INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/15 axa 1
  • Ðe Nèle Dzadzram Ðo Na Ŋkuɖodzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle Dzadzram Ðo Na Ŋkuɖodzia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Dzadzram Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋua?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Tsɔ Dzi Kpɔdzidzɔ Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 3/15 axa 1

Ðe Nèle Dzadzram Ðo Na Ŋkuɖodzia?

Nisan 13 lia, ƒe 33 K.Ŋ. dzie. Yesu nya be egasusɔ zã mamlɛtɔ si yeanɔ ye xɔlɔ̃ veviwo gbɔ hafi woawu ye. Zã ma mee wòaɖu Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ kpli wo, eye wòaɖo wɔna yeye aɖe anyi si nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la. Ele vevie be woadzra ɖo ɖe wɔna vevi ma ŋu. Eya ta edɔ Petro kple Yohanes be woayi aɖadzra teƒea ɖo ahadi nu siwo hiã. (Luka 22:7-13) Tso ɣemaɣi la, ehiãna ƒe sia ƒe be Kristotɔ siwo le Ŋkuɖodzia ɖu ge la nadzra ɖo nyuie ɖe wɔna vevi sia ŋu. (Luka 22:19) Nu vevi kawoe míawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu le April 3 lia dzi?

Nu Siwo Hamemetsitsiwo Awɔ Atsɔ Adzra Ðo:

  • Miwɔ ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒe Akpata alo teƒe bubu si sɔ si miazã la ŋu. Mikpɔ egbɔ be zikpui agbɔsɔsɔ si asu kple akaɖi nanɔ teƒea, eye ya hã nanɔ teƒea nyuie. Miwɔ ɖoɖo be woadzra teƒea ɖo nyuie wòanɔ dzadzɛ do ŋgɔ.

  • Mitia nuƒola si dze, zimenɔla kple nɔviŋutsu siwo ado gbe ɖa hafi woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae.

  • Ne hame bubu ava ɖe mia yome la, ke miwɔ ɖoɖo nyuie ɖe gamea, ɣeyiɣi si nɔviwo ado le akpataa me be ame bubuwo nage ɖe eme, kple ale si woatɔ ʋu ɖii ŋu.

  • Mide dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple ame siwo atsɔ nuawo atsae.

  • Midee asi na nɔvi aɖewo woadi kpɔɖeŋunu siwo sɔ, agba kple wainkplu siwo asu, kplɔ̃ kple kplɔ̃dzivɔ si sɔ.

Nu Siwo Gbeƒãɖelawo Awɔ Atsɔ Adzra Ðo:

  • Wɔ ɖoɖo nàkpɔ gome le amewo kpekpe na Ŋkuɖodzia me bliboe.

  • Ŋlɔ Biblia nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo kple ame nyanyɛ bubu siwo katã nàdi be yeakpe la ƒe ŋkɔwo ɖi eye nàkpe wo hã.

  • Xlẽ Ŋkuɖodzi ƒe Biblia xexlẽa eye nàde ŋugble le eŋu.

  • Va Ŋkuɖodzia kaba eye nàxɔ vavalawo nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe