INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/09 axa 1
  • Ðe Gbeƒã Kple Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Gbeƒã Kple Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gbeƒã Veviedodotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Vevienyenye Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu Nanɔ Mía Si Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • “Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 12/09 axa 1

Ðe Gbeƒã Kple Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu!

1. Paulo ƒe nuxlɔ̃ame ka ŋue wòle be míalé ŋku ɖo vevie egbea?

1 “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie.” (2 Tim. 4:2) Nu ka tae Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia le vevie le míaƒe ɣeyiɣi sia me? Ŋusẽ kae nya siawo ate ŋu akpɔ ɖe míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ƒe agbe dzi?

2. Nu ka tae míedia ame siwo mekpɔ se nya nyui la haɖe o la veviedodotɔe?

2 Amewo Ƒe Agbe Le Afɔku Me: Ame miliɔn geɖewo le xexea me, siwo mekpɔ se nya nyui si ana ɖeɖe wo la haɖe o. (Rom. 10:13-15; 1 Tim. 4:16) Gbeƒãɖelawo le kekem ɖe ame geɖe siwo le to ɖom nya nyuia ŋu le anyigbamama siwo me woɖe gbeƒã le zi gbɔ zi geɖe la gɔ̃ hã me. Ne míeyia aƒewo me le ŋkeke bubu dzi, alo le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi bubu me la, ɖewohĩ míake ɖe aƒemenɔla bubu ŋu. Amewo didi veviedodotɔe alea awɔe be dzitsinya dzadzɛ nanɔ mía si, eye míaɖi ʋufɔ o.—Dɔw. 20:26.

3. Alekee míate ŋu awɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie le gbeadzi?

3 Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la do go tsitretsiɖeŋu vevie hã la, ‘wotsɔ woƒe nufiafia yɔ Yerusalem.’ (Dɔw. 5:28) Ðe míawo hã míeɖoe kplikpaa be “míaɖi ɖase tsitotsito” nenema kea? (Dɔw. 10:42) Ðe míewɔa ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie ne míele gbeadzia? Ne míele lalam esime gbeƒãɖela bubuwo le tɔtrɔyi wɔm la, ɖe míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖase na ame siwo tso eme va yina?

4. Alekee gbeƒãɖeɖe kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ?

4 Ale Si Míawɔ Anɔ Ŋudzɔ Geɖe Wu: Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ ta la, ele vevie be míanɔ ŋudzɔ ahanɔ mo xexi. (1 Tes. 5:1-6) Nuƒoƒo tso Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na amewo edziedzi wɔnɛ be nuɖoanyi sia metea míaƒe dzi ɖe to o. (Luka 21:34-36) Eye ne míeyi edzi na ‘míaƒe susu nɔa’ Yehowa ƒe ŋkekea dzi la, eʋãa mí míedzia míaƒe ŋutete ɖe edzi le gbeƒãɖeɖedɔ sia si axɔ amewo ɖe agbe la wɔwɔ me.—2 Pet. 3:11, 12.

5. Alekee bubudede agbe ŋu doa ŋusẽ mí ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu?

5 Ne míeɖe gbeƒã kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu la, míeɖea nukpɔsusu si le Yehowa si ku ɖe agbe ŋu la fiana, elabena “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.” (2 Pet. 3:9; Eze. 33:11) Mina míaɖoe kplikpaa be míaɖe gbeƒã na ame geɖe ale si nu míate ŋui le míaƒe anyigbamama me bene wòahe kafukafu avae na Yehowa!—Ps. 109:30.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe