Dzudzɔxɔxɔledɔme—Ðe Wòʋua Mɔ Ði Na Teokrasidɔa?
DZUDZƆXƆXƆLEDƆME—le ame geɖe gome la, enye ɣeyiɣi didi aɖe ƒe nutikɔname kple agbanɔamedzi ƒe nuwuwu. Esi ame geɖe xaxa le dɔ sesẽ alo dɔ teɖeɖiameŋu aɖe wɔwɔ me ta la, wokpɔa mɔ na dzudzɔxɔxɔledɔme be aʋu mɔ na ɣeyiɣi didi aɖe ƒe gbɔɖeme kple ablɔɖe. Gake zi geɖe la, ɖe wòʋua mɔ ɖi be wò mo nadzaka eye kuvia naɖo wò boŋ. Modzakaɖeɖe kple modzakaɖedɔwo wɔwɔ menaa ame sena le eɖokui me be yele vevie abe alesi dɔwɔwɔ wɔnɛ ene o.
Le Yehowa Ðasefowo gome la, dzudzɔxɔxɔledɔme ate ŋu anye ‘ʋɔtru gã si ʋu ɖi na dɔ geɖe wɔwɔ.’ (Korintotɔwo I, 16:9) Togbɔ be tsitsi hea kuxiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔ vɛ hã la, ame tsitsi aɖewo kpɔe be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yewoate ŋu adzi yewoƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi na eyama. Bu Kristotɔ tsitsi aɖewo siwo le Netherlands ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu kpɔ. Le ƒe 1995 ƒe subɔsubɔƒea me la, mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela) 1,223 siwo nɔ anyi la dometɔ 269 nye amesiwo xɔ ƒe 50 alo xɔ wu nenema. Amesiawo dome 81 xɔ ƒe 65 alo esi wu nenema.
Wo dometɔ aɖewo te ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa to dɔ geɖe si wowɔ esime wonye dɔwɔlawo la dzi yiyi me. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:16) Kristotɔ aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me si ŋkɔe nye Karel gblɔ be: “Esi menɔ dɔ me dem la, medzea dɔ gɔme ŋdi 7:30. Esi mexɔ dzudzɔ le dɔ me la, meɖoe be magayi edzi nenema ke. Medzea ŋkekea gɔme kple magazinedɔ wɔwɔ le ablɔdzi le ketekedzeƒe ŋdi ga adre ɖesiaɖe.”
Ðoɖo nyui wɔwɔ hã nye nu vevi si na wokpɔa dzidzedze. (Lododowo 21:5) Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo te ŋu dzra ga geɖe ɖo be woatsɔ akpɔ wo ɖokui dzi le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ame bubuwo hã ɖoe be yewoaɖe gagbegblẽ dzi akpɔtɔ eye yewoawɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔwɔɖui. Bu Theodore kple Ann ŋu kpɔ. Mɔɖeɖedɔa wɔwɔe wotsɔ dze srɔ̃ɖegbenɔnɔ gɔme vaseɖe esime ƒomegbanɔamedziwo va bia be woadzudzɔ mɔɖeɖedɔa. Gake mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kpɔtɔ nɔ wo me! Esi wo vinyɔnuawo nɔ tsitsim la, wodea dzi ƒo na wo ɣesiaɣi be woawɔ mɔɖeɖedɔa. Vevietɔ wu la, Theodore kple Ann ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ edziedzi me. Esi nyɔnuviawo tsi la, Theodore kple Ann dze ɣeyiɣi si wotsɔ wɔa dɔ la dzi ɖeɖe kpɔtɔ gɔme be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu na gbeƒãɖeɖedɔa.
Emegbe esi wo vinyɔnuawo ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye wodzo le aƒeme la, Ann gadze mɔɖeɖedɔa gɔme ake. Ede dzi ƒo na Theodore hã gbeɖeka be wòaɖe asi le dɔ ŋu. Edo susua ɖa be: “Mí ame evea míate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa.” Theodore gblɔ nusi wòɖo na eƒe dɔtɔ, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be eƒe dɔtɔa be yeakpe ɖe eŋu to nana be wòawɔ dɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wògblɔ be: “Meka ɖe edzi be èdi be yeawɔ dɔ na wò dɔtɔ si le [dziƒo] afimɛ ɣeyiɣiawo katã.” Theodore kple Ann le dzidzɔ kpɔm fifia le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ɖekae.
Ame aɖewo dze mɔɖeɖedɔa gɔme le nudzɔdzɔ aɖewo siwo wɔ dɔ ɖe wo dzi le agbe me ta. Srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo siwo ƒe vinyɔnu kple mamayɔvi ku la na wobu tame vevie le nusi woatsɔ woƒe agbenɔƒe mamlɛawo awɔe ŋu. (Nyagblɔla 7:2) Le esi woana nuxaxa naɖu wo dzi teƒe la, woge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me boŋ, si me wole vivi sem le fiafia ƒe enyi sɔŋ enye sia!
Enye nyateƒe be ebia tameɖoɖo kplikpaa be woayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. Le kpɔɖeŋu me, Ernst kple srɔ̃a Riek dze mɔɖeɖedɔa gɔme esime wo viwo dzo le aƒeme teti ko. Le ema megbe kpuia la, Ernst ƒe dɔwɔhati xoxo aɖe tsɔ dɔ aɖe si me ga gbogbo aɖe le la va ɖo eŋkume. Ernst ɖo eŋu be: “Dɔtɔ nyuitɔ kekeake xɔ mí ɖe dɔ me xoxo, eye míaɖe asi le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu o!” Esi Ernst kple srɔ̃a yi edzi wɔ Yehowa ƒe “dɔ” ta la, subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo va ʋu ɖi na wo. Wowɔ nutome sue dzikpɔdɔa wu ƒe 20 sɔŋ eye wokpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm vaseɖe egbe. Ðe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe mɔ si wotsɔ la te ɖe wo dzia? Srɔ̃tɔawo ŋlɔ ɣeyiɣi aɖe va yi be: “Ne enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, míaɖu míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 50 lia, si woyɔna zi geɖe be dzidzɔƒezã, le ɣleti etɔ̃ si gbɔna me. Gake míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi kplikpaa be míaƒe dzidzɔƒeawo ŋutɔŋutɔ dze egɔme tso esime míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.”
Ame geɖe kpɔe be ʋɔtru si le ʋuʋu ɖi na dɔ geɖe wɔwɔ la kee nɔa ʋuʋu ɖi na dzidzɔ geɖe wu kpɔkpɔ! Nɔviŋutsu aɖe si dze mɔɖeɖedɔa gɔme kwasiɖa eve le eƒe ƒe 65 xɔxɔ megbe la gblɔ be: “Magblɔ be ɣeyiɣi aɖeke menɔ nye agbe me si me yayra gbogbowo yɔ fũ abe alesi wòle le ƒe ewo siwo va yi si metsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa me ene o.” Srɔ̃tɔ aɖewo siwo wɔ mɔɖeɖedɔa wu ƒe adre la gblɔ be: “Dɔ bubu kae gali srɔ̃tɔ siwo tsi abe míawo ene eye woƒe nɔnɔme le abe mía tɔ ene ate ŋu agawɔ? Míekpɔa mía hatiwo le nutoa me zi geɖe—woɖea dzi ɖi faa le aƒeme, eye lãme ko kpɔm wole ɖe edzi, le tsitsim, eye wole gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi. Subɔsubɔdɔa na míele lãmesẽ me le susu kple ŋutilã me siaa. Míewɔa nu ɖekae ɣesiaɣi. Míekoa nu zi geɖe eye míele dzidzɔ kpɔm le agbe me.”
Enye nyateƒe be menye ame tsitsiwo katã ƒe nɔnɔmee aɖe mɔ na wo be woawɔ mɔɖeɖedɔa o. Kristotɔ siawo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ ɖesiaɖe si wote ŋu wɔna le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44) Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si nye nuwɔametɔ la tsi ame tsitsiwo dzikpɔƒe. Gake dɔ geɖe wɔwɔ ƒe ʋɔtru nɔ ʋuʋu ɖi nɛ! Dɔkta aɖe biae nusi wòtsɔa eƒe ɣeyiɣi gbogboawo wɔnɛ. Egblɔ be: “Megblɔ nɛ be ɣeyiɣia mesuam o. Mese egɔme o, megblɔ nɛ be esi dɔ dodzidzɔname geɖe li mewɔna le nye agbe me tae. Nyemetsia akogo o, ke boŋ media amesiwo tsi akogo eye medzea agbagba be magblɔ nusi Mawu ɖo be yeawɔ na ameƒomea la na wo.” Eƒo nya la ta be: “Mɔkpɔkpɔ meli be ame aɖe si xɔ ƒe 80 kloe la nate ŋu awɔ geɖe o. Mido gbe ɖa ɖe tanye be mate ŋu ayi edzi akplɔ ame geɖe va Yehowa gbɔe.”
De nètsi axɔ dzudzɔ le dɔ mea? Ʋɔtru si naa gbɔɖeme ame ate ŋu adzro ame vevie, gake menye eyae nye ʋɔtru si ahe gbɔgbɔ me yayrawo vɛ o. Bu wò nɔnɔmeawo ŋu le gbedodoɖa me. Ate ŋu ava eme be àge ɖe ʋɔtru si le ʋuʋu ɖi na dɔ geɖe wɔwɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa mee la me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Dzudzɔxɔxɔledɔme ate ŋu aʋu mɔ ɖi na subɔsubɔ geɖe wɔwɔ