Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
January 8 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 108
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na ame sia ame be wòakpɔ video si nye No Blood—Medicine Meets the Challenge atsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si míawɔ le January 22 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me ŋu. Dzro “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me. Yɔ ŋkeke si miayi takpekpe tɔxɛa, ne wona mienya. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana January 1 ƒe Gbetakpɔxɔ alo January ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu gbãtɔ ƒe wɔwɔfia. Le wɔwɔfiaa me la, na woawɔ ale si woakpɔ dzeɖonyanutsinya si nye “Vovo Mele Ŋunye O” la gbɔe.—Kpɔ Reasoning gbalẽa ƒe axa 19-20 (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, ƒe axa 11-12).
15 min: “Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔ Hea Yayra Vɛ.”* Bia gbe gbeƒãɖela ɖeka alo eve siwo wonya nyuie be woɖea ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ fiana la. Aleke woɖe ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ fiae? Asitɔtrɔ kawoe wòhiã be woawɔ, eye aleke wote ŋu wɔ woe? Yayra kawoe wokpɔ le esiawo wɔwɔ me?
15 min: Nyanyuia Tsɔtsɔ Ðo Ame Sia Ame Gbɔ. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo, si woatu ɖe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa ƒe axa 92 lia va se ɖe axa 102 ƒe tanya suea dzi.
Hadzidzi 165; gbedodoɖa na kpakpã.
January 15 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 3
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Dzro “Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me, eye nàyɔ ŋkeke si miayi takpekpe sia, ne wona mienya.
15 min: Yehowa Ðasefoe Menye! Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Sɔhɛ aɖewo hena ɖe megbe be yewoagblɔe na yewo tɔwo be Yehowa Ðasefoe yewonye, elabena wosusui be woava nɔ fewu ɖum le yewo ŋu. Gake susu nyuiwo li, siwo tae wòle be nàna amewo nanya ame si nènye. Anɔ bɔbɔe na nufiala siwo nya wò dzixɔsewo la be woade bubu ŋuwò, eye esia ate ŋu awɔe be womazi dziwò be nàwɔ nane si mewɔ ɖeka kple wò dzixɔsewo o. Awɔe hã be sɔhɛ siwo mebɔbɔna ɖe se aɖeke te o la mabia tso asiwò be nàkpe ɖe yewo ŋu le nu gbegblẽ wɔwɔ me o. Wo dometɔ aɖewo hã ava se nyametsotso siwo nèwɔ ku ɖe nanewo ŋu la gɔme, abe le ahiãdzedze kple suku ƒe kamedefefewɔna aɖewo alo nu bubu siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ŋu ene me. Awɔe hã be màtsi dzodzodzoe le ɖokuiwò me le gbeƒãɖeɖe le suku loo, alo atsi dzi be yeava do go yeƒe sukuhati aɖe le gbeadzi o. (g02 3/22 axa 12 [g02-EW 4/8 axa 16]) Bia gbeƒãɖelawo woagblɔ viɖe siwo wokpɔ, esi wona amewo nya le suku be Yehowa Ðasefoe yewonye. Àte ŋu awɔ ɖoɖo kple ame ɖeka alo eve do ŋgɔ be woagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo.
20 min: “Nyemedii Mase O.”* Ne miele memama 4 lia me dzrom la, bia nyaselawo woagblɔ nu siwo ŋu amewo tsi dzi ɖo vevie le miaƒe anyigbamamaa me. Na woawɔ wɔwɔfia kpui eve, siwo me woawɔ ale si woakpɔ dzeɖonyanutsinya si nye “Nyemedii Mase O” la gbɔe.—Kpɔ Reasoning gbalẽa ƒe axa 16 lia (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, ƒe axa 8-9).
Hadzidzi 135; gbedodoɖa na kpakpã.
January 22 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 137
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia alo bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa, atsɔ awɔ ale si woana January 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple January ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana mɔnu evelia ƒe wɔwɔfiawo. Le wo dometɔ ɖeka me la, na woawɔ tɔtrɔ ayi ame si xɔa míaƒe magazineawo edziedzi gbɔ ƒe wɔwɔfia.
15 min: “Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dzɔdzɔmefɔku Si Ate Ŋu Adzɔ Ŋua?”* Woadee asi na hamemetsitsi. Gblɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 2005, axa 3 lia me nya aɖewo kpee.
20 min: “Dɔdamɔnu Nyuitɔ Kekeake—Eyae Nye Ka?” Woadee asi na hamemetsitsi. Dzro nyabiase siwo le nyati sia me, siwo ku ɖe No Blood ƒe videoa ŋu la me kple nyaselawo. Xlẽ memama mamlɛtɔ nàtsɔ aƒo numedzodzroa tae, eye nàde dzi ƒo na nɔviwo katã be woaxlẽ Gbetakpɔxɔ me nyati siwo woyɔ la nyuie.
Hadzidzi 188; gbedodoɖa na kpakpã.
January 29 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 55
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe January ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Yɔ agbalẽ si míana le February me.
12 min: Ne Èdo Ŋugbe Be Yeatrɔ Yi La, Wɔ Ðe Edzi. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo, si woatu ɖe September 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11 dzi. Bia nyaselawo ne woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe yayra siwo do tso tɔtrɔ yi ame siwo wodo ŋugbe na gbɔ me fia.
26 min: “Di Mawumeŋutifafa Le Wò Ƒomea Me.”* Woadee asi na hamemetsitsi si ɖoa kpɔɖeŋu nyui le go sia me. Mixlẽ memamawo dometɔ aɖewo miadzro mawunyakpukpui vevi aɖewo me ale si ɣeyiɣi aɖe mɔe.
Hadzidzi 37; gbedodoɖa na kpakpã.
February 5 Ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 93
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro Nyabiaɖaka me.
17 min: Miaƒe Nuhiahiãwo. Hame siwo de nutome gã takpekpea gake womedzro nya veviawo me haɖe o la ate ŋu azã akpa sia atsɔ adzro eme, abe ale si wogblɔe le November 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2 lia ene.
18 min: “Lɔlɔ̃—Nu Vevi Si Nana Subɔsubɔdɔa Tsea Ku.”* Gblɔ nya aɖewo tso February 1, 2003 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23, memama 16-17 me kpee.
Hadzidzi 83; gbedodoɖa na kpakpã.
* Wò ŋgɔdonya negade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro eme.