Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Míaɖu ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia le Dzoɖa, April 2 lia dzi. Hamemetsitsiwo nelé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu.
◼ Ne miele ɣeyiɣi ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Ele be miana ame sia me, nuƒolaa hã, nanya ɣeyiɣia kple teƒe si tututu wɔnaa ayi edzi le.
◼ Midi abolo kple wein si sɔ eye mitsɔ wo va teƒea do ŋgɔ.—Mikpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003, axa 14-15.
◼ Mitsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kple kplɔ̃ kpakple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ va akpata la me eye miɖo wo ɖe wo nɔƒe do ŋgɔ. Hafi nuƒoa nadze egɔme la, ele be woaɖe avɔ si wotsɔ tsyɔ kpɔɖeŋunuawo dzi la ɖa.
◼ Hamemetsitsiwo nado ŋgɔ ato March 2004 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3, memama 3 va se ɖe 5 me ne wole Fiaɖuƒe Akpata alo afi si woakpe ta le na Ŋkuɖodzia ɖuɖu dzram ɖo be woada asɔ le esia me. Ele be miadzra teƒea ɖo do ŋgɔ wòanɔ dzadzɛ.
◼ Mitia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple ame siwo atsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae la do ŋgɔ eye miafia wo ale si woawɔ woƒe dɔwoe kple ɖoɖo nyuitɔ si nu woawɔe ɖo, kpakple ale si wòhiã be woƒe awudodo nasɔ nyuie.
◼ Miwɔ ɖoɖo miatsɔ kpɔɖeŋunuawo ayi na amesiamina ɖe sia ɖe si megale lãmesẽ me o eye mate ŋu ava o la hã.
◼ Ne miewɔ ɖoɖo be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ele be hame si do ŋgɔ nakpɔ egbɔ be wɔnaa nagagbɔ game dzi o. Hameawo nawɔ nu aduadu ale be amewo nagava sɔ gbɔ ɖe teƒea loo alo agboa nu, afɔtoƒe, kple ʋutɔɖoƒea fũu akpa o.