INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/1 axa 4-7
  • Ðe Drɔ̃ewo Ate Ŋu Aɖe Etsɔme Afia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Drɔ̃ewo Ate Ŋu Aɖe Etsɔme Afia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Drɔ̃e Siwo Metso Mawu Gbɔ O
  • Do Nyagbɔgblɔawo Kpɔ
  • Ðe Drɔ̃ewo Nye Gbedasi Siwo Tso Mawu Gbɔa?
    Nyɔ!—2001
  • Drɔ̃e Siwo Tso Mawu Gbɔ
    Nyɔ!—2014
  • Ele Be Míaku Drɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/1 axa 4-7

Ðe Drɔ̃ewo Ate Ŋu Aɖe Etsɔme Afia?

TSO blema ke la, ameƒomea tsɔ ɖe le drɔ̃ewo me vevie. Egiptetɔwo ŋlɔ agbalẽ siwo me wogblɔ nya geɖe le ɖe drɔ̃ewo gɔmeɖeɖe ŋu, eye drɔ̃egɔmeɖelawo nɔ Babilontɔwo si. Nusi Helatɔwo wɔnae nye be woana dɔnɔwo nava mlɔ Asclepius ƒe trɔ̃xɔwo me bene woaxɔ lãmesẽ ŋuti mɔfiamewo le woƒe drɔ̃ewo me. Le ƒe alafa evelia Mía Ŋɔli me la, Artemidorus ta agbalẽ aɖe si me wòɖe drɔ̃e me dzesiwo gɔme le. Tso ɣemaɣi la, eƒe agbalẽ dzie wonɔ te ɖo ta agbalẽ mawo tɔgbe geɖe. Vaseɖe egbegbe la, amewo gadzea agbagba be yewoaɖe drɔ̃ewo gɔme, gake ɖe wonaa amewo nyaa nusiwo ava dzɔ le etsɔme la ŋutɔŋutɔa?

Hafi woate ŋu anye nusiwo ava eme le etsɔme vavã la, ele be woatso ŋusẽ aɖe si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu gbɔ. Míate ŋu akpɔ kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me siwo me Mawu na ŋusẽ ma le. Ena drɔ̃e siwo nye nyagblɔɖiwo esubɔlawo kple ame aɖewo siwo mesubɔnɛ o. Le nyateƒe me la, Hiob 33:14-16 gblɔ be: “Mawu ƒoa nu le . . . drɔ̃ekuku kple zã me ŋutega me, ne amewo yi alɔ̃ me, eye wole alɔ̃ dɔm le aba dzi la, eʋua to na amegbetɔwo.”

Mawu wɔ nusia le Egiptetɔ Farao gome, le Yosef si nɔ agbe le ƒe siwo wu 1,700 do ŋgɔ na Mía Ŋɔli me la ƒe ŋkekewo me. Farao ƒe drɔ̃ea dze le Mose I, 41:1-7, eye Yosef ɖe egɔme le kpukpui 25 vaseɖe 32 lia me be ƒe adre “si me nuɖuɖu ado agbogbo ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi,” eye dɔŋɔliƒe adre agakplɔe ɖo la ƒe nya gblɔm ɖi drɔ̃ea le. Yosef gblɔ na Farao be: “Nusi wɔ ge Mawu ala la, eya wòɖe fia Farao.” (Mose I, 41:28) Nusi va dzɔ tututue drɔ̃ea gblɔ ɖi.

Nu ma tɔgbe ke dzɔ ɖe Babilontɔwo ƒe fia xɔŋkɔ aɖe hã dzi. Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe si ɖe fu nɛ vevie, gake megate ŋu ɖo ŋku edzi o. Eyata eyɔ eƒe afakalawo be woalĩ drɔ̃ea eye woaɖe egɔme na ye. Womete ŋu wɔ nusi wòbia tso wo si la o.—Daniel 2:1-11.

Esi Mawue na fia la ku drɔ̃ea ta la, Ena nyagblɔɖila Daniel te ŋu lĩ drɔ̃ea eye wòɖe egɔme. Daniel 2:19 gblɔ be: “Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã.” Daniel na wonya be Mawu gbɔe drɔ̃e sia tso, esi wògblɔ be: “Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, bokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o. Ke Mawu aɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nebukadnezar.”—Daniel 2:27, 28.

Ɣeaɖewoɣi la, Mawu to drɔ̃ewo me na mɔfiamewo eƒe amewo, eye ɣebubuwoɣi la, eka ɖe edzi na wo be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu alo ena wonya alesi wòle kpekpem ɖe wo ŋui. Le Yakob gome la, Mawu to drɔ̃e me ɖee fiae be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.—Mose I, 48:3, 4.

Esime Yosef si xɔ Yesu nyi la va kpɔe be Maria fɔ fu la, eɖoe be yeagbee. Eye wofiae le drɔ̃e me be megawɔ nenema o. Mateo 1:20 gblɔ be: “Esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.” Emegbe woxlɔ̃ nui le drɔ̃eƒe be: “Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: ‘Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte.’”—Mateo 2:13.

Drɔ̃e Siwo Metso Mawu Gbɔ O

Esi wònye be drɔ̃e gɔmeɖeɖe bɔ ɖe amesiwo menye Mawu ƒe amewo o dome la fia be míate ŋu aka ɖe drɔ̃ewo katã dzi be woagblɔ etsɔme ɖi o. Le Mawu ƒe nyagblɔɖila Yeremya ƒe ŋkekewo me la, alakpanyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be: “Meku drɔ̃e, meku drɔ̃e!” (Yeremya 23:25) Woƒe susue nye be yewoaflu ameawo ne woasusu be Mawu le nu ƒom to yewo dzi. Gbɔgbɔ ʋã Yeremya wògblɔ le drɔ̃ekula siawo ŋu be: “Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔɖila, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o. Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. . . . Yehowa ye gblɔe!”—Yeremya 29:8, 9.

Esi alakpanyagblɔɖila siawo nye “bokɔnɔwo” ta la, gbɔgbɔ vɔ̃woe anya kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi kple susu be woaflu ameawo. Nu ma kee dze le nya si wogblɔ le Zaxarya 10:2 me be: “Aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye bokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o.”

Abosam nye ameflulagã si le subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo zãm ƒe akpe geɖee nye sia be woada alakpa be Mawu ƒo nu na yewo le ŋutegawo kple drɔ̃ewo me, abe alesi alakpanyagblɔɖilawo gblɔe le Yeremya kple Zaxarya ƒe ŋkekeawo mee ene. Biblia-ŋlɔla Yuda si gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le amesiawo tɔgbe ŋu be: “Ame aɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mía dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.” Ne míagblɔe la, ebe amesiawo nye ‘drɔ̃ekulawo.’—Yuda 4, 8.

Do Nyagbɔgblɔawo Kpɔ

Ame aɖe ate ŋu agblɔ be Mawu ƒo nu na ye le drɔ̃eƒe alo yeƒe drɔ̃e siwo ku ɖe etsɔme nyadzɔdzɔwo ŋu la va eme, gake menye ema ɖeɖeko tae míaxɔe ase eye míadze eyome eŋumabumabui o. Xlẽ mɔfiame siwo woŋlɔ na Israel-viwo si le Mose V, 13:2-4, 6la kpɔ: “Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula aɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunu aɖe na mi, eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be: mina míadze mawu bubu, siwo mienya o yome, eye míasubɔ wo la, ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o . . . Ke woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma.” Mawu ɖe mɔ be ame mawo nagblɔ alakpanyawo be wòatsɔ ado eƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ akpɔ.

Le esi teƒe be míaxɔ drɔ̃ekula gbɔgbɔƒola siawo ƒe nyagbɔgblɔwo dzi ase la, nunyanu si míawɔe nye be míado woƒe nyagbɔgblɔwo akpɔ ale be vivime ameflula gãtɔ si le ‘xexeame katã blem’ la nagable mí o. (Nyaɖeɖefia 12:9) Gake aleke míate ŋu ado wo akpɔ kple kakaɖedzii?

Mawu ƒe Nya si woŋlɔ lae nye míaƒe mɔfiala si Mawu na mí si ana míake ɖe nyateƒea ŋu. Yesu Kristo gblɔ le eŋu be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Eyata woɖo aɖaŋu na mí le Yohanes I, 4:1 be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; [elabena alakpanyagblɔɖila, NW] geɖewo do go yi ɖe xexeame.” Ne míetsɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, nufiafiawo, kple nuwɔnawo sɔ kple Biblia nyuie la, woatsi tre ɖe eŋu. Mawu ƒe Nya lae agblɔ nusi nye nyateƒe.

Afakaka alo gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo koŋue drɔ̃ekula si le gbɔgblɔm be nunya tɔxɛ ma le ye si le zazãma? Ne nenemae la, ke Mawu ƒe Nya la bu fɔe. “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”—Mose V, 18:10-12.

Ne egblɔna be luʋɔ aɖe le ye me la, ke ele tsitre tsim ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, si gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) Ðe wòle eɖokui dom ɖe dzi eye wòle nanam be amewo nadze eyomea? Mateo 23:12 ɖo aɖaŋu be: “Amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi.” Eye Dɔwɔwɔwo 20:30 xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dadawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.”

Ðe wòdea ŋutasesẽnuwɔnawo dzia? Yakobo 3:17, 18 bu fɔe be: “Nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o. Ke woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.” Ðe wòdia dunyaheŋusẽ alo be yeaxɔ ŋkɔ le xexeamea? Mawu ƒe Nya la bu fɔe ŋusẽtɔe be: “Amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” Eyata Biblia la klo nu le nusi nye alakpa dzi.—Yakobo 4:4.

Ne ame aɖe ku drɔ̃e be ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe ku la, ke ɖewohĩ esi wòtsi dzi ɖe amea ŋu tae. Ne amea ku le zã si me tututu wòku drɔ̃ea la, mefia be drɔ̃ea ye gblɔe ɖi o. Le drɔ̃e sia tɔgbe ɖesiaɖe si dze abe ɖe wòva eme ene gome la, eƒe alafa geɖe li siwo meva eme o.

Togbɔ be Mawu zã drɔ̃ewo le blema tsɔ ɖe nyagblɔɖi me nyadzɔdzɔwo fia eye wòtsɔ na mɔfiamewo esime wonɔ eƒe Nya la ŋlɔm hã la, megahiã be wòazãe egbea o. Nufiame siwo tso Mawu gbɔ siwo ameƒomea hiã le ɣeyiɣi sia me la katã le Nya si woŋlɔ la me, eye eme nyagblɔɖiwo ƒo nu le nusiwo ava dzɔ le ƒe siwo wu akpe ɖeka le etsɔme la ŋu. (Timoteo II, 3:16, 17) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be menye nusiwo ava dzɔ le etsɔmee Mawu le gbɔgblɔm to míaƒe drɔ̃ewo me o, ke míaƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔ siwo hiã la wɔm wòle hena míaƒe susu ƒe dedienɔnɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Abe alesi Farao ƒe drɔ̃e ɖe nusi ava dzɔ fia ene la, Mawu ƒe Nya la na míenya míaƒe etsɔme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe