Kwasiɖa, October 19
[Miɖi] miaƒe ɖɔawo [miaɖe] lã.—Luka 5:4.
Yesu wɔ nu bubu aɖe tsɔ ɖo kpe edzi na apostolo Petro be Yehowa alé be nɛ. Esi Petro kple apostolo bubuawo yi tɔƒoa, Yesu gana woɖe lã nukutɔe. (Yoh. 21:4-6) Ðikeke mele eme o be, nukunu sia na Petro ka ɖe edzi be ele bɔbɔe ŋutɔ be Yehowa nakpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Ðewohĩ esia na wòɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be Yehowa akpɔ ame siwo le ‘Fiaɖuƒea dim gbã’ ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woa dzi. (Mat. 6:33) Esiawo katã kpe ɖe Petro ŋu wòtsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, ke menye lãɖeɖedɔa o. Dzi nɔ eƒo wòɖe gbeƒã le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi eye esia ʋã ame akpe geɖe woxɔ nya nyuia. (Dɔw. 2:14, 37-41) Emegbe ekpe ɖe Samariatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo ŋu wova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 8:14-17; 10:44-48) Le nyateƒe mea, Yehowa zã Petro le mɔ geɖe nu tsɔ he ame ƒomevi vovovowo va hamea me. w23.09 20 ¶1; 23 ¶11
Dzoɖa, October 20
Ne mielĩ drɔ̃e la heɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛe.—Dan. 2:5.
Anɔ abe ƒe eve ene tso esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem la, Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e tso legba gã aɖe ŋu, si na vɔvɔ̃ ɖoe. Ebia tso eƒe nunyalawo si be woalĩ drɔ̃ea ahaɖe egɔme na ye, ne menye nenema oa, yeawu wo; Daniel hã le eme. (Dan. 2:3-5) Ehiã be Daniel nawɔ nu kpata, ne menye nenema oa, ame geɖe aku. Eya ta ‘eyi fia la gbɔ ɖabiae be wòana ɣeyiɣi ye, ne yeaɖe drɔ̃ea gɔme nɛ.’ (Dan. 2:16) Esia ɖee fia be dzi nɔ Daniel ƒo eye xɔse sẽŋu nɔ esi, elabe nuŋlɔɖi aɖeke meɖee fia be Daniel ɖe drɔ̃ewo gɔme kpɔ o. Ebia tso eƒe zɔhɛwo si be “woado gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ta.” (Dan. 2:18) Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu. Ekpe ɖe Daniel ŋu wòte ŋu ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔme. Esia na womewu Daniel kple eƒe zɔhɛawo o. w23.08 2-3 ¶4
Braɖa, October 21
Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.—Mat. 24:13.
Bu nu siwo ado tso eme ne míegbɔa dzi ɖi ŋu. Ne míegbɔa dzi ɖia, míekpɔa dzidzɔ eye míeɖea dzi ɖi. Esia wɔnɛ be míenɔa lãmesẽ me eye míaƒe susu dzea akɔ anyi. Ne míegbɔa dzi ɖi na amewoa, mía kpli wo dome nɔna nyuie, eye ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mía, míagbɔ dzi ɖi eye míana nyaa nagblẽ ɖe edzi o. (Ps. 37:8, etenuŋɔŋlɔ; Lod. 14:29) Gake vevietɔ wua, míele mía Fofo si le dziƒo srɔ̃m eye míegatena ɖe eŋu geɖe wu. Dzigbɔɖi nye nɔnɔme nyui aɖe si ɖea vi na mí katã! Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míagbɔ dzi ɖi o, gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi edzi atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Esi míele lalam dzigbɔɖitɔe be xexe yeyea navaa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve.” (Ps. 33:18) Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa agbɔ dzi ɖi. w23.08 22 ¶7; 25 ¶16-17