna ƒe sia ƒe la ene o. Esi ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzi si míaɖu le April 5 lia dzi la le aƒe tum la, aleke míaɖee afia Yehowa be míenye akpedalawo?—Kol. 3:15.
2. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu afia to nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede me?
2 Dzra Ðo: Zi geɖe la, míedzrana ɖo ɖe nu siwo míebua nu veviwoe ŋu. Nu si míate ŋu awɔ atsɔ adzra míaƒe dziwo ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋue nye be míadzro nu siwo dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo me la me abe ƒome ene eye míade ŋugble le wo ŋu. (Ezra 7:10) Mawunyakpukpui siwo míate ŋu axlẽ la dometɔ aɖewo dze le míaƒe ɣletigbalẽa kple Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me, gake kpukpuiawo katã kloe kple Ame Vevitɔ Kekeake gbalẽa ƒe ta siwo me wodzro wo me le la dze, le February 1, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23-24.
3. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu afia ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wu?
3 Ðe Gbeƒã: Míagate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. (Luka 6:45) Míadze dɔ tɔxɛ aɖe gɔme le xexea me godoo tso Memleɖagbe, March 17 lia dzi, atsɔ akpe amewo na Ŋkuɖodzia. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàzã ɣeyiɣi geɖe wu le subɔsubɔdɔa me, ɖewohĩ nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã? Ðe manyo be miadzro nya sia me le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi si gbɔna me oa?
4. Vi kawoe Ŋkuɖodzia dede aɖe na míi?
4 Ne míede Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe la, eɖea vi na mí ŋutɔ! Ŋugbledede le ale si Yehowa nyo dɔme na mí esi wòtsɔ eƒe Tenuvi la na ɖe mía ta ŋu nana lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la gadzina ɖe edzi eye míekpɔa dzidzɔ geɖe wu. (Yoh. 3:16; 1 Yoh. 4:9, 10) Esia ƒonɛ ɖe mía nu be míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo azɔ o. (2 Kor. 5:14, 15) Eʋãa mí hã míedina vevie wu be míakafu Yehowa le dutoƒo. (Ps. 102:20-22) Vavãe, mí Yehowa subɔla siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la míele mɔ kpɔm na mɔnukpɔkpɔ si asu mía si le Ŋkuɖodzi si míawɔ le April 5 lia dzi la vevie ŋutɔ be ‘míaɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe kua.’—1 Kor. 11:26.