INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 5/1 axa 13-19
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Exexlẽ Gbesiagbe
  • Biblia Xexlẽ Zi Geɖe Hiã
  • Ɣeyiɣi Siwo Míate Ŋu Aɖo na Biblia Xexlẽ
  • Mɔnu Vovovo Siwo Amewo Tsɔ Xlẽa Bibliae
  • Se Nusi Xlẽm Nèle la Gɔme
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Do Vevie Nuxexlẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dzi Nedzɔ Wò ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu Vevie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nu Si Nàwɔ Be Biblia Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 5/1 axa 13-19

Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me

“Woayra amesi . . . [kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.”—PSALMO 1:1, 2.

1. (a) Nuŋɔŋlɔ gã si dze nyuie kae le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe agbalẽtaƒewo dometɔ aɖe ƒe akpa ɖeka? (b) Vi kae wòaɖe na mí ne míena aɖaŋuɖoɖo ma wɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi?

“XLẼ MAWU ƑE NYA BIBLIA KƆKƆE LA GBESIAGBE.” Nya mawo siwo woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo la dze le xɔ aɖe ƒe akpa aɖe le Brooklyn, New York, afisi Watchtower Bible and Tract Society taa Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo le. Menye xexemetɔ siwo kpɔa nuŋɔŋlɔ sia ta koe woŋlɔe ɖo o. Yehowa Ðasefowo nya be ehiã be yewo hã yewoana nya mawo nade dzi gbɔ na yewo. Nufiafia, mokaka, ɖɔɖɔɖo, kple amehehe le dzɔdzɔenyenye me si Biblia nana la ɖea vi na amesiwo xlẽnɛ edziedzi eye wotsɔa nusi woxlẽna la wɔa dɔe.—Timoteo II, 3:16, 17.

2. Aleke Nɔviŋutsu Russell te gbe ɖe Biblia xexlẽ ƒe vevienyenye dzii?

2 Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, si ƒe ɖee nye Gbetakpɔxɔ, ŋu eye wozãa wo edziedzi. Gake wonya be wo dometɔ aɖeke mexɔ ɖe Biblia ŋutɔ teƒe o. Le ƒe 1909 me ke la, Charles Taze Russell, Watch Tower Bible and Tract Society ƒe zimenɔla gbãtɔ, ŋlɔ na Gbetakpɔxɔ magazinea xlẽlawo be: “Migaŋlɔ be gbeɖe be Biblia lae nye míaƒe Dzidzenu o eye be aleke ke míaƒe kpekpeɖeŋugbalẽwo anye Mawu ƒe nunanae hã la, ‘kpekpeɖeŋunuwo’ koe wonye eye womexɔ ɖe Biblia teƒe o.”

3. (a) Ŋusẽ kae “Mawu ƒe nya la” kpɔna ɖe amesiwo xlẽnɛ dzi? (b) Aleke gbegbe Beroiatɔwo xlẽa Ŋɔŋlɔawo hesrɔ̃a wo edziedzii?

3 Ŋusẽ kple nunya deto aɖe le Ŋɔŋlɔawo, siwo tso gbɔgbɔ me, la me si megale agbalẽ bubu aɖeke me o. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Nusrɔ̃la Luka kafu Beroiatɔwo vevie eye wòyɔ wo be amesiwo ‘ɖɔ ʋu wu.’ Menye nya si ƒe gbeƒã apostolo Paulo kple eƒe hadɔwɔla Sila ɖe koe woxɔ dzidzɔtɔe o ke boŋ ‘wodzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie gbesiagbe’ hã be yewoakpɔ be nusi wonɔ yewo fiam la le Ŋɔŋlɔawo me hã.—Dɔwɔwɔwo 17:11.

Exexlẽ Gbesiagbe

4. Nukae Ŋɔŋlɔawo ɖe fia le alesi wòle be míaxlẽ Biblia edziedzii ŋu?

4 Biblia megblɔ zi alesi wòle be míanɔ ye xlẽm la tẽ o. Gake woŋlɔ alesi Yehowa xlɔ̃ nu Yosua be ‘wòaxlẽ segbalẽ la ade ŋugble le eŋu zã kple keli’ bene wòawɔ nu le nunya me eye nu nadze edzi nɛ le dɔ si Mawu de asi nɛ wɔwɔ me la ɖi ɖe eme. (Yosua 1:8) Egblɔ na mí be amesiame si aɖu fia ɖe blema Israel dzi la naxlẽ Ŋɔŋlɔawo “le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.” (Mose V, 17:19) Egagblɔ hã be: “Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, . . . ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.” (Psalmo 1:1, 2) Nyanyui si Mateo ŋlɔ ɖi hã gblɔ na mí be esi Yesu Kristo gbe Satana ƒe agbagbadzedzewo be yeate Eyama kpɔ la, Eyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo siwo tso gbɔgbɔ me la me be: “Woŋlɔ ɖi bena: ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’” (Mateo 4:4) Zi nenie ŋutilãmenuɖuɖu hiãa mí? Gbesiagbee! Gbɔgbɔmenu ɖuɖu gbesiagbe ya kura le vevie wu elabena eku ɖe míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu.—Mose V, 8:3; Yohanes 17:3.

5. Aleke Biblia xexlẽ gbesiagbe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míazɔ alesi dze Yehowa’ ne míedo go xɔse ƒe dodokpɔwo?

5 Ehiã be woatsɔ Mawu ƒe Nya la ado ŋusẽ mía dometɔ ɖesiaɖee gbesiagbe. Gbesiagbe—le aƒeme, le dɔ me, le suku, le ablɔwo dzi, le nuƒleƒewo, le míaƒe subɔsubɔdɔa me—míedoa go míaƒe xɔse ƒe dodokpɔwo. Aleke míakpɔ wo gbɔe? Ðe Biblia ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ava tame na mí enumakea? Le esi Biblia nade ŋuɖoɖo ɖe ame ɖokui ŋu ƒe dzi ƒo teƒe la, exlɔ̃ nu mí boŋ be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” (Korintotɔwo I, 10:12) Biblia xexlẽ gbesiagbe akpe ɖe mía ŋu be ‘míazɔ alesi dze Yehowa bene míadze eŋu bliboe’ le esi míaɖe mɔ xexeame nazi eƒe nɔnɔmewo ɖe mía dzi teƒe.—Kolosetɔwo 1:9, 10; Romatɔwo 12:2.

Biblia Xexlẽ Zi Geɖe Hiã

6. Nukata viɖe le eme be míaxlẽ Biblia la zi gbɔ zi geɖe?

6 Biblia xexlẽ to vovo sãa na gligbalẽwo xexlẽ. Woŋlɔa gligbalẽwo be woaxlẽ zi ɖeka ko; ne wonya nya ŋutinya la kple alesi wòwu enui ko la, eƒe tɔɖoƒee nye ma. Gake zi nenie míeɖaxlẽ Biblia o, exexlẽ ake ɖea vi na mí. (Lododowo 9:9) Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese bubu gasua nugɔmesela si ɣesiaɣi. Nusiwo wòkpɔ, nusiwo wòse, kple nusiwo teƒe eya ŋutɔ kpɔ le dzinu ʋee siwo va yi me la nana be ŋkeke mamleawo ŋuti nyagblɔɖiawo gawɔa dɔ ɖe edzi geɖe wu. (Daniel 12:4) Ne Biblia xlẽla si sea nu gɔme la ŋutɔ dzi eƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me ɖe edzi eye wòkpɔa kuxiwo gbɔ la, egakpɔa ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ɖewohĩ wòxlẽ va yi tsã gake metsɔ susu ɖo eŋu boo o la ŋu bliboe wu. (Lododowo 4:18) Ne dɔ sesẽ aɖe dze edzi kpata la, ŋugbe siwo Biblia do le vevesese ɖeɖeɖa kple lãmesẽ deblibo ƒe amesinɔnɔ ake ŋu me gakɔna ɖe edzi nɛ ɣemaɣi wu tsã. Ne xɔlɔ̃ veviwo kple ƒometɔwo ku la, tsitretsitsi ŋugbedodoa gaxɔa asi nɛ geɖe wu.

7. Nukae akpe ɖe mía ŋu ne míexɔ agbemegbanɔamedzi yeye, eye nukatae?

7 Ðewohĩ ƒe geɖee nye sia si nèle Biblia xlẽm eye nètsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo le dɔ wɔmee. Gake ɖewohĩ agbemegbanɔamedzi yeyewo va le tuwòm fifia. Ðe nèle ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋua? Ðe nèle dzadzram ɖo ɖe vidzidzi ŋua? Ðe wode agbanɔamedzidɔ aɖe asiwò le hamea me abe hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla enea? Ðe nètrɔ zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, si gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔwo dzi ɖe edzi na? Vi kae nye si wòaɖe be agbanɔamedzi yeye mawo nanɔ susu me na wò nàtsɔ axlẽ Biblia bliboa katãe!—Efesotɔwo 5:24, 25; 6:4; Timoteo II, 4:1, 2.

8. Aleke nuwo ƒe tɔtrɔ aɖe alesi wòhiã be míasrɔ̃ nu geɖe wu le nusiwo míesusu be míenya xoxo la ŋu fiae?

8 Ðewohĩ èdzea agbagba tsã le gbɔgbɔ la ƒe kuawo tsetse me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gake nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ate ŋu ana be wòahiã be nàgasrɔ̃ nu ayi ŋgɔe wu le mawumenɔnɔme mawo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 5:8.) Nɔvi aɖe si nye dzikpɔla mɔzɔla tsã si kpɔe be ehiã be yeaɖe asi le yeƒe subɔsubɔ tɔxɛ ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu ava akpɔ ye dzila tsitsiwo dzi la gblɔ be: “Tsã mesusuna be medzea agbagba le gbɔgbɔ la ƒe kuwo tsetse me. Fifia ɖeko wòwɔ abe ɖe megbugbɔ dze egɔme ene.” Nenema ke srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo ƒe kpeɖeŋutɔwo ŋutilã me alo seselelãme ƒe dɔléle vevie le fu ɖem na la akpɔe be le amea dzikpɔkpɔ me la, nuteɖeamedziwo ɖea dzi le yewo ƒo ɣeaɖewoɣi. Biblia xexlẽ edziedzi nyea akɔfafa kple kpekpeɖeŋu tsoƒe gã aɖe na ame.

Ɣeyiɣi Siwo Míate Ŋu Aɖo na Biblia Xexlẽ

9. (a) Nukae ate ŋu akpe ɖe amesi ŋu vovo mele kura o ŋu be wòakpɔ ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ gbesiagbe? (b) Nukata Mawu ƒe Nya la xexlẽ le vevie vevietɔ na hamemegãwo?

9 Nyateƒee, ɣeyiɣi kpɔkpɔ na nu bubu si woanɔ wɔwɔm edziedzi asesẽ na amesiwo ŋu vovo mele xoxo o. Gake kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ate ŋu aɖe vi na mí. Biblia ɖee fia be ewɔa nuwo le ‘ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi.’ (Mose I, 21:2; Mose II, 9:5; Luka 21:24; Galatiatɔwo 4:4) Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi ƒe vevienyenye nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ɣeyiɣi ɖi nɛ le míaƒe gbesiagbe ɖoɖowɔɖi me. (Efesotɔwo 5:15-17) Ele vevie na hamemegãwo koŋ be woaɖo ɣeyiɣi ɖi na Biblia xexlẽ edziedzi ale be woatu aɖaŋu siwo woaɖo la ɖe Biblia dzi le nusianu me eye be “nunya si tso dziƒo” nadze le gbɔgbɔ si woɖena fiana me.—Yakobo 3:17; Tito 1:9.

10. Ɣekaɣie amesiwo xlẽa Biblia gbesiagbe kpɔa asinu tsɔ xlẽnɛ?

10 Ame geɖe siwo kpɔa dzidzedze le wɔwɔ ɖe ɖokuisi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi dzi me la xlẽnɛ ŋdikanya hafi dzea ŋkekea ƒe dɔwo gɔme. Ame bubuwo kpɔe be yewote ŋu wɔnɛ ɖe ɖoɖo nu nyuie wu ɣebubuɣiwo. Biblia ƒe kasɛtwo (ne woli) kpena ɖe amesiwo ɖoa ʋu yia dɔ me gagbɔna ŋu be woazã le woƒe mɔzɔɣi, eye Ðasefo aɖewo ƒoa wo sena ne wole aƒemedɔ siwo wowɔna ɖaa la wɔm. Wofia ɖoɖowɔɖi siwo kpe ɖe Ðasefo vovovowo ŋu le Europa, Afrika, Anyiehe Amerika, Dziehe Amerika, kple Ɣedzeƒenyigbawo dzi le axa 20 kple 21 le tanya si nye “Ɣeyiɣi si me Woxlẽnɛ Kple Viɖe si Wokpɔna” te.

11. Aleke míawɔ anɔ Biblia xlẽm gbesiagbe ne vovoɣi vi aɖe koe le mía si hã?

11 Menye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna tsɔ wɔa wò Biblia xexlẽe nye nu vevitɔ o ke boŋ ewɔwɔ edziedzie. Àkpɔe be enyo be yeazã gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema le anyinɔnɔ ɖeka me atsɔ axlẽe, eye nàwɔ numekuku bubuwo akpee, eye nya la naxɔ mewò vevie. Gake ɖe wò ɖoɖowɔɖi ɖe mɔ ɖe esia wɔwɔ edziedzi ŋua? Le esi nàɖe mɔ be ŋkekewo nava yi Biblia maxlẽmaxlẽe kura la, ɖe manyo wu be nàzã miniti 15 alo kura gɔ̃ hã miniti 5 ɖe eŋu gbesiagbe oa? Ðoe kplikpaa be yeaxlẽ Biblia gbesiagbe. Emegbe tsɔ numekuku si de to wu kpe ɖe nuxexlẽa ŋu le ɣeyiɣi si me wòanya wɔ.

Mɔnu Vovovo Siwo Amewo Tsɔ Xlẽa Bibliae

12. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo kae le Betel-ƒomea me tɔwo kple Gilead Sukuviwo si?

12 Mɔnu vovovo li siwo míate ŋu atsɔ axlẽ Biblia lae. Anyo be míaxlẽe tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Nyaɖeɖefia. Wobia tso xexeame katã ƒe Betel-ƒomea me tɔ siwo subɔna le xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la alo le Habɔbɔa ƒe alɔdzewo dometɔ aɖe la si be wo dometɔ ɖesiaɖe naxlẽ Biblia bliboa katã awu enu le woƒe Betel subɔsubɔdɔ ƒe ƒe gbãtɔ me. (Zi geɖe la, esia wɔwɔ bia be woaxlẽ ta etɔ̃ va ɖo atɔ̃, le alesi wodidii nu, alo axa ene va ɖo atɔ̃ gbesiagbe.) Ele be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua delawo hã naxlẽ Biblia bliboa katã awu enu hafi awu sukua nu. Enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be esia akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ Biblia xexlẽ gbesiagbe awɔ woƒe agbemetaɖodzinui.

13. Taɖodzinu kae wokafu na Ðasefo nyɔnyrɔ̃xɔla yeyewo?

13 Enye viɖenu be Ðasefo nyɔnyrɔ̃xɔla yeyewo naɖoe wòanye woƒe taɖodzinu be yewoaxlẽ Biblia bliboa katã. Le ƒe 1975 me, esime ɖekakpui aɖe si le France nɔ dzadzram ɖo na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ la, hamemegã aɖe biae se be Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo aɖe le esi hã. Tso ɣemaɣi ke la, exlẽa Biblia wua enu ƒe sia ƒe, zi geɖe la, exlẽnɛ ŋdi hafi yia dɔ me. Egblɔ le vi siwo wòɖe nɛ ŋu be: “Meva nya Yehowa nyuie wu. Mete ŋu kpɔa alesi nusianu si wòwɔna la do ƒome kple eƒe tameɖoɖo kple alesi wòwɔa nui ne mɔxenuwo do mo ɖa. Mekpɔnɛ be Yehowa le dzɔdzɔe eye wònyo le ɣeyiɣi ma ke me, le eƒe nuwɔnawo katã me.”

14. (a) Nukae hiã bene míanɔ ɖokuisi Biblia xexlẽ si gɔme míedze la wɔm ɖaa? (b) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nu vevi siwo ŋu Biblia-gbalẽ ɖesiaɖe ƒo nu le la natsi susu me na mí?

14 Èxlẽ Biblia bliboa katã wu enu kpɔa? Ne mèxlẽe kpɔ o la, ke fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be nàdze egɔme. Wɔ ɖoɖo ɖe eŋu koŋ, eye nàwɔ ɖe ɖoɖo ma dzi. Tso nya me le axa alo ta agbɔsɔsɔme si nàxle gbesiagbe ŋu, alo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nàɖo ɖi ɖe eŋu kple ɣeyiɣi si me nàxlẽe. Menye amesiamee awu Biblia la katã xexlẽ nu le ƒe ɖeka me ya o, gake nu vevitɔe nye be nàxlẽ Mawu ƒe Nya la edziedzi, dze agbagba ɖesiaɖe be ne yeate ŋui la, yeaxlẽe gbesiagbe. Ne èle Biblia la xlẽm la, ɖewohĩ àkpɔe be numekugbalẽ aɖewo zazã akpe ɖe ye ŋu be nusiwo ŋu yele nu xlẽm le la ƒe nyati veviwo natsi susu me na ye. Ne Insight on the Scriptures le gbe aɖe si nàte ŋu axlẽ me la, ke hafi nàdze Biblia ƒe agbalẽ aɖe xexlẽ gɔme la, to eƒe nya vevi siwo woto ɖe eme le Insight la me.a De dzesi tanya siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la koŋ. Alo nàzã emenya siwo woto ɖe eme si ɖe nu me yi ŋgɔ wu le agbalẽ si nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” me.b

15. (a) Aɖaŋu kawoe woɖo le axa 16 kple 17 siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò Biblia xexlẽ nanyo ɖe edzi? (b) Le esi míaɖo Biblia ƒe axa xexlẽme aɖe anɔ xexlẽm abe kɔnu ene teƒe la, nu vevi ka ŋue wòle be míalé ŋku ɖo geɖe wu?

15 Biblia xexlẽ tsiã ɖe enu ɖea vi, gake mègazu amesiwo nuxexlẽ zu abe kɔnu ko na ene o. Mègaxlẽ axa agbɔsɔsɔme aɖe ko gbesiagbe bene nàgblɔ be yexlẽa Biblia wua enu ƒe sia ƒe o. Abe alesi wòdze le aɖaka si nye “Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Wò Biblia Xexlẽ Nanyo Ðe Edzi” (axa 16 kple 17) me ene la, mɔ geɖewo li siwo nu nàto axlẽ Biblia ase vivi nɛ. Eɖanye mɔnu kae nèzã o, kpɔ egbɔ be yele yeƒe susu kpakple dzi siaa tum ɖo.

Se Nusi Xlẽm Nèle la Gɔme

16. Nukatae wòle be míagbɔ dzi ɖi ade ŋugble le nusiwo míexlẽna ŋu?

16 Ne Yesu le nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo la, etea gbe ɖe alesi wòle vevie be woase nusi gblɔm wòle la gɔme dzi na wo. Nusi nye vevitɔ la, menye eyae nye nyawo gɔmesese kple susu dzaa ko o, ke boŋ eyae nye be ‘woase nu gɔme kple woƒe dzi’ bene woazãe le woƒe agbenɔnɔ me. (Mateo 13:14, 15, 19, 23) Nusi ame nye le ememe ŋutɔŋutɔe nye nusi le vevie le Mawu gbɔ, eye esia ƒe kpɔɖeŋue dzi la nye. (Samuel I, 16:7; Lododowo 4:23) Eyata hekpe ɖe egbɔkpɔkpɔ be míese nusi Biblia ƒe kpukpuiwo fia gɔme ŋu la, ehiã be míade ŋugble le wo ŋu, míabu nusi wofia le mía ŋutɔ míaƒe agbenɔnɔ me ŋu.—Psalmo 48:10; Timoteo I, 4:15.

17. Nukawoe nye nusiwo míexlẽna ƒe akpa vevi aɖewo siwo ŋu míate ŋu ade ŋugble le ne míele Ŋɔŋlɔawo xlẽm?

17 Dze agbagba be nàkpɔ gɔmeɖose siwo dzi wotu nuwo ɖo le Biblia me nudzɔdzɔwo me adze sii ale be nàte ŋu awɔ wo ŋudɔ le nɔnɔme siwo nèdzea ŋgɔe me. (Tsɔe sɔ kple Mateo 9:13; 19:3-6.) Ne èle nu xlẽm le Yehowa ƒe nɔnɔme nyui wɔnukuwo ŋu eye nèle ŋugble dem le wo ŋu la, zã mɔnukpɔkpɔ ma tsɔ do ŋusẽ ƒomedodo si le mia kplii dome, be nàtu mawusosroɖa ƒe seselelãme sesẽ aɖe ɖo. Ne èle nya siwo ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu xlẽm la, bu nusi nàte ŋu awɔ be wò nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple wo la ŋu. Ne èxlẽ nuxlɔ̃ame siwo ku ɖe ŋuwò la, le esi nàgblɔ le ɖokuiwò me ko be, ‘Menyae ɖe’ teƒe la, bia ɖokuiwò se boŋ be, ‘Ðe mele nusi wògblɔ la wɔma?’ Ne èle ewɔm la, ke bia ɖokuiwo se be, ‘aleke magate ŋu awɔe “geɖe wu?”’ (Tesalonikatɔwo I, 4:1) Ne èle nu xlẽm tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu la, de dzesi Biblia me kpɔɖeŋu siwo ƒo nu tso amesiwo nɔ agbe ɖe nudidi mawo nu kple amesiwo menɔe ɖe enu o la ƒe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo hã. Bu nusita wonɔ agbe nenema kple nusi tso eme na wo ŋu nyuie. (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11) Ne èle Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ ŋutinya xlẽm la, ɖo ŋku edzi be Yesue nye amesi Yehowa tsɔ anyigba la katã dziɖuɖu de asi na; zã mɔnukpɔkpɔ ma tsɔ do ŋusẽ alesi Mawu ƒe xexeme yeyea adzro wòe la ɖe ɖokuiwò me. De ŋugble le mɔ siwo nu nàte ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe Vi la le bliboe wu hã ŋu nyuie.—Petro I, 2:21.

18. Aleke míate ŋu ana míaƒe Biblia xexlẽ kple nusrɔ̃gbalẽ siwo wonaa mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi ŋudɔwɔwɔ nada asɔe?

18 Gake mele be Biblia xexlẽ naxɔ ɖe nusrɔ̃gbalẽ nyui siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta na mí la teƒe o. Yehowa ƒe nunanae eya hã nye—nunana xɔasi ŋutɔe wònye. (Mateo 24:45-47) Kpɔ egbɔ be Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi xɔ nɔƒe vevi aɖe le wò agbe me. Dze agbagba ɖesiaɖe alesi nàte ŋui be ‘NAXLẼ MAWU ƑE NYA BIBLIA KƆKƆE LA GBESIAGBE.’

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta wo.

b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta wo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukatae viɖe le eme be nàxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe gbesiagbe?

◻ Nukata wòhiã be míaxlẽ Biblia zi gbɔ zi geɖe?

◻ Ɣeyiɣi kae nyo na gbesiagbe Biblia xexlẽ le wò ŋutɔ wò ɖoɖowɔɖi me?

◻ Nukae nàte ŋu awɔ be wò Biblia xexlẽ zi geɖe mazu nu ɖeka tɔgbe ko wɔwɔ o?

◻ Nukatae ŋugbledede le nusi míexlẽna ŋu le vevie ɖo?

[Aɖaka si le axa 16, 17]

Aɖaŋuɖoɖo siwo ana wò Biblia xexlẽ nanyo ɖe edzi

(1) Ame geɖe xlẽa Biblia ɖe ɖoɖo si nu wotaa wo ɖo ɣesiaɣi la nu, tso Mose I vaseɖe Nyaɖeɖefia. Wò hã àte ŋu axlẽ wo le ɖoɖo si nu woŋlɔ wo ɖo le blema la nu. Ðo ŋku edzi be Biblia nye agbalẽ 66 siwo tso gbɔgbɔ me siwo wotsɔ ƒo ƒui, si nye Mawu ƒe agbalẽdzraɖoƒe. Ne èdi be yeatrɔe vie la, ɖewohĩ àdi be yeaxlẽ agbalẽawo dometɔ siwo nye ŋutinya me nudzɔdzɔwo, emegbe esiwo me nyagblɔɖiwo le, emegbe lɛta siwo me aɖaŋuɖoɖo le nakplɔe ɖo, tsɔ wu be yeaxlẽ wo ɖe wo nɔewo yome. De dzesi afisi nèxlẽ eye kpɔ egbɔ be yexlẽ Biblia bliboa katã.

(2) Ne èxlẽ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe vɔ la, bia ɖokuiwò be nukae wòɖe fia le Yehowa, eƒe tameɖoɖo, kple alesi wòwɔa nui ŋu; alesi wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ dzii; alesi nàzãe atsɔ akpe ɖe ame bubu ŋui.

(3) Zã nuŋlɔɖi si nye “Yesu ƒe Anyigba Dzi Gbenɔnɔ me Nudzɔdzɔ Veviwo” si wota ɖe Insight on the Scriptures me tanya si nye “Yesu Kristo” te (kple “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial”) me nàtsɔ xlẽ Nyanyuiawo ƒe akpa siwo ƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖeka ma ke ŋu ɖe wo nɔewo yome. Gaxlẽ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe akpa siwo sɔ kplii la hã.

(4) Ne èle Paulo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋuti nya xlẽm le Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo me la, xlẽ lɛta siwo tso gbɔgbɔ me siwo do ƒome kplii la hã. Eyata ne woyɔ du alo nuto vovovo siwo me Paulo ɖe gbeƒã le la, tɔ vie nàxlẽ lɛta siwo wòŋlɔ na hati Kristotɔ siwo le teƒe mawo la. Anyo hã be nàkpɔ eƒe mɔzɔzɔwo le anyigba ƒe nɔnɔmetata, abe esi le New World Translation megbe ene dzi.

(5) Ne èle Mose II vaseɖe Mose V lia xlẽm la, ke nàxlẽ lɛta si woŋlɔ na Hebritɔwo kpe ɖe eŋu be nàkpɔ nyagblɔɖikpɔɖeŋu geɖe ŋuti numekɔkɔ. Kpɔ nuŋlɔɖi si nye “Se ƒe Nubabla la Me Nya Aɖewo” si le tanya si nye “Se” te le Insight on the Scriptures me.

(6) Ne èle nyagblɔɖigbalẽwo xlẽm la, di ɣeyiɣi nàtsɔ adzro ŋutinya me nuŋlɔɖi bubu siwo do ƒome kpli wo me le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm la, dzro nya si wogblɔ le teƒe bubu le fia siwo nye Uziya, Yotam, Axaz, kple Xizkiya siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Yesaya 1:1 ŋu la me. (Fiawo II, ta 15-20; Kronika II, ta 26-32) Alo ne èle Xagai kple Zaxarya xlẽm la, gbɔ dzi ɖi nàdzro nya siwo le Ezra ƒe agbalẽa me la me.

(7) Tia Biblia-gbalẽ aɖe, xlẽ eƒe akpa aɖe (ɖewohĩ ta ɖeka), emegbe nàzã Watch Tower Publications Index alo Watchtower Library si le kɔmpiuta dzi ne ele mia degbe me nàtsɔ awɔ numekukui. Tsɔ nya la wɔ dɔe le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ me. Zãe le nuƒowo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Emegbe gaxlẽ akpa bubu.

(8) Ne Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖe li si dzro Biblia-gbalẽ aɖe me alo dzro eƒe akpa aɖe me la, ke di nyawo tso eme edziedzi ne èle Biblia ƒe akpa ma xlẽm. (Le kpɔɖeŋu me: Hawo ƒe Ha, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 1, 1957, axa 720-34; Xezekiel, “The Nations Shall Know That I Am Jehovah”—How?; Daniel, “Your Will Be Done on Earth” alo Our Incoming World Government—God’s Kingdom; Xagai kple Zaxarya, Paradise Restored to Mankind—By Theocracy!; Nyaɖeɖefia, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!)

(9) Ne èle exlẽm la, ɣlẽ mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe axa ɖesiaɖe titina la dometɔ aɖewo. De dzesi Hebri Ŋɔŋlɔawo me nya 320 siwo woyɔ ɖe Hela Ŋɔŋlɔawo me tẽ kple nya alafa geɖe bubu siwo wofia asii kpakple alesi woɖe wo nui la hã ŋu. Nya siwo wofia asii la fia nyagblɔɖiwo me vava siwo woŋlɔ ɖe Biblia me, amewo kple teƒewo ŋuti nyawo, kpakple nya siwo sɔ kple bubuwo siwo naa nyagbɔgblɔ siwo ɖewohĩ wo gɔmesese asesẽ na wò la me kɔna.

(10) Ne èle New World Translation si me wofia asi Nya Bubuwo le zãm, ne ele mia degbe me la, lé ŋku ɖe etenuŋɔŋlɔ kple nya bubu siwo do ƒome kple nusi xlẽm nèle la ŋu. Nya siawo fia nusita woɖe nya aɖewo gɔme le mɔ aɖe nu kple alesi woagate ŋu aɖe nyagbɔgblɔ vevi aɖewo gɔmee. Àdi hã be yeatsɔ kpukpui aɖewo asɔ kple Biblia-gɔmeɖeɖe bubuwo me tɔwo.

(11) Ne èxlẽ ta ɖesiaɖe vɔ la, ŋlɔ susu vevi si le ta ma me ɖi kpuie. Zãe ne èle numetoto wɔm hele ŋugble dem le eŋu emegbe.

(12) Ne èle Biblia xlẽm la, de dzesi mawunyakpukpui tiatia siwo dzi nèdi vevie be yeaɖo ŋkui, alo gbugbɔ wo ŋlɔ ɖe agbalẽviwo dzi ɖe afisi nàte ŋu akpɔ wo le gbesiagbe. Lé wo ɖe susu me; de ŋugble le wo ŋu; zã wo. Mègate kpɔ be yealé geɖe ɖe susu me zi ɖeka o, ɖewohĩ ɖeka alo eve ko kwasiɖa sia kwasiɖa; emegbe nàdi bubuwo kpee ne ègale Biblia xlẽm ɣebubuɣi.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Èxlẽa Biblia alo èƒoa kasɛt siwo dzi wolé emenyawo ɖo sena gbesiagbea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe