Dzoɖa, October 20
Ne mielĩ drɔ̃e la heɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛe.—Dan. 2:5.
Anɔ abe ƒe eve ene tso esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem la, Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e tso legba gã aɖe ŋu, si na vɔvɔ̃ ɖoe. Ebia tso eƒe nunyalawo si be woalĩ drɔ̃ea ahaɖe egɔme na ye, ne menye nenema oa, yeawu wo; Daniel hã le eme. (Dan. 2:3-5) Ehiã be Daniel nawɔ nu kpata, ne menye nenema oa, ame geɖe aku. Eya ta ‘eyi fia la gbɔ ɖabiae be wòana ɣeyiɣi ye, ne yeaɖe drɔ̃ea gɔme nɛ.’ (Dan. 2:16) Esia ɖee fia be dzi nɔ Daniel ƒo eye xɔse sẽŋu nɔ esi, elabe nuŋlɔɖi aɖeke meɖee fia be Daniel ɖe drɔ̃ewo gɔme kpɔ o. Ebia tso eƒe zɔhɛwo si be “woado gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ta.” (Dan. 2:18) Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu. Ekpe ɖe Daniel ŋu wòte ŋu ɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔme. Esia na womewu Daniel kple eƒe zɔhɛawo o. w23.08 2-3 ¶4
Braɖa, October 21
Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.—Mat. 24:13.
Bu nu siwo ado tso eme ne míegbɔa dzi ɖi ŋu. Ne míegbɔa dzi ɖia, míekpɔa dzidzɔ eye míeɖea dzi ɖi. Esia wɔnɛ be míenɔa lãmesẽ me eye míaƒe susu dzea akɔ anyi. Ne míegbɔa dzi ɖi na amewoa, mía kpli wo dome nɔna nyuie, eye ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mía, míagbɔ dzi ɖi eye míana nyaa nagblẽ ɖe edzi o. (Ps. 37:8, etenuŋɔŋlɔ; Lod. 14:29) Gake vevietɔ wua, míele mía Fofo si le dziƒo srɔ̃m eye míegatena ɖe eŋu geɖe wu. Dzigbɔɖi nye nɔnɔme nyui aɖe si ɖea vi na mí katã! Menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi be míagbɔ dzi ɖi o, gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi edzi atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Esi míele lalam dzigbɔɖitɔe be xexe yeyea navaa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be “Yehowa ƒe ŋku le ame siwo vɔ̃nɛ la ŋu, ame siwo kpɔa mɔ na eƒe amenuveve.” (Ps. 33:18) Neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa agbɔ dzi ɖi. w23.08 22 ¶7; 25 ¶16-17
Kuɖa, October 22
Xɔse . . . ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.—Yak. 2:17.
Yakobo gblɔ be ame aɖe ate ŋu asusu be xɔse le ye si, gake ɖe wòdze le eƒe dɔwɔwɔwo mea? (Yak. 2:1-5, 9) Azɔ hã, Yakobo ƒo nu tso ame aɖe si kpɔ nɔvia si si ‘nuɖuɖu alo awu mele o’ gake mewɔ naneke tsɔ kpe ɖe eŋu oa ŋu. Ne ame ma susu be xɔse le ye si gɔ̃ hã, meɖee fia le eƒe dɔwɔwɔwo me o. (Yak. 2:14-16) Yakobo he susu yi Rahab dzi be enye ame si to eƒe dɔwɔwɔwo me ɖee fia be xɔse le ye si. (Yak. 2:25, 26) Rahab se nu tso Yehowa ŋu eye wòkpɔe be enɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu. (Yos. 2:9-11) Exɔ Yehowa dzi se eye wòɖee fia to eƒe dɔwɔwɔwo me. Eɣla Israel-vi ŋkutsalawo esime woƒe agbe ɖo afɔku me. Esia ta Mawu bu nyɔnu sia si nye ame madeblibo eye menye Israel-vi o la be enye ame dzɔdzɔe, abe ale si wòbu Abraham ene. Rahab ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ele vevie be míatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu. w23.12 5-6 ¶12-13