Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Hamemetsitsiwo nelé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu atsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu:
◼ Mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Midi abolo kple wain si sɔ eye mitsɔ wo va teƒea do ŋgɔ.—Mikpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003, axa 14-15.
◼ Mitsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kple kplɔ̃ kpakple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ va akpata la me eye miɖo wo ɖe wo nɔƒe do ŋgɔ.
◼ Ele be miadzra Fiaɖuƒe Akpataa alo teƒe bubu ɖe sia ɖe si miakpe ta le la ɖo nyuie do ŋgɔ.—km 3/04, axa 3, mm. 3-5.
◼ Mitia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple ame siwo atsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae la do ŋgɔ eye miafia ale si woawɔ woƒe dɔwoe kple ɖoɖo nyuitɔ si nu woawɔ wo ɖo, kpakple ale si wòhiã be woƒe awudodo nasɔ nyuie la wo.
◼ Miwɔ ɖoɖo miatsɔ kpɔɖeŋunuawo yi na amesiamina ɖe sia ɖe si megale lãmesẽ me o eye mate ŋu ava o la.
◼ Ne miewɔ ɖoɖo be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ele be hameawo nawɔ nu aduadu ale be amewo nagava sɔ gbɔ ɖe teƒea loo alo agboa nu, afɔtoƒe, kple ʋutɔɖoƒea fũu akpa o.
◼ Ne woawɔ kpekpea le teƒe bubu aɖe la, mikpɔ egbɔ be nuƒomɔ nyui li bene vavalawo katã nase nyawo nyuie.