Dzoɖa, September 1
Agudzedze [atso] dziƒo ava kpɔ mí ɖa.—Luka 1:78.
Mawu na ŋusẽ Yesu be wòakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. Nukunu siwo Yesu wɔ ɖo kpe edzi be ate ŋu akpɔ kuxi siwo katã ɖe kpe na amegbetɔwo, siwo womele ta kpɔm na oa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ le Yesu si be wòaɖe mí tso nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã tso, si nye nu vɔ̃, si he dɔléle kple ku vɛ si me. (Mat. 9:1-6; Rom. 5:12, 18, 19) Nukunu siwo Yesu wɔa ɖo kpe edzi hã be ate ŋu ada dɔléle ‘ɖe sia ɖe ƒomevi’ eye wòafɔ ame siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mat. 4:23; Yoh. 11:43, 44) Ŋusẽ le esi hã be wòana ahomya sesẽwo nu nafa, eye wòana amewo navo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Marko 4:37-39; Luka 8:2) Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be Yehowa na ŋusẽ sia gbegbe Via Yesu! Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu nyui siwo ŋugbe Mawu do be Fiaɖuƒea awɔa, ava eme godoo. Nukunu siwo Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi na míekpɔe be esi wòva nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo ta, awɔ geɖe wu. w23.04 3 ¶5-7
Braɖa, September 2
Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔ, edzroa keke Mawu ƒe nu goglowo ke hã me.—1 Kor. 2:10.
Ne èle hame si lolo me eye nèse le ɖokuiwò me be womeyɔa ye ne yedo asi ɖe dzi oa, ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò. Gake mègana ta o. Dzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu hafi nàde kpekpe ɖe sia ɖe. Esia awɔe be ne womeyɔ wò le gɔmedzedzea me o hãa, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi be woayɔ wò emegbe. Ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋua, bu ale si memama ɖe sia ɖe do ka kple nyatia ƒe tanyaa ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo nya ŋu le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa sia akpa. Azɔ hã àte ŋu adzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le memama siwo ƒo nu tso Biblia ƒe nufiafia goglowo ŋu me. Nu ka tae? Elabe ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo koe ado asi ɖe dzi le afi ma. Ke ne ède dzesii be kwasiɖa aɖewoe nye esia womegayɔ ye kpɔ be yeaɖo nya ŋu o ya ɖe? Àte ŋu ana nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla nanya memama si ƒe biabia ŋu nèdi be yeaɖo. w23.04 21-22 ¶9-10
Kuɖa, September 3
[Yosef wɔ] abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me.—Mat. 1:24.
Yosef lɔ̃ faa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi, eye esia na wònye srɔ̃ŋutsu nyui. Edzɔ zi etɔ̃ ya teti be Mawu nae mɔfiame ku ɖe eƒe ƒomea ŋu. Eye le wo katã mea, Yosef ɖe afɔ enumake, togbɔ be esia bia be wòawɔ tɔtrɔ gãwo gɔ̃ hã. (Mat. 1:20; 2:13-15, 19-21) Esi Yosef wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzia, esia kpe ɖe eŋu be wòkpɔ Maria ta eye wòlé be nɛ. Ale si Yosef wɔ nui anya na Maria galɔ̃e eye wòde bubu eŋu geɖe! Ne srɔ̃ŋutsue nènyea, àte ŋu asrɔ̃ Yosef ne èdzea agbagba be yeadi Biblia me mɔfiamewo ku ɖe ale si yealé be na yeƒe ƒomeae ŋu. Ne èwɔna ɖe mɔfiame mawo dzi, togbɔ be manɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hãa, àɖee afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Nɔvinyɔnu aɖe si le Vanuatu eye wòɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ne srɔ̃nye di Yehowa ƒe mɔfiame eye wòwɔ ɖe edzia, enana megadea bubu eŋu ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye mekana ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.” w23.05 21 ¶5