INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 March axa 5
  • Èle Dzadzram Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èle Dzadzram Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋua?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawoe Makpe?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • “Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • “Minɔ Esia Wɔm” Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 5 Lia Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 March axa 5
Petro kple Yohanes le abolo kple kpluwo ɖom ɖe kplɔ̃ dzi.

Petro kple Yohanes le dziƒoxɔa me dzram ɖo na ƒe 33 K.Ŋ. Ŋutitotoŋkekenyuia.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Èle Dzadzram Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋua?

Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ si Yesu ɖua nɔ etɔxɛ ŋutɔ. Esi eƒe kuɣi nɔ ɖoɖom taa, eɖoe be yeaɖu Ŋutitotoa kple yeƒe apostoloawo ne yeaɖo wɔna vevi bubu aɖe si woanɔ wɔwɔm ƒe sia ƒea anyi, si nye Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua. Eya ta edɔ Petro kple Yohanes be woavae dzra xɔa me ɖo. (Lk 22:7-13; kpɔ foto si le akpaa dzi.) Esia na míekpɔe be ele be míadzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu le March 27 lia dzi. Míeka ɖe edzi be hamewo wɔ ɖoɖo ɖe nuƒolaa, kpɔɖeŋunuawo, kple bubuawo ŋu xoxo. Ke hã, nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu?

Dzra wò dzi ɖo. Xlẽ Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽa eye nàde ŋugble le eŋu. Àte ŋu akpɔ eƒe ɖoɖowɔɖia le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me. Eƒe ɖoɖowɔɖi tɔxɛ aɖe hã le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenya B12 me. (Kpɔ Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ April 2020 tɔ hã.) Ƒomewo ate ŋu adi nyatakaka siwo ku ɖe tafea ƒe vevienyenye ŋua le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo alo habɔbɔa ƒe numekugbalẽ bubuwo me, eye woadzro wo me le woƒe ƒometadedeagu me.

Ƒome aɖe le nu me dzrom tso Ŋkuɖodzia ŋu le woƒe ƒometadedeagu me.

Kpe amewo. Kpe ame geɖe ale si nàte ŋui. Kpɔe ɖa be ame kawoe yeate ŋu akpe hã; ate ŋu anye ame siwo nèɖi ɖase na va yi, Biblia nusrɔ̃vi xoxowo, wò ame nyanyɛwo, kple ƒometɔwo. Ele be hamemetsitsiwo nakpɔ egbɔ be yewokpe ame siwo dzudzɔ gbeadzi alo kpekpeawo dede. Ne èdi hã be yeakpe ame aɖe si mele miaƒe nutoa me oa, àte ŋu akpɔ gamea kple teƒe si woawɔ Ŋkuɖodzia le le afi si wòle ne èyi jw.org gɔmedzeƒea ƒe afi si nye MÍA ŊU NYAWO, eye nètia “Ŋkuɖodzi.”

Hamemetsitsi eve vae srã nɔviŋutsu aɖe si megadea kpekpeawo o kpɔ, eye wokpee na Ŋkuɖodzia.

Nu bubu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe