Kuɖa, September 3
[Yosef wɔ] abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe me.—Mat. 1:24.
Yosef lɔ̃ faa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi, eye esia na wònye srɔ̃ŋutsu nyui. Edzɔ zi etɔ̃ ya teti be Mawu nae mɔfiame ku ɖe eƒe ƒomea ŋu. Eye le wo katã mea, Yosef ɖe afɔ enumake, togbɔ be esia bia be wòawɔ tɔtrɔ gãwo gɔ̃ hã. (Mat. 1:20; 2:13-15, 19-21) Esi Yosef wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzia, esia kpe ɖe eŋu be wòkpɔ Maria ta eye wòlé be nɛ. Ale si Yosef wɔ nui anya na Maria galɔ̃e eye wòde bubu eŋu geɖe! Ne srɔ̃ŋutsue nènyea, àte ŋu asrɔ̃ Yosef ne èdzea agbagba be yeadi Biblia me mɔfiamewo ku ɖe ale si yealé be na yeƒe ƒomeae ŋu. Ne èwɔna ɖe mɔfiame mawo dzi, togbɔ be manɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hãa, àɖee afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Nɔvinyɔnu aɖe si le Vanuatu eye wòɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ne srɔ̃nye di Yehowa ƒe mɔfiame eye wòwɔ ɖe edzia, enana megadea bubu eŋu ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye mekana ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.” w23.05 21 ¶5
Yawoɖa, September 4
Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, ɛ̃, woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.—Yes. 35:8.
Yudatɔ siwo atrɔ agbɔ tso Babilon la ava nye “dukɔ kɔkɔe” na woƒe Mawu Yehowa. (5 Mose 7:6) Gake esia mefia be mahiã be woawɔ tɔtrɔwo be woƒe nu nadze Yehowa ŋu o. Esi wònye Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le taa, wowɔa nu hebua nuwo ŋu abe Babilontɔwo ke ene. Esi Yudatɔwo trɔ yi wo de ƒe geɖe megbea, Nutodziɖula Nehemiya ƒe nu ku esi wòde dzesii be ɖevi siwo wova dzi le Israel la dometɔ aɖeke mese wo degbe si nye Hebrigbea o. (5 Mose 6:6, 7; Neh. 13:23, 24) Esi Hebrigbe me koŋue woŋlɔ Mawu ƒe Nyaa ɖo evɔ ɖeviawo mese gbe ma oa, ke aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woava lɔ̃e eye woasubɔe? (Ezra 10:3, 44) Edze ƒãa be ehiã be Yudatɔ mawo nawɔ tɔtrɔ geɖe. Gake tɔtrɔ mawo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wo wu le Israel, afi si wogbugbɔ le tadedeagu dzadzɛa ɖom anyi le.—Neh. 8:8, 9. w23.05 15 ¶6-7
Fiɖa, September 5
Yehowa léa ame siwo katã le anyi dzem la ɖe te, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu.—Ps. 145:14.
Nublanuitɔea, aleke kee míeɖoe kplikpaa be míaɖo míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o, nanewo ate ŋu ana wòasesẽ na mí. Le kpɔɖeŋu me, ‘nane ate ŋu aɖi ɖe mí’ si awɔe be mímakpɔ ɣeyiɣi si míehiã be míatsɔ aɖo taɖodzinua gbɔ o. (Nyagb. 9:11) Nɔnɔme sesẽ aɖe ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo eye ŋusẽ navɔ le mía ŋu. (Lod. 24:10) Eye esi míede blibo o taa, ate ŋu adzɔ be míawɔ vodada si ana wòasesẽ na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. (Rom. 7:23) Alo nu ate ŋu ati kɔ na mí. (Mat. 26:43) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Ne nane dzɔ si wɔe be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, esia mefia be èdo kpo nu o. Biblia na míenya be kuxiwo ava mía dzi godoo. Gake eka ɖe edzi na mí hã be míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Nyateƒee, ne míekua kutri be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ togbɔ be nanewo ate ŋu ana wòasesẽ hãa, aɖee afia be míedi be míadze Yehowa ŋu. Eye ne Yehowa kpɔ ale si nèle kutri kum be yeaɖo taɖodzinua gbɔa, dzi adzɔe ale gbegbe! w23.05 30 ¶14-15