“Nyemedii Mase O”
1 Nya siae amewo gblɔna zi geɖe le teƒe aɖewo ne míedo nyanyuia ɖe wo gbɔ. Ne míaƒe anyigbamama me tɔwo metsɔa ɖeke le míaƒe gbedasia me o la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzi nagaɖe le mía ƒo o? Nu kae míate ŋu awɔ, be amewo natsɔ ɖe le nyanyuia me?
2 Na Dzi Nanɔ Dzɔwòm Ɣesiaɣi: Ne nu si tae amewo ɖea ɖekematsɔleme fiana la le susu me na mí la, akpe ɖe mía ŋu be dzi maɖe le mía ƒo o. Ðewohĩ ame aɖewo medea asixɔxɔ aɖeke kura Biblia ŋu o le esi wofia amedzɔtsolãme ŋuti nufiafia wo, alo le esi wotsi le nuto siwo me womexɔ Mawu dzi se le me o la ta. Ðewohĩ dzi ɖe le ame aɖewo hã ƒo le alakpanuwɔna siwo wode dzesii le subɔsubɔhawo ŋu ta. Le wo dometɔ aɖewo hã gome la, ate ŋu anye be dziɖeleameƒo kple mɔkpɔkpɔbuɖeame tae wometsɔa ɖeke le gbedasia me o ɖo. (Ef. 2:12) Ame aɖewo hã ‘metsɔa ɖeke le eme o’ le esi agbe me dzimaɖitsitsiwo zu agba te ɖe wo dzi ta.—Mat. 24:37-39.
3 Eɖanye aleke kee ame aɖewo awɔ nu ɖekematsɔlemetɔe o, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me, elabena míenyae be míaƒe agbagbadzedzewo hea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. (Pet. I, 4:11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyateƒea gbɔgblɔ na amewo, na ame siwo mekpɔ eƒe vevienyenye dze sii fifia o gɔ̃ hã, doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Mina míadze agbagba abu ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me abe ale si Yehowa bua woe ene. Niniwetɔwo, ‘ame siwo menya nu kae nye ɖusi kple mia o’ la, ƒe nu wɔ nublanui na Yehowa. (Yona 4:11) Ehiã be ame siwo le míaƒe anyigbamama me la nase nyanyuia! Eya ta mele be míana ta o, ke boŋ míadi mɔ siwo nu míato ana woatsɔ ɖe le Biblia me gbedasia me.
4 Miɖo Dze Tso Nu Siwo Ŋu Amewo Tsi Dzi Ðo Vevie Le Nutoa Me Ŋu: Ðewohĩ àte ŋu aƒo nu tso nu si ŋu amewo tsi dzi ɖo vevie le nutoa me ŋu le wò ŋgɔdonya me, emegbe nàbia aƒemenɔlaa wòagblɔ ale si wòsusu tso nyaa ŋu. Ðo to nyuie ne ele nu ƒom, emegbe nàxlẽ akɔfanamenya siwo le Biblia me, siwo ku ɖe kuxi si ŋu wòtsi dzi ɖo ŋu la nɛ. Le afɔku aɖe si dzɔ le nuto aɖe me ta la, nu si Ðasefo aɖe wɔe nye be, ne eɖo aƒemenɔlaa gbɔ la, efaa konyi kple amea hefaa akɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ be: “Ne mewɔe alea ko la, wolɔ̃na faa míeɖoa dze. Mía kple amewo míeɖo dze nyui geɖe tso Biblia me, elabena wokpɔe be metsɔ ɖe le eme na yewo.”
5 Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe kuxi ɖe sia ɖe si le fu ɖem na ameƒomea la ɖa. Dze agbagba nàde dzesi kuxi si ŋu koŋ aƒemenɔlaa tsi dzi ɖo. Ðewohĩ aɖe mɔ be nàɖe Biblia me gbedasi si naa mɔkpɔkpɔ ame la me na ye. Ne melɔ̃ be nàɖe nu me na ye le gbe si gbe nèyi o hã la, ɖewohĩ alɔ̃ aɖo to wò “ɣebubuɣi.”—Dɔw. 17:32.