Mina Míada Akpe Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 17 Dzi
1. Seselelãme kae hakpalaa ɖe gblɔ si sɔ ŋutɔ le Ŋkuɖodziɖuɣia me?
1 Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple xɔname ʋã hakpala la wòbia be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?” (Ps. 116:12) Egbea la, susu geɖe wu li siwo tae wòle be Mawu subɔlawo nada akpe nɛ ɖo. Ƒe alafa geɖe le hakpalaa ƒe nya siawo ŋɔŋlɔ megbe la, Yehowa na nunana gãtɔ kekeake ameƒomea—eyae nye tafe la. Esi míele dzadzram ɖo be míaɖo ŋku Kristo ƒe kua dzi le April 17 dzi la, susu nyuiwo li siwo tae wòle be míada akpe na Mawu ɖo.—Kol. 3:15.
2. Susu siwo tae míekpɔa ŋudzedze ɖe tafea ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
2 Yayra Siwo Tafea Na Míekpɔna: Le tafea ta la, wotea ŋu ‘tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí.’ (Kol. 1:13, 14) Esia ʋua mɔ na mí be míade ta agu na Yehowa kple dzitsinya dzadzɛ. (Heb. 9:13, 14) Míate ŋu aƒo nu na Yehowa faa ne míete ɖe eŋu le gbedodoɖa me. (Heb. 4:14-16) Agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ƒe mɔnukpɔkpɔ su ame siwo xɔ tafea dzi se la si!—Yoh. 3:16.
3. Aleke míate ŋu ɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?
3 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia: Mɔ ɖeka aɖe si dzi míato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ye nye be míaxlẽ Ŋkuɖodzi ƒe Biblia xexlẽa gbe sia gbe eye míade ŋugble le eŋu. Wotrɔ asi le nyati si ƒe tanyae nye, “Èle Dzadzraɖoɖi Na Ŋkeke Vevitɔ Kekeake Le Ƒea Mea?” si dze le February 1, 2011, ƒe Gbetakpɔxɔ me ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. Nu bubu si míagate ŋu awɔe nye be míado gbe ɖa na Yehowa tso dzi me ahagblɔ ale si gbegbe míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu nɛ. (1 Tes. 5:17, 18) Ne míewɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi ale be míede Ŋkuɖodzia la, míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu. (1 Kor. 11:24, 25) Gakpe ɖe eŋu la, ne míekpe ame geɖe ale si nu míate ŋui be woade Ŋkuɖodzia kpli mí la, anye lɔlɔ̃ gã si Yehowa yia edzi ɖena fiana la sɔsrɔ̃.—Yes. 55:1-3.
4. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?
4 Yehowa subɔla siwo nye akpedalawo mabu Ŋkuɖodzia abe hame ƒe kpekpe bubu aɖe ko ene o. Eyae nye kpekpe vevitɔ kekeake le ƒea me! Esi Ŋkuɖodzia le aƒe tum la, mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ nu abe hakpalaa ene, ame si ŋlɔ bena: ‘Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!’—Ps. 103:2.