Braɖa, September 2
Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔ, edzroa keke Mawu ƒe nu goglowo ke hã me.—1 Kor. 2:10.
Ne èle hame si lolo me eye nèse le ɖokuiwò me be womeyɔa ye ne yedo asi ɖe dzi oa, ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò. Gake mègana ta o. Dzra ɖo ɖe nyaŋuɖoɖo vovovowo ŋu hafi nàde kpekpe ɖe sia ɖe. Esia awɔe be ne womeyɔ wò le gɔmedzedzea me o hãa, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi be woayɔ wò emegbe. Ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋua, bu ale si memama ɖe sia ɖe do ka kple nyatia ƒe tanyaa ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo nya ŋu le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa sia akpa. Azɔ hã àte ŋu adzra ɖo be yeaɖo nya ŋu le memama siwo ƒo nu tso Biblia ƒe nufiafia goglowo ŋu me. Nu ka tae? Elabe ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo koe ado asi ɖe dzi le afi ma. Ke ne ède dzesii be kwasiɖa aɖewoe nye esia womegayɔ ye kpɔ be yeaɖo nya ŋu o ya ɖe? Àte ŋu ana nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla nanya memama si ƒe biabia ŋu nèdi be yeaɖo. w23.04 21-22 ¶9-10
Kuɖa, September 3
[Yosef wɔ] abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me.—Mat. 1:24.
Yosef lɔ̃ faa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi, eye esia na wònye srɔ̃ŋutsu nyui. Edzɔ zi etɔ̃ ya teti be Mawu nae mɔfiame ku ɖe eƒe ƒomea ŋu. Eye le wo katã mea, Yosef ɖe afɔ enumake, togbɔ be esia bia be wòawɔ tɔtrɔ gãwo gɔ̃ hã. (Mat. 1:20; 2:13-15, 19-21) Esi Yosef wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzia, esia kpe ɖe eŋu be wòkpɔ Maria ta eye wòlé be nɛ. Ale si Yosef wɔ nui anya na Maria galɔ̃e eye wòde bubu eŋu geɖe! Ne srɔ̃ŋutsue nènyea, àte ŋu asrɔ̃ Yosef ne èdzea agbagba be yeadi Biblia me mɔfiamewo ku ɖe ale si yealé be na yeƒe ƒomeae ŋu. Ne èwɔna ɖe mɔfiame mawo dzi, togbɔ be manɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hãa, àɖee afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Nɔvinyɔnu aɖe si le Vanuatu eye wòɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ne srɔ̃nye di Yehowa ƒe mɔfiame eye wòwɔ ɖe edzia, enana megadea bubu eŋu ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye mekana ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.” w23.05 21 ¶5
Yawoɖa, September 4
Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, ɛ̃, woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.—Yes. 35:8.
Yudatɔ siwo atrɔ agbɔ tso Babilon la ava nye “dukɔ kɔkɔe” na woƒe Mawu Yehowa. (5 Mose 7:6) Gake esia mefia be mahiã be woawɔ tɔtrɔwo be woƒe nu nadze Yehowa ŋu o. Esi wònye Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le taa, wowɔa nu hebua nuwo ŋu abe Babilontɔwo ke ene. Esi Yudatɔwo trɔ yi wo de ƒe geɖe megbea, Nutodziɖula Nehemiya ƒe nu ku esi wòde dzesii be ɖevi siwo wova dzi le Israel la dometɔ aɖeke mese wo degbe si nye Hebrigbea o. (5 Mose 6:6, 7; Neh. 13:23, 24) Esi Hebrigbe me koŋue woŋlɔ Mawu ƒe Nyaa ɖo evɔ ɖeviawo mese gbe ma oa, ke aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woava lɔ̃e eye woasubɔe? (Ezra 10:3, 44) Edze ƒãa be ehiã be Yudatɔ mawo nawɔ tɔtrɔ geɖe. Gake tɔtrɔ mawo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wo wu le Israel, afi si wogbugbɔ le tadedeagu dzadzɛa ɖom anyi le.—Neh. 8:8, 9. w23.05 15 ¶6-7