Nya Kae Nàgblɔ na Yudatɔ?
1 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ‘Israel-vi’ geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu. (Dɔw. 10:36) Abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene la, Yudatɔ dzianukwaretɔ geɖe tsɔ dzi blibo le nyateƒea xɔmee egbea—menye le Israel ɖeɖe ko o, ke le Russia, United States, kple dukɔ bubuwo hã me. Ðe nèdi be yeakpɔ dzidzedze geɖe wu le gbeƒãɖeɖe na Yudatɔwo mea? Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàɖi ɖase na Yudatɔ siwo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu kple amesiwo medzɔa dzi na o siaa le ŋuɖɔɖo me.
2 Gbeƒãɖeɖe na Yudatɔ Siwo Mawusubɔsubɔ Dzɔa Dzi Na: Ele be míade dzesii be Yudatɔ siwo mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na tsɔa ɖe le rabiwo ƒe kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me wu nufiafia aɖewo koŋ me ɖeɖe. Le nyateƒe me la, wobua kɔnyinyi be ele vevie abe Ŋɔŋlɔawo ke ene. Eyata menye wo katãe Biblia me nyatiwo me dzodzro tsitotsito dzɔa dzi na o. Wo dometɔ geɖe bua Biblia be Kristotɔwo ƒe agbalẽ. Le esia ta anyo wu be ne míele nu ƒom tso Biblia ŋu na wo la, míazã nya siwo nye “Hebri Ŋɔŋlɔawo,” “Tora,” alo “Ŋɔŋlɔawo.” Agbalẽ nyui aɖe si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ na Yudatɔwoe nye agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War?
3 Dzeɖonya kawoe ate ŋu anyɔ Yudatɔ siwo mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na ƒe ɖetsɔleme? Woxɔe se be Mawu ɖeka, si tsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo vevie la koe li. Woxɔe se hã be Mawu medea nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o. Àte ŋu anɔ te ɖe nya siawo dzi agblɔ nya si dzi mia kpli wo mielɔ̃ ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yudatɔ akpa gãtɔ nya nu tso fu siwo wo nɔvi Yudatɔwo kpe le Xexemeʋa II me ŋu nyuie. Womesea nusita Mawu ɖe mɔ ɖe madzɔmadzɔnyenye ma ƒomevi ŋu gɔme o, eye wobua ɣeyiɣi si vɔ̃ɖinyenye ava nuwuwui ŋu. Míesu te blibo be míaɖo nyabiase mawo ƒomevi ŋu na wo, eye míahe woƒe susu ayi nyawo abe nusiwo me mía nɔviwo to le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me ene dzi.
4 Gake be aƒemenɔla nagagbe toɖoɖo mí o ta la, anyo wu be míagaƒo nu tso amesi Mesia la nye ŋu kaba le míaƒe dzeɖoɖoa me o. Ke boŋ àte ŋu aƒo nu tso akpa si Mose wɔ le Israel-viwo ƒe ŋutinya me ŋu eye nàbia aƒemenɔla la be exɔ edzi se be Mose ƒe nufiafiawo le vevie egbea hã. Ne èkpɔe be asɔ be yeaƒo nu tso amesi Mesia la nye ŋu nɛ la, ke àte ŋu axlẽ Mose V, 18:15 nɛ gbã, si gblɔ be: “Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖo toe!” Bia aƒemenɔla be ameka ŋue Mose nɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ be nyagblɔɖila aɖe le abe ye ene. Azɔ nàƒo nu tso World Without War ƒe agbalẽ gbadza ƒe axa 14, memama 17 kple 18 ŋu kpuie.
5 Nukpɔsusu Bubue Le Yudatɔ Siwo Mawusubɔsubɔ Medzɔa Dzi Na O Si: Menye amesiame si nye Yudatɔ ye da asi ɖe Yuda-subɔsubɔha ƒe nufiafiawo dzi o. Yudatɔ geɖewo tsi dzi ɖe xexeame ƒe nyawo ŋu. Wotsi dzi vevie ɖe nusi woawɔ Yudatɔwo ƒe ŋkɔ nanyɔ ŋu, le woƒe dekɔnu, kɔnyinyi, kple agbalẽsɔsrɔ̃ me tsɔ wu gomekpɔkpɔ le Yuda-subɔsubɔ me. Yudatɔ siwo mawusubɔsubɔ medzɔa dzi na o dometɔ aɖewo nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu ɖikelawo—wo dometɔ ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã nye mawudzimaxɔselawo. Le gɔmedzedzea me la, viɖe boo aɖeke mado tso nya geɖe yɔyɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me la me o. Aɖe vi geɖe wu be nàna dzeɖoɖoa nanɔ abe alesi míeɖoa dze kple amesiwo metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o ene. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖe alesi Biblia sɔ na míaƒe ŋkekeae me nɛ. Ne aƒemenɔla mexɔe se be Biblia me nyawo tso gbɔgbɔ me o la, ekema World Without War ƒe agbalẽ gbadza la me nya aɖewo ate ŋu aɖe vi, vevietɔ esiwo le axa 3 si ƒe tanyae nye “Biblia—Mawu ƒe Gbɔgbɔ Mee Wòtsoa?”
6 Àte ŋu agblɔ nya sia ne èle ɖase ɖim na Yudatɔ:
◼ “Ame vevi aɖe ku na mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔ wòwɔ nublanui na mí. Nukae nèbu be edzɔna ɖe mía dzi ne míeku?” Na wòaɖo eŋu. Azɔ he aƒemenɔlaa ƒe susu yi aɖaka si ƒe tanyae nye “Death and the Soul—What Are They?” (Ku Kple Luʋɔ la—Nukawoe Wonye?) le World Without War ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe axa 22 dzi. Aɖaka la me nyawo tsɔ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso agbenɔnɔ le ku megbe ŋu sɔ kple rabiwo ƒe nufiafia. Ʋu memama 17 le axa 23 eye nàɖe eme nɛ be Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le paradisonyigba dzi. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ. Àte ŋu aʋu mɔ ɖi ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu ne ègblɔ nɛ be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nɔ blemafofo Hiob si. Ƒo nu tso mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o siwo le memama 17 lia me, eye gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava be yewoadzro eme.
7 Agbalẽ siwo nye Mateo, Marko, Luka, Yohanes, kple Dɔwɔwɔwo gblɔ Yudatɔ siwo ɖo to eye wowɔ nu ɖe nyateƒea nu la ŋuti nyawo. Yehowa gaʋu agbe mavɔ ƒe mɔ ɖi na amewo kokoko. Yudatɔ geɖe siwo si dzianukware le ate ŋu ava srɔ̃ nu tso Yehowa, Mawu vavã la ŋu, ale be woawo hã nate ŋu anɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexeme yeyea me.—Mixa 4:1-4.