Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukae Mawɔ be Womaganɔ Fɔ Bum Ɣesiaɣi O?
“Wobua fɔm ɖe nusianu ta ɣesiaɣi. Ne womede ga ʋɔ me o alo wometsi gamle me dzo o alo nane mele eteƒe o alo womewɔ dɔ aɖe o ko la, ke Ramon ƒe vodadae!”—Ramon.
NE ƑEWUIVIE nènye la, ɣeaɖewoɣi awɔ na wò be ye koe wobua fɔe ɖe nusianu kloe kple nu ɖesiaɖe si meyi nyuie o ta. Míelɔ̃ ɖe edzi le nyati aɖe si va yi me be ɣeaɖewoɣi la, dzilawo bua fɔ wo viwo kaba akpa.a Esia ate ŋu atso dzila ƒe dzitsitsi si le dzɔdzɔme nu alo nuteɖeamedzi vevie gbɔ. Susu ka ke tae o, ate ŋu anye vevesese kple ŋukpe na wò be woanɔ fɔ bum wò ɖe nusiwo metso gbɔwò o ta.
Le nyateƒe me la, àda vo ɣeaɖewoɣi le esi nènye ame madeblibo ta. (Romatɔwo 3:23) Gakpe ɖe eŋu la, esi mètsi haɖe o ta la, mèkpɔ nuteƒe abe ame bubuwo ene o. (Lododowo 1:4) Godoo ɣeaɖewoɣi la, màbu nuwo ŋu nyuie o. Eyata ne èda vo la, esɔ eye enyo be woabu fɔ wò ɖe eta.—Nyagblɔla 11:9.
Ke aleke nàwɔ nui ne wobu fɔ wò ɖe nusi nèwɔ ta? Sɔhɛ aɖewo wɔa nu abe ke ɖe wowɔ nu madzɔmadzɔ gã aɖe ɖe wo ŋu ene. Wonyrana toa nyatoƒoe be yewo koe yewo dzilawo bua fɔe ɖe nusianu ta. Nukae va dzɔna? Ne dzi ɖe le dzilawo ƒo la woƒe asi gasẽna ɖe ɖeviawo dzi wu be yewoana woase nu gɔme. Biblia ɖo aɖaŋu sia be: “Bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe. Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:7, 8) Ne èlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi eye nèwɔ tɔtrɔ siwo hiã la, àte ŋu asrɔ̃ nu tso wò vodadawo me.—Hebritɔwo 12:11.
“Adaŋudede” Kple Dzilawo
Gake nya bubu kurae wònye ne wobua fɔ wò ɖe nusiwo metso gbɔwò o ta alo ne wobua fɔ wò madzudzɔmadzudzɔe. Eme kɔ be dɔme ave wò eye nàlé dziku ɖe dɔme. Adzro wò gɔ̃ hã be yeawɔ nu tovo aɖe kple susu be nuka ke yeɖawɔ o woabu fɔ ye tsã. (Nyagblɔla 7:7) Gake dzikunuwɔwɔ ate ɖe amesiame dzi. (Tsɔe sɔ kple Hiob 36:18.) Lododowo 15:22 fia mɔ nyui si dzi woato akpɔ nyaa gbɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” Ẽ, mɔ siwo dzi nàto aɖɔ alesi dziwòlawo wɔa nu ɖe ŋuwò ɖo dometɔ ɖekae nye be nàna woanya alesi nèsena le ɖokuiwò mee.
Gbã la, di ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “egblɔɣi” la. (Lododowo 15:23) Nuŋlɔla Clayton Barbeau ɖo aɖaŋu be: “Di ɣeyiɣi kple afisi amesiame ƒe susu dze akɔ anyi le eye dzi le amesiame dzɔm.” Biblia gaxlɔ̃ nu be: “Gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Eyata dze agbagba nàtsɔ dɔmenyonyo kple amebubu aƒo nui, menye kple dzre o. Mègado dziku o. (Lododowo 29:11) Le esi nàhe nya ɖe dziwòlawo ŋu (‘Nye koe miebua fɔe ɣesiaɣi ne nusianu dzɔ!’) teƒe la, dze agbagba nàgblɔ alesi woƒe fɔbubu wò enuenu ɖea fu na wòe la na wo boŋ. (‘Etena ɖe dzinye vevie ne miebu fɔm ɖe nusi metso gbɔnye o ta.’)—Tsɔe sɔ kple Mose I, 30:1, 2.
Nenema ke wòanɔ ne dziwòlawo do dziku le nugɔmemasemase aɖe ta. Edzɔ kpɔ be Yesu si nye ɖevi la dzilawo bi dzi esi womenya afisi wòyi o. Gake Yesu menyra alo to nyatoƒoe o. Etsɔ gbeɖɔɖɔe ɖe nu me. (Luka 2:49) Nukata màwɔ nu kple dziwòlawo abe ame tsitsi ene ne kuxi aɖe do mo ɖa o? Nyae be esi wotsɔ ɖe le eme na wò tae wodo dziku ɖo! Ðo to amebubutɔe. (Lododowo 4:1) Gbɔ dzi ɖi dziku nu nefa hafi nàte kpɔ be yeagblɔ yeƒe nya.
‘Wò Ŋutɔ Wò Nuwɔnawo Dodo Kpɔ’
Gake nuka koŋ tae dzila aɖewo dina be yewoatso nya me kpatakpata le yewo viwo ŋu nenema? Nyateƒee wònye be ɖevi aɖewo ƒe nuwɔna wɔnɛ ɣeaɖewoɣi be wo dzilawo mekana ɖe wo dzi o. Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” Aleke nèna dziwòlawo bua wòe? Ðe wò “nuwɔwɔ” fia be ‘ètoa mɔ ɖeka’ eye èɖoa mo vevi alo be mètsɔa ɖeke le naneke me o eye mèléa be na nu oa? Ne biabia mamlɛtɔ ye ku ɖe ŋuwò la, ke megawɔ nuku na wò ne wobu nya siwo mesɔ ɖe ŋuwò o. Ramon, ɖekakpui si míeyɔ va yi la gblɔ tso edzilawo ƒe fɔbuame ŋu be: “Ele be mato nyateƒe. Wo tɔ dzɔna ɣeaɖewoɣi ne womeka ɖe dzinye o.”
Ne nenemae wòle le gowòme la, nusi ko wòle be nàwɔe nye be nàɖɔ wò nɔnɔme ɖo bene woaŋlɔ wò tsã gbenɔnɔ be. Ne wò agbenɔnɔ va fia be woate ŋu aka ɖe dziwò eye be èléa be na nu la, ʋeʋeʋe la, àte ŋu ana dziwòlawo nakpɔe be ètrɔ eye woate ŋu aɖo ŋu ɖe ye ŋu.
Nusi me Ramon to la ɖe esia fia. Le alesi wòŋlɔa nu be ta la, exɔlɔ̃wo kple eƒe ƒomea me tɔwo na megbeŋkɔe vividoɖeameŋutɔe be enye nufialagã si ŋlɔa eɖokui be. Ðe dziwòlawo tsɔ ŋkɔ manyomanyo aɖe na wò abe “vi fẽ” alo “bemalénanula” enea? Abe alesi nuŋlɔla Kathleen McCoy gblɔe ene be dzilawo te ŋu tsɔa ŋkɔ mawo na wo kple susu be “woaɖe nugbegblẽa ɖe go ale be ƒewuivia nakpɔe eye wòatrɔ.” Gake le nyateƒe me la, ɖeko ŋkɔ mawo na dzi kua ame vevie. Ke hã la, Ramon va kpɔe be megbeŋkɔa ɖe vi aɖe. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Nu ɖeka ŋu koe nye susu nɔna ɣesiaɣi, eyata meŋlɔa safui alo nye sukudɔdasi kple aƒemedɔwo wɔwɔ be.”
Eyata Ramon va dze tɔtrɔwɔwɔ gɔme. Egblɔ be: “Meva nɔ agbanɔamedzitsɔtsɔ kple nusiwo axɔ nɔƒe gbãtɔ srɔ̃m. Mewɔ ɖoɖowɔɖi eye meva biã ŋku ɖe ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu vevie. Meva kpɔe be Yehowa bua nu suewo kple gãwo siaa nu veviwoe.” (Luka 16:10) Esi Ramon wɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ la, eva ɖe asi le nuŋɔŋlɔbe si wonya nɛ la ŋu. Nukata wò hã màwɔ nenema ke o? Eye ne ŋkɔ alo megbeŋkɔ aɖe medzɔa dzi na wò o la, gblɔe na dziwòlawo. Ðewohĩ woase nu gɔme na wò.
Ne Edze abe Amedzidede Ene
Ɣeaɖewoɣi la, edzena abe amedzidedee na wobua fɔ ame ene. Ramon gblɔ be: “Fonyewo alo nɔvinyenyɔnu tsitsiwo tsia megbe hafi gbɔna vaa aƒeme eye womewɔa naneke wo o. Ne nye ya metsi megbe gbɔ va ko la ke meɖo nya me.” Guyana-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Albert gblɔ be nenemae wòwɔna na ye esime yenye ɖevi. Ewɔ nɛ abe ɖe dadaa hea to nɛ wu alesi wòhenɛ na nɔvia ŋutsu ene.
Gake nuwo menɔna abe alesi wodzena ene ɣesiaɣi o. Dzilawo naa ablɔɖe geɖe wu ɖevi siwo tsi wu la, menye le amedzidede ta o, ke le esi wosusu be woawɔ ametsitsinu tae. Alo ate ŋu anye nɔnɔme tɔxɛ aɖewo tae. Albert lɔ̃ ɖe edzi be esi ye nɔviŋutsu nye “ame sue kple lãmegbegblẽtɔ” tae womeƒonɛ o ɖo. Amedzidedee wònye be dzila nade dzesi ɖevi aɖe koŋ ƒe hiahiã tɔxɛwo alo gbɔdzɔgbɔdzɔwoa?
Enye nyateƒe be dzila aɖewo lɔ̃a ɖevi aɖewo wu ya. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 37:3.) Albert gblɔ le nɔviaŋutsu si nye amelédɔe ŋu be: “Dada lɔ̃nɛ etɔxɛe.” Enyo ŋutɔ be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kekena ɖe enu. (Korintotɔwo II, 6:11-13) Eyata ne ‘lɔlɔ̃ tɔxɛ’ le dziwòlawo si na nɔviwòwo dometɔ aɖe la, mefia be womegalɔ̃a wò ya kura o. Nya lae nye be, Ðe wole nu tum kpli wò madzemadzee, hebua fɔ wò le esi wolɔ̃ nɔviwò aɖe nuŋumabumabui ta? Ne nenemae nyaa le la, dze agbagba kokoko nàna woanya alesi nèsena le ɖokuiwò mee. Tsɔ tufafa kple nugɔmesese nàfia asi kpɔɖeŋu tɔxɛ aɖewo siwo na nèsusu be wode ame ɖeka dzi. Ðewohĩ woasee na wò.
Ƒome Siwo me Kuxi Le
Ele eme be menye nɔnɔme ɖesiaɖee woate ŋu atrɔ bɔbɔe o. Ŋukpedoame kple fɔbuame zu numãme na dzila aɖewo. Ate ŋu anɔ alea vevietɔ le dzila siwo dzi nu te ɖo alo wole avu wɔm kple numãme aɖe la gome. Le nɔnɔme mawo tɔgbe me la, agbagbadzedze be yeaƒo nu tso nyaa ŋu maɖe vi boo o. Ne nenemae nyaa le le gowòme la, nyae be màte ŋu awɔ naneke le dziwòlawo ƒe kuxia ŋu o eye ɖewohĩ ame bubu koe ava de nu eme akpɔ egbɔ. Nu nyuitɔ si ɖewohĩ nàte ŋu awɔ koe nye be nàde bubu wo ŋu ahasi wo ɖa alesi dze eye nàdze agbagba atsri nyahehe kpli wo. (Efesotɔwo 6:1, 2) Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”b
Le ɣeyiɣi ma ke me la, di kpekpeɖeŋu tso ame bubu aɖe gbɔ. Gblɔe na ame tsitsi aɖe, ɖewohĩ Kristotɔ hamemegã aɖe. Ame ma ƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe akpe ɖe ŋuwò geɖe be màganɔ susum be ye koe wobua fɔe ɖe nusianu ta ɣesiaɣi o. Azɔ hã “[te] ɖe Mawu ŋu.” (Yakobo 4:8) Togbɔ be ame bubuwo abu fɔ wò madzemadzee hã la, “[Mawu] menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o. . . . Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:9, 14) Nyanya be yexɔ asi le Mawu ŋkume akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi ne wobu fɔ wò madzemadzee.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?” si dze le míaƒe August 8, 1997, Eʋegbe tɔ ƒe tata me.
b Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Dzudzu Nu?” si le míaƒe June 8, 1989, Eŋlisigbe me ƒe tata me. Kpɔ nyati siwo ƒe tanyae nye “Nya Dzetowo Gbɔgblɔ ɖe Dzu Teƒe,” si le Eʋegbe Nyɔ!, November 8, 1996, hã me.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Lɔlɔ̃ ɖe edzi be míeda vo wɔnɛ be míesrɔ̃a nu tso míaƒe vodadawo me