Nɔ Agbe Didi Le Lãmesẽ me
TSƆE be amegbetɔ ƒe agbe le abe du legbe ƒuƒu le mɔ si dzi woda mɔxenuwo ɖo—si nye duɖimekeke aɖe si me duɖimekelawo tia kpo flɔa mɔxenuwo ene. Duƒulawo katã dze duɖimekekea gɔme zi ɖeka; gake esi wole kpo tim le mɔxenuawo flɔm eye ɣeaɖewoɣi wole wo klim ta la, ɖeɖi va le dua ƒulawo ŋu tem, eye wo dometɔ geɖe na ta.
Nenema ke amegbetɔ ƒe agbe hã le, gɔmedzedze li nɛ eye mɔxenu kɔkɔwo le mɔ dzi nɛ. Le amegbetɔ ƒe agbenɔɣi la, enɔa akɔ kpem kple mɔxenu vovovowo. Akɔkpekpe kple mɔxenuawo dometɔ ɖesiaɖe naa ŋusẽ nɔa vɔvɔm le eŋu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva naa ta. Alesi mɔxenuawo kɔkɔe la, nenema ke wònaa ta alo kuna kabae. Ne amea nye dukɔ deŋgɔ me nɔla la, enaa ta le ƒe 75 lɔƒo xɔxɔ me. Woyɔa ɣeyiɣi sia be amegbetɔ akpa gãtɔ ƒe agbenɔƒe—si woate ŋu atsɔ asɔ kple afisi ne edidi ƒã la, duƒula akpa gãtɔ te ŋu sena ɖo ŋutɔŋutɔ.a (Tsɔe sɔ kple Psalmo 90:10.) Gake ame aɖewo ya te ŋu yia ŋgɔ wu nenema, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo te ŋu ɖoa ƒe si wobu be enye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe gbogbotɔ, si nye ƒe 115 va ɖo 120 lɔƒo gɔ̃ hã—si nye amenuveve kple dzidzedzekpɔkpɔ aɖe si tɔgbe mebɔ o si woɖea gbeƒãe bobobo le xexemenyadzɔdzɔwo me.
Dzesidede Mɔxenuawo
Fifia amewo ate ŋu aƒu agbedua wòadidi zi gbɔ zi eve wu alesi woate ŋui le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze. Nukatae? Nu vevitɔ si tae nye be amegbetɔ te ŋu ɖe mɔxenuawo ƒe kɔkɔme dzi kpɔtɔ. Gake nukawoe nye mɔxenuawo? Eye ɖe woagate ŋu aɖe woƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ wòagayi to wua?
Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe lãmesẽnyagbɔkpɔla bibi aɖe ɖe nu me be mɔxenu siawo dometɔ vevi aɖewo, alo woƒe akpa aɖewo, siwo gblẽa nu le amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ŋue nye amea ƒe nɔnɔme, nuto si me wòle ƒe nɔnɔme, kple amea ƒe atikewɔwɔ.b Esia fia be, alesi nètrɔ asi le wò nɔnɔme ŋu be wòanyo ɖe edzii, alesi nèdzra nɔwòƒe ɖo wòade wò lãmesẽ dzi wui, kple alesi nèna wò atikewɔmɔnuwo nyo ɖe edzii la, nenema ke mɔxenuawo ƒe kɔkɔme aɖiɖi eye wòana nànɔ agbe wòadidi wui. Togbɔ be amewo ƒe nɔnɔmewo to vovo tso wo nɔewo gbɔ ale gbegbe hã la, amesiame kloe—tso gadzraɖoƒedzikpɔlawo dzi le Sydney vaseɖe mɔtonudzralawo dzi le São Paulo—ate ŋu awɔ nane atsɔ aɖiɖi mɔxenuawo ƒe kɔkɔme ɖe anyi le woƒe agbe me. Aleke?
Nɔnɔme Siwo Agblẽ Nu le Wò Dzidzedzekpɔkpɔ Ŋu
The New England Journal of Medicine ka nya ta be: “Menye agbe didi koe amesiwo si nɔnɔme nyui siwo dea lãmesẽ dzi wu le nɔna o, ke enaa ame mawo megbɔdzɔna kaba o vaseɖe woƒe agbe ƒe nuwuwu ƒe ƒe ʋɛ mamlɛawo me.” Nyateƒee, woate ŋu aɖiɖi mɔxenu gbãtɔa ƒe kɔkɔme ɖe anyi to tɔtrɔwɔwɔ le nɔnɔmewo abe nuɖuɖu, nunono, anyimɔmlɔ, atamanono, kple kamedede ene ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, mina míabu kamedede ŋu kpɔ.
Kamedede. Kamedede si da sɔ ɖea vi ale gbegbe. (Kpɔ aɖaka si nye “Kamedede Agbɔsɔsɔme Kae Hiã eye Ka Ƒomevi?”) Numekukuwo ɖee fia be kamedede le aƒea me kple aƒea godo si mebia nu geɖe o kpe ɖe ame tsitsi siwo dome ‘amegãɖeɖi kple nyagãɖeɖi’ kuɖekuɖewo hã le ŋu be ŋusẽ kple agbe gaɖo wo me. Le kpɔɖeŋu me, ame tsitsiwo ƒe ha aɖe siwo xɔ tso ƒe 72 va ɖo 98 kpɔe be le kwasiɖa ewo ko ƒe kamedede si me yewokɔa nu kpekpewo dzi le megbe la, yewote ŋu zɔa azɔli kabakaba wu eye atrakpuilialia nɔa bɔbɔe na yewo wu. Eye esia mewɔ nuku o! Esi wodo wo kpɔ le kamedede ƒe ɣeyiɣi sia megbe la, wokpɔe be ŋusẽ ɖo kamedela siawo ƒe lãmekawo ŋu wu zi gbɔ zi eve. Ƒuƒoƒo bubu siwo dometɔ akpa gãtɔ nye nyɔnu siwo nye teƒeɖekanɔla siwo xɔ vaseɖe ƒe 70, dea ka me zi eve le kwasiɖa ɖeka me. Le ƒe ɖeka megbe la, ŋusẽ ɖo woƒe lãmekawo ŋu eye wonɔ nɔnɔme nyui me woƒe ƒuwo hã kpɔ tutuɖo nyui. Nugbagbeŋutinunyala Miriam Nelson si wɔ numekuku sia gblɔ be: “Esime míedze egɔme la, míenɔ vɔvɔ̃m be míade abi míaƒe ƒuxlɔ̃ewo ŋu, atso ƒutsiakawo, agblẽ nu le lãmekawo ŋu. Gake nusi do tso emee nye be ŋusẽ kple lãmesẽ boŋ va ɖo ameawo ŋu.”
Agbalẽ aɖe ƒo dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku siwo katã wowɔ le tsitsi kple kamedede ŋu me tsonuwo nu ƒu gblɔ kpuie be: “Kamedede hea tsitsi ƒe nugbegblẽ le ame ŋu ɖe megbe, eye wòdidia agbe ɖe edzi, eye wòɖea ɣeyiɣi didi si woazu agba ɖe ame bubuwo dzi si doa ŋgɔ na ku zi geɖe dzi kpɔtɔna.”
Susu me ƒe Kamedede. Edze abe nya si wogblɔna be “Zãe loo alo nebɔ wò” meku ɖe lãmekawo ɖeɖeko ŋu o ke eku ɖe susua hã ŋu ene. Togbɔ be vaseɖe afi aɖe la, tsitsi kple nuŋɔŋlɔbee zɔna hã la, numekuku siwo United States ƒe Ametsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha wɔ ɖee fia be susu si tsi ŋutɔ kpɔtɔ te ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu ale gbegbe be ate ŋu anɔ te ɖe tsitsi ƒe nugbegblẽ le ame ŋu nu. Eyata Ðk. Antonio R. Damasio si nye ahɔhɔ̃ŋutinunyafialagã ƒo nya ta be: “Susu ƒe ŋutete deŋgɔ si ŋu nu megblẽ le o ate ŋu akpɔtɔ anɔ amesiwo tsi le ƒe me si.” Nukae na ame tsitsiwo ƒe ahɔhɔ̃ yia edzi te ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu?
Ahɔhɔ̃menugbagbevi biliɔn 100 ye le ahɔhɔ̃a me, eye kadodo triliɔn nanewoe le wo dome. Kadodo siawo wɔa dɔ abe telefonkawo ene si nana be ahɔhɔ̃menugbagbeviwo te ŋu “ƒoa nu” na wo nɔewo, eye ale wɔ wote ŋu léa nu ɖe susu me hekpe ɖe nu bubuwo wɔwɔ ŋu. Ne ahɔhɔ̃a le tsitsim la, ahɔhɔ̃menugbagbeviwo kuna. (Kpɔ aɖaka si nye “Ŋkuléle ɖe Ahɔhɔ̃menugbagbeviwo Ŋu Ake.”) Gake ame tsitsiwo ƒe ahɔhɔ̃ te ŋu wɔa dɔ si ahɔhɔ̃menugbagbevi siwo ku wɔna tsã. Ne ahɔhɔ̃menugbagbevi aɖe ku la, esiwo dome wòku le wɔa nu enumake to ka yeyewo dodo kple ahɔhɔ̃menugbagbevi bubuwo me eye woxɔa esi ku ƒe dɔ wɔna. Ewɔnɛ be le nyateƒe me la, ahɔhɔ̃a toa mɔ sia dzi trɔa dɔa wɔwɔ ƒe agbanɔamedzi tso nuto aɖe me yia nuto bubu me. Eyata ame tsitsi geɖe kpɔa nyawo gbɔ le susu me abe alesi tututu ɖekakpuiwo te ŋu wɔnɛ ene gake wozãa ahɔhɔ̃a ƒe akpa bubuwo tsɔ wɔnɛ. Vaseɖe afi aɖe la, ame tsitsiwo ƒe susu te ŋu wɔa nu wòdea sɔsɔ ge kloe kple tenis-ƒola tsitsi si togbɔ be megate ŋu ɖea abla le eƒoƒo me o hã la, ezãa aɖaŋu vovovo siwo mesu tenis-ƒola si wòtsi wu si o tsɔ kpɔa nɔnɔmea gbɔe. Gake togbɔ be ezã aɖaŋu siwo to vovo na ame evelia si wòtsi wu tɔ hã la, ame tsitsia hã doa age.
Nukae ame tsitsiwo ate ŋu awɔ ayi agea dodo dzi? Le numekuku wɔwɔ le amesiwo wu 1,000 siwo xɔ tso ƒe 70 va ɖo 80 ŋu vɔ megbe la, tsitsiŋutinumekula Ðk. Marilyn Albert kpɔe be susu ƒe kamededee nye nusiwo ɖea ame tsitsi siwo ate ŋu alé woƒe susuŋudɔwɔwɔ nyuie me ɖe asi fiana dometɔ ɖeka. (Kpɔ aɖaka si nye “Susua ƒe Tɔtrɔ Ðe Nu Ŋu Takpɔkpɔ.”) Susu ƒe kamedede léa ahɔhɔ̃a ƒe ‘telefon-kawo’ ɖe te. Eŋununyalawo gblɔ be le go bubu me la, susu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzea egɔme “ne amewo xɔ dzudzɔ, eye wotso nya me be yewomawɔ nu boo aɖeke kura o, be mele be yewoagatsi dzi ɖe nusiwo le edzi yim le xexeame la ŋu azɔ o.”—Inside the Brain.
Eyata Ðk. Jack Rowe si nye tsitsiŋutinunyala ɖe nu me be nyanyuiae nye be “ele be nɔnɔme siwo gbɔ míate ŋu akpɔ alo siwo ŋu míate ŋu atrɔ asi le nado ŋusẽ míaƒe ŋutete be míawɔ nu akpɔ dzidzedze le míaƒe tsitsime.” Gawu la, metsi megbe gbeɖe be míatu nɔnɔme nyuiwo ɖo o. Numekula aɖe gblɔ be: “Ne nusiwo medea lãmesẽ dzi o wɔwɔ xɔ wò agbenɔɣi akpa gãtɔ me gɔ̃ hã eye nèva wɔ tɔtrɔ le wò agbemeƒe mamlɛawo me la, àŋe agbenɔnɔ si dea lãmesẽ dzi ƒe teƒeɖoɖoawo ƒe ɖewo ya teti.”
Nutoa Me Wɔa Akpa Vevi Aɖe
Ne woagbugbɔ nyɔnuvi aɖe si wodzi le London egbe ayi megbemegbe le London si nɔ anyi le Titinaɣeyiɣiwo me la, eƒe agbenɔƒe made alesi wòanɔ egbea ƒe afã o. Vovototo ma matso tɔtrɔ kpata si ava nyɔnuvia ƒe agbe me gbɔ o, ke boŋ atso tɔtrɔ kpata siwo ava le mɔxenu bubu eve aɖewo—nutome kple atikewɔwɔ—ƒe nyonyome gome gbɔ. Gbã la, de ŋugble tso nutoa me ŋu kpɔ.
Nutoa me. Tsã la, amegbetɔ ƒe nutome—le kpɔɖeŋu me, eƒe aƒeme—nye nusi me afɔku nɔ ale gbegbe. Gake ƒe aɖewoe nye esi va yi la, afɔku siwo tsoa nutoa me ƒe nɔnɔme gbɔ dzi ɖe kpɔtɔ. Dzadzɛnyenye si ka ɖe eme wu, tsi si nyo wu, lãvi siwo gblẽa nu le ame ŋu ƒe aƒeme nɔnɔ na ame dzi ɖe kpɔtɔ si na be nuwo ka ɖe eme le amegbetɔ ƒe nɔƒe si de eƒe lãmesẽ dzi, eye wòdidi eƒe agbenɔƒe ɖe edzi. Ena be le xexeame ƒe akpa geɖe la, amegbetɔ te ŋu le agbe didi nɔm.c Gake mɔxenu siawo ƒe kɔkɔme dzi ɖeɖe kpɔtɔ bia nu geɖe wu asitɔtrɔ le wò nutome ŋu be wòanyo ɖe edzi. Ebia hã be woana hadomegbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme tuameɖowo nanɔ anyi.
Amesiwo dome nèle. Amewoe kpɔa ŋusẽ ɖe hadomenɔnɔme siwo le afisi nèle dzi—amesiwo dome nèle, amesiwo nèwɔa dɔ, ɖua nu, dea ta agu, hefena kplii. Nuwo nyona ɖe edzi le wò aƒeme ne èzãa tsi nyui; nenema ke wò hadomenɔnɔme anyo ɖe edzi ne èdea ha tuameɖowo, esi nye nu veviawo dometɔ ɖeka ko. Ne ète ŋu ƒoa nu tso wò dzidzɔ kple nuxaxawo, wò mɔkpɔkpɔwo kple wò dziɖeleameƒowo ŋu na ame bubuwo la, eɖea mɔxenu siwo le wò nutoame ƒe kɔkɔme dzi kpɔtɔna eye awɔe be nànɔ agbe wòadidi wu.
Gake ne mèƒoa nu tso wo ŋu na ame aɖeke o la, ate ŋu atso wò agbenɔƒe dzi. Ne mèdea ha o la, ate ŋu ana be nàtsi akogo eye agbe manɔ mewò le mia tɔwo dome o. Àyrɔ sũ ne mèkpɔ ame aɖeke wòafa akɔ na wò ɖetsɔlemetɔe le amesiwo dome nèle me o. Nyɔnu aɖe si nɔ ame tsitsiwo dzikpɔƒe ŋlɔ agbalẽ na eƒe ame nyanyɛ aɖe be: “Mexɔ ƒe 82 eye mele aƒe sia me ƒe 16 sɔŋ enye si. Wokpɔa mía dzi nyuie, gake ɣeaɖewoɣi tenɔnɔ ɖe akogotsitsia nu sesẽna ale gbegbe.” Nublanuitɔe la, nyɔnu sia ƒe nɔnɔme sɔ kple ame tsitsi geɖe tɔ, vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Zi geɖe la, ablɔɖe sua wo si le amesiwo dome wole la dome gake ƒã hafi woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiaa wo. Esia na be James Calleja si nye Dukɔwo Dome Ame Tsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha me tɔ gblɔ be: “Akogotsitsi nye nu vevi siwo gblẽa nu le ame tsitsiwo ƒe lãmesẽ ŋu zi geɖe le dukɔ deŋgɔwo me la dometɔ ɖeka.”
Nyateƒee, ɖewohĩ manya wɔ be nàɖe nɔnɔme siwo naa wònɔa bɔbɔe be nàtsi akogo—abe dzudzɔxɔxɔledɔme si se bia, gbɔdzɔgbɔdzɔ le azɔlizɔzɔ gome, xɔlɔ̃ veviwo ƒe kuku le ame gbɔ, alo ame srɔ̃ ƒe ku ene—ɖa ya o, gake àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ aɖe mɔxenu sia ƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ wòasɔ na wò. Gbã la, nenɔ susu me na wò be akogotsitsi ƒe seselelãme metso tsitsi gbɔ o; sɔhɛ aɖewo hã tsia akogo. Menye tsitsi gbɔe kuxia tso o—ke boŋ ɖeɖeɖeaga le amewo gbɔe wòtso. Nukae nàwɔ be màgaɖe ɖokuiwò ɖe aga o?
Ahosi tsitsi aɖe ɖo aɖaŋu be: “Na gbɔwò nɔnɔ nado dzidzɔ na ame. Ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu nɔa amesi ŋu nu medzena o gbɔ. Ehiã be nàdze agbagba anye dzidzɔme. Nyateƒee, esia mele bɔbɔe o, gake agbagba si nàdze aɖe vi na wò emegbe. Ne ènyo dɔme na ame hafi woanyo dɔme na wò hã.” Egblɔ kpee be: “Be mate ŋu akpɔ dzeɖonya aɖewo siwo ado dzidzɔ na amesiwo medoa goe, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ada ɖi la, medzea agbagba be maxlẽ magazine siwo me nufiamenya nyuiwo le eye mesea nyadzɔdzɔwo.”
Aɖaŋuɖoɖo bubu aɖewoe nye si: Srɔ̃ alesi nàkpɔ dzidzɔ ɖe nusi ame bubuwo lɔ̃na ŋu. Bia nya. Na nu ame alesi nàte ŋui. Ne ŋutilãmenuwo mele asiwò o la, àte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana; dzidzɔ le nana me ale gbegbe. Ŋlɔ lɛta. Wɔ modzakaɖedɔ aɖe. Yi nenye be ame aɖe kpe wò be nàva srã ye kpɔ alo kpe wò be miayi tsaɖiƒe. Na wò aƒeme nanɔ nɔnɔme nyui me eye wòadze amedzrowo ŋu. Dze agbagba nàte ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu eye nàkpe ɖe wo ŋu.
Mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔmewo. Kpeɖodzi gbogbo aɖewo li si le eɖem fia be mawusubɔsubɔ nuwɔnawo kpena ɖe ame tsitsiwo ŋu be wokpɔna be “gɔmesese kple asixɔxɔ le yewoƒe agbe ŋu” eye wokpɔa “dzidzɔ,” “sena le wo ɖokui me be viɖe le yewo ŋu,” “wosea vivi na agbe wu” eye “wosena le wo ɖokui me be yewonye nutoa me tɔwo ƒe akpa aɖe eye yewole dedie.” Nukatae? Agbalẽ si nye Later Life—The Realities of Aging ɖe eme be: “Mawusubɔsubɔ fiaa agbeŋutinunya, nɔnɔme, kple agbenɔnɔdzidzenu ƒomevi vovovowo, kpakple dzixɔse si ana amewo nase xexeme si ƒo xlã wo la gɔme.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mawusubɔsubɔ nuwɔnawo naa ame tsitsiwo doa go ame bubuwo si ɖea “alesi wòate ŋu adzɔe be woaɖe ɖe aga alo atsi akogo dzi kpɔtɔna.”
Le Louise kple Evelyn, amesiwo nye ahosi siwo xɔ ƒe 80 eye wole Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me gome la, ɖeko numekuku sia ɖo kpe nusi wokpɔ dze sii ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la dzi. Louise gblɔ be: “Le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatad me la, meɖoa dze kple amewo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa. Nufiame geɖe le kpekpeawo me. Ne míele ha dem kple mía nɔewo, ne míekpã le kpekpea me la, míekoa nu dzidzɔtɔe hã. Enyea ɣeyiɣi si me dzi dzɔa mí ŋutɔ.” Evelyn ƒe mawusubɔsubɔdɔwo ɖea vi na eya ŋutɔ hã. Egblɔ be: “Nye nutoa me tɔwo gbɔ yiyi be míaɖo dze tso Biblia ŋu naa nyemesena le ɖokuinye me be mesa ɖe aga o. Gawu la, enaa mekpɔa dzidzɔ. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya gɔmesese vavãtɔ si le agbe ŋu nye dɔwɔna si me dzidzeme le.”
Edze kɔte be tameɖoɖo aɖe le Louise kple Evelyn si le agbe me. Dedienɔnɔ ƒe seselelãme si sua wo si la ɖe mɔxenu evelia—si nye nutoa me—ƒe kɔkɔme dzi kpɔtɔ eye wòna woyia ŋgɔ tamanamanae.—Psalmo 92:14, 15.
Atikewɔwɔ si Mexɔ Asi O Gake Wòhewɔa Dɔ Ale Gbegbe—Eli Woakpɔ
Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikeŋutinunya me le ƒe alafa sia me ɖe mɔxenu etɔ̃lia, si nye atikewɔwɔ, ƒe kɔkɔme dzi kpɔtɔ nukutɔe—gake menye le xexeame katã o. The World Health Report 1998 gblɔ be le dukɔ dahe geɖe me la, “le nyateƒe me la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe dzi ɖe kpɔtɔ le ƒe 1975-1995 domee.” Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ be “ame 3 le 4 ɖesiaɖe me le dukɔ siwo meyi ŋgɔ kura o me egbea kuna do ŋgɔ na ƒe 50 xɔxɔ—si nye ƒe si wobu ƒe 50 enye si va yi be enye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le mama dedie nu.”
Togbɔ be ele alea hã la, ame tsitsi kple ɖevi gbogbo aɖewo siwo le dzidzim ɖe edzi le dukɔ dahewo me le mɔxenu sia ƒe kɔkɔme dzi ɖem kpɔtɔ to atikewɔwɔ si li eye mebia ga geɖe o zazã me. Míatsɔ yɔmekpe dada ƒe mɔnu yeye aɖe abe kpɔɖeŋu ene.
Le xexeame katã la, ne wotsɔ amesiwo AIDS, asrã, kple anyigba xɔdzo dzi dɔléle wuna ƒe agbɔsɔsɔme ƒo ƒu la mede amesiwo yɔmekpe wuna nu o—ewua ame 8,000 gbesiagbe. Le yɔmekpeléla 100 ɖesiaɖe me la, wo dometɔ 95 le dukɔ madeŋgɔwo me. Amesiwo ade miliɔn 20 ye le yɔmekpe lém fifia, eye ate ŋu awu ame miliɔn 30 le ƒe ewo siwo gbɔna me, si nye agbɔsɔsɔ si sɔ kple amesiwo katã le Bolivia, Cambodia, kple Malawi ƒe ƒuƒoƒo.
Mewɔ nuku o be enye dzidzɔ na Lãmesẽ Habɔbɔa be woɖe gbeƒãe le ƒe 1997 me be yewokpɔ dɔdadamɔnu aɖe si ate ŋu ada yɔmekpe le ɣleti ade me le esi mahiã be woaxɔ ame ɖe kɔdzi loo alo woazã atikewɔɖaŋu deŋgɔwo o. The TB Treatment Observer si nye agbalẽ aɖe si Lãmesẽ Habɔbɔa ta gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ xexeame kpɔ dɔwɔnu kple mɔnu siwo ŋu kakaɖedzi le na yɔmekpe dɔvɔ̃a dzi ɖuɖu, menye le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo la ɖeɖeko me o, ke le xexemedukɔ siwo da ahe wu hã me.” Woyɔa dɔdamɔnu sia—si ŋu ame aɖewo gblɔ le be enye “lãmesẽ me ŋgɔyiyi gãtɔ kekeake le ƒe ewo siawo me”—le Eŋlisigbe me be DOTS.e
Togbɔ be dɔdamɔnu sia mexɔ asi de dɔdamɔnu siwo wozãna na ame geɖe egbea le yɔmekpe dada me nu o hã la, emetsonuwo fia be mɔkpɔkpɔ le eŋu, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me, be akpɔ dzidzedze. Ðk. Arata Kochi si nye Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe Xexeame Yɔmekpe Gbɔkpɔha ƒe dɔdzikpɔla gblɔ be: “Yɔmekpe dɔdamɔnu bubu aɖeke meli si wɔa dɔ nenema gbegbe o. Ame agbɔsɔsɔme si haya le teƒe siwo wozã DOTS le la de alafa memama 95, le dukɔ siwo da ahe wu gɔ̃ hã me.” Kaka ƒe 1997 naɖo la, dukɔ 89 nɔ DOTS-dɔdamɔnua zãm. Xexlẽme ma yi dzi va ɖo dukɔ 96 egbea. Lãmesẽ Habɔbɔa le mɔ kpɔm be dɔdamɔnu sia aɖo ame dahe miliɔn geɖe bubuwo gbɔ le dukɔ siwo meyi ŋgɔ kura o me, eye esia akpe ɖe wo ŋu be woaɖe mɔxenu etɔ̃lia ƒe kɔkɔme dzi akpɔtɔ le agbeduɖimekekea me.
Esi amegbetɔ trɔ asi le eƒe nɔnɔmewo ŋu, na eƒe nutome ƒe nɔnɔme nyo ɖe edzi, eye wòtrɔ asi le eƒe atikewɔwɔ ŋu wònyo ɖe edzi ta la, ete ŋu didi amegbetɔ akpa gãtɔ ƒe agbenɔƒe ɖe edzi. Biabia si fɔ ɖe tee nye, Ðe wòanya wɔ be amegbetɔ nate ŋu ana be amewo nanɔ agbe aɖo eƒe agbenɔƒe ƒe seƒe si nye mlɔetɔ kekeake gbaɖegbe—ɖewohĩ kura gɔ̃ hã wòanɔ agbe tegbetegbea?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Togbɔ be wote ŋu zã nyagbɔgblɔ siwo nye “ƒe gbogbotɔ si wosusu be amegbetɔ ƒe agbenɔƒe anye” kple “ame akpa gãtɔ ƒe agbenɔƒe” na wo nɔewo hã la, vovototo le nya evea dome. “Ƒe gbogbotɔ si wosusu be amegbetɔ ƒe agbenɔƒe anye” fiaa ƒe xexlẽme si woate ŋu akpɔ mɔ be ame nanɔ agbe ase ɖo, eye “amegbetɔ akpa gãtɔ ƒe agbenɔƒe” hã fiaa ƒe xexlẽme si ame akpa gãtɔ nɔa agbe sena ɖo ŋutɔŋutɔ. Esia fia be wotu ƒe gbogbotɔ si wosusu be amegbetɔ ƒe agbenɔƒe anye ɖe ƒe siwo ame akpa gãtɔ nɔa agbe sena ɖo dzi.
b Tsɔ kpe ɖe nusiawo siwo ŋu woate ŋu atrɔ asi le ŋu la, edze ƒã be amegbetɔ ƒe agbe ƒe domenyiŋusẽ si wòdzɔ kplii si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o hã kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe lãmesẽ kple eƒe agbe didi nɔnɔ dzi. Míadzro esia me le nyati si akplɔe ɖo me.
c Ne èle alesi nàwɔ nusiwo mabia nu boo aɖeke o atsɔ ana aƒea me nuwo nanyo ɖe edzi ŋu nyatakaka bubuwo dim la, ke kpɔ nyati siwo nye “Ŋgɔdzedze Dzadzɛnyenye ƒe Kuxi La” kple “Nusiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi—Nusi Nàte Ŋu Awɔ le Wo Ŋu,” siwo dze le September 22, 1988, kple April 8, 1995, Eŋlisigbe me ƒe Nyɔ! me.
d Woyɔa afisi Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo le be Fiaɖuƒe Akpata. Amesiame ate ŋu ade kpekpe siawo faa, femaxee.
e DOTS nye Eŋlisigbe me nya siwo nye directly observed treatment, short-course (atikezazã teƒekpɔkpɔ tututu, edadamɔnu kpuitɔ) ƒe ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔwo ƒe yɔyɔ kpuie. Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo tso DOTS dɔdamɔnua ŋu le nyati si nye “Wobla Akpa Yeye le Aʋawɔwɔ me Kple Yɔmekpe,” le June 8, 1999, ƒe Nyɔ! me.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
KAMEDEDE AGBƆSƆSƆME KAE HIÃ EYE KA ƑOMEVI?
Ame Tsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha gblɔ be: “Kamedenuwɔna aɖe si mesesẽ fũ o wɔwɔ aɖabaƒoƒo blaetɔ̃ gbesiagbe nye taɖodzinu nyui aɖe.” Gake mehiã be nàtsɔ aɖabaƒoƒo 30 la katã ade kamee zi ɖeka o. Wogblɔ be kamedede le ɣeyiɣi kpui si nye aɖabaƒoƒo 10 vovovo etɔ̃ me ƒe viɖewo sɔ kple viɖe siwo woakpɔ le aɖabaƒoƒo 30 la katã zazã ɖe kamedede ŋu zi ɖeka me. Kame ka tɔgbee nate ŋu ade? Don’t Take It Easy: Exercise! si nye agbalẽvi si Ame Tsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha ta la gblɔ be: “Nuwɔna tuameɖo kpuiwo abe atrakpui lialia tsɔ wu be woazã dziƒoxɔliamɔ̃, alo azɔlizɔzɔ tsɔ wu be woaɖo ʋu, ƒe ƒuƒoƒo ate ŋu ade kamedede aɖabaƒoƒo 30 gbesiagbe nu. Aŋgba siwo dudu ɖi lɔlɔ, gomekpɔkpɔ le fefe aɖe me kple ɖeviwo, dɔwɔwɔ le abɔ me, kple aƒemedɔwo gɔ̃ hã wɔwɔ, esiawo katã wɔwɔ ate ŋu ade kamedede si nèhiã gbesiagbe nu.” Gake nunya le eme be nàkpɔ wò ɖɔkta do ŋgɔ hafi adze kamedede ɖoɖo aɖe gɔme.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]
SUSUA ƑE TƆTRƆ ÐE NU ŊU TAKPƆKPƆ
Woke ɖe nu vovovo siwo nana ame tsitsiwo ƒe susu yia edzi trɔna ɖe nu ŋu la ŋu le dzɔdzɔmeŋutinusɔsrɔ̃ siwo wowɔ kple ame tsitsi akpe geɖe me. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye “gomekpɔkpɔ le agbalẽxexlẽ, mɔzɔzɔ, ŋgɔyidɔwo wɔwɔ, nusɔsrɔ̃, hadedewo, kple dɔwɔha aɖe me nɔnɔ me alesi dze.” “Wɔ nu vovovo alesinu nàte ŋui.” “Lé wò dɔwɔna me ɖe asi. Mègaɖe asi le ewɔwɔ ŋu o.” “Tsi television la.” “Ƒo ɖokuiwò ɖe nane sɔsrɔ̃ me.” Woxɔe se be menye dzo yeye koe nuwɔna mawo dea ame me o ke enaa ŋusẽ yeye ɖoa ahɔhɔ̃mekadodowo hã ŋu.
[Nɔnɔmetata]
Susu me ƒe kamedede kpena ɖe susua ŋu wòte ŋu trɔna ɖe nu ŋu bɔbɔe
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]
LÃMESẼŊUNYA AÐEWO NA AME TSITSIWO
United States ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Lãmesẽ Kple Kpekpeɖeŋunana Amewo ƒe Nya Gbɔ ƒe dɔwɔha aɖe si nye Ame Tsitsiwo ƒe Nyagbɔkpɔha gblɔ be, “woate ŋu atrɔ asi le mɔnu siwo li be ame ate ŋu anɔ lãmesẽ me ahanɔ agbe wòadidi ŋu wòanyo ɖe edzi” to wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo me susu le, abe esiwo gbɔna ene dzi:
● Ðu nuɖuɖu si da sɔ, siwo me atikutsetsewo kple amagbewo hã le.
● Ne ènoa aha la, mèganoe fũ o.
● Mègano atama o. Metsi megbe akpa be nàdzudzɔ enono o.
● De kame edziedzi. Kpɔ ɖɔkta aɖe hafi nàdze kamedeɖoɖo aɖe gɔme.
● De ha kple ƒomea kpakple xɔlɔ̃wo.
● Na dzo nanɔ mewò to dɔwɔwɔ, fefe, kple hadede me.
● Na nukpɔsusu nyui nanɔ asiwò ɖe agbe ŋu.
● Wɔ nusiwo doa dzidzɔ na wò.
● Nɔ wò lãmesẽ dom kpɔ edziedzi.
[Aɖaka si le axa 17]
ŊKULÉLE ÐE AHƆHƆ̃MENUGBAGBEVIWO ŊU AKE
Ðk. Marilyn Albert si nye tagbɔdɔléle kple ahɔhɔ̃ ŋuti nufialagã gblɔ be: “Míebuna tsã be wò ahɔhɔ̃menugbagbeviwo kuna gbesiagbe le wò agbe me le ahɔhɔ̃a ƒe akpa ɖesiaɖe. Mele nenema kura o— wo dometɔ aɖewo buna ne èle tsitsim le ɖoɖo si da sɔ nu le ahɔhɔ̃a ƒe teƒe tiatia aɖewo ya, gake vɔvɔ̃ mele eŋu nenema gbegbe o.” Azɔ hã November 1998 Scientific American ka nya ta be nusiwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa hã ɖee fia be nusi dzi woxɔ se xoxoxo be amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ mate ŋu agawɔ ahɔhɔ̃menugbagbevi yeyewo o la nye nyagbɔgblɔ si míagblɔ be “ele gbadzaa akpa.” Ahɔhɔ̃ŋutinusrɔ̃lawo gblɔ be kpeɖodzi le yewo si fifia be ame tsitsiwo gɔ̃ hã ƒe ahɔhɔ̃ “wɔa ahɔhɔ̃menugbagbevi yeye alafa geɖe kpenɛ.”
[Aɖaka si le axa 19]
TSITSI NA WONYAA NU WUA?
Biblia bia be, ‘Ðe nunya mele amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwo oa?’ (Hiob 12:12) Nukae nye ŋuɖoɖoa? Numekulawo srɔ̃ nu tso ame tsitsiwo ŋu be nɔnɔme veviwo abe “gɔmesese, nuŋububu nyui, nukpɔsusu nyui kple sidzedze nusiwo le vevie wu kpakple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ mɔnuwo ƒe ŋutete le wo si.” U.S.News & World Report gblɔ be numekukua ɖee fia be “ame tsitsiwo le ŋgɔ na sɔhɛwo le nunya me le go sia go me, eye woɖoa aɖaŋu deŋgɔ siwo ŋu wobu nyuie.” Numekukuwo ɖee fia hã be “togbɔ be ame tsitsiwo xɔa ɣeyiɣi geɖe wu sɔhɛwo hafi tsoa nya me hã la, woƒe nyametsotso nyona wu.” Eyata abe alesi Biblia-gbalẽ si nye Hiob ɖee fia ene la, nunya deŋgɔ le tsitsime nyateƒe.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Amegbetɔ ƒe agbe le abe du legbeƒuƒu le mɔ si dzi mɔxenuwo yɔ fũ ene
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Kamedenuwɔna aɖe si mesesẽ fũ o ate ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu be ŋusẽ kple dzo nagaɖo wo me
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Ahosi aɖe ɖo aɖaŋu be: “Na gbɔwò nɔnɔ nado dzidzɔ na ame”
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
“Kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya gɔmesese vavã si le agbe ŋu nye dɔwɔna si me dzidzeme le.”—Evelyn
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
“Le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, meɖoa dze kple amewo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa.”—Louise