INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/1 axa 29-31
  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzideƒonya Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣi Nu na Dutanyanyuigblɔla Yeyewo
  • Gbebiamewo
  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Gilead Sukunuwulawo—“Dutanyanyuigblɔla Akuakuawoe Wonye!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Gilead Ðo Dutanyanyuigblɔlawo ‘Ðe Anyigba ƒe Seƒe Ke’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/1 axa 29-31

Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo

WONYA Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo le alesi wosrɔ̃a ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le woƒe gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme ta. Wote gbe ɖe dɔ sia dzi le nya siwo wogblɔ tsɔ dze Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 102 lia nuwuwu ƒe wɔnawo gɔmee la me.

Le March 1, 1997 dzi la, Albert Schroeder si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ he susu yi nyati si dze le Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Le Point me dzi. Etɔ ati Roma Katolikoha la ƒe ɖoɖo si wòwɔ ɖe aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖe gɔmedzedze le Italy ŋu. Nyatia gblɔ be: “Be [Vatican ƒe mawunyadɔgbedelawo] nagatsɔ asiƒuƒlu aʋli ho le Yehowa Ðasefowo ƒe anyigbamamã me o la, Vatican la wɔ nusi wòate ŋui be wota Marko Kɔkɔe ƒe Nyanyui miliɔn geɖe gɔ̃ hã, esi woƒe amedɔdɔwo kpe akɔ kple ame bibiwo [Ðasefoawo] le nyanyuia ‘tsɔtsɔna’ tso aƒeme yi aƒeme me ta.”

Sukunuwula 48 siawo le amesiwo srɔ̃ Yesu ƒe gbeƒãɖeɖe mɔnu nyuiawo le Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ me dome. Dukɔ enyi mee wotso va Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York. Wosrɔ̃ Biblia bliboa wu enu le woƒe ɣleti atɔ̃ ƒe sukudedea me. Wosrɔ̃ nu tso Mawu ƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya, dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe akpa vovovowo, kple Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo hã ŋu le woƒe hehexɔxɔa me. Taɖodzinu ɖeka aɖe tae wofia nusiawo katã wo ɖo—bene woadzra wo ɖo na dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ le dzronyigba 17 siwo dzi woaɖo wo ɖa. Ame 5,015 tso dukɔ vovovo me va kpɔ dzidzɔ kple wo le woƒe sukunuwuwu ƒe wɔna la me. Aɖaŋu nyui mamlɛ kawoe woɖo na Gilead sukuviawo?

Dzideƒonya Siwo Sɔ Ðe Ɣeyiɣi Nu na Dutanyanyuigblɔla Yeyewo

Esi zimenɔla la gblɔ eƒe ŋgɔdonyawo vɔ la, Ralph Walls si kpena ɖe Dziɖuha la ƒe Dɔwɔlawo ƒe Kɔmiti ŋu la ƒo nuƒo kpui gbãtɔ si me aɖaŋuɖoɖo nyui le na dutanyanyuigblɔla yeyeawo. Eƒe tanyae nye “Ðo Ŋku Amelɔlɔ̃ Dzi.” Egblɔ be Biblia gblɔe ɖi le Timoteo II ta 3 be amemalɔmalɔ̃ adzi ɖe edzi le xexeame la ŋu. Ŋkuɖodzinya si wògblɔ na dutanyanyuigblɔla yeyeawo si sɔ ɖe ɣeyiɣiawo nu eye wòwɔ ɖeka kple alesi woɖɔ lɔlɔ̃ le Korintotɔwo I, 13:1-7 enye be: “Ðewohĩ mi dutanyanyuigblɔlawo miagbɔ miaƒe gaƒoƒonudidia ŋu. Sidzedze gbogbo ate ŋu anɔ mia si tso Gilead hehexɔxɔa me. Alo ɖewohĩ míatsɔ veviedodo awɔ dɔ ɣeyiɣi geɖe akpe esi míewɔna le dɔwɔɣi le míaƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwo me. Gake míaƒe agbagbadzedzewo kple vɔsawo katã azu dzodzro ne míeŋlɔ amelɔlɔ̃ be.”

Amesi kplɔe ɖo le nuƒoawo ƒoƒo mee nye Carey Barber si le Dziɖuha la me, amesi ƒo nu tso nyati si nye “Yehowa Le Ŋgɔ na Mí Míeyina Aʋa Dzi Ðu Ge” ŋu. Togbɔ be woti Yehowa Mawu subɔla nuteƒewɔlawo yome tso esime wonɔ ʋee le gɔmedzedzea me le Xexemeʋa I megbe hã la, enɔ ŋgɔ na wo le gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia me eye woɖu aʋa dzi. Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi wonya wo ɣemaɣi la va xɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me wòve dɔme na Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo kakaka. Nɔviŋutsu Barber gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su Gilead dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe hehexɔlawo ƒe klass 102 lia me tɔwo si azɔ be woawɔ geɖe le dɔ kɔkɔe sia me be woana mɔnukpɔkpɔ ame geɖe si woate ŋui be woanya ŋkɔ kɔkɔe ma.” Wova kpe ɖe dutanyanyuigblɔla siwo ƒe xexlẽme de 7,131 siwo wohe le Gilead Sukua me eye wole eme woɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya la le dukɔ 54 me le ƒe 1943 me wòɖo dukɔ 233 me egbea la ŋu.

Nuƒola si kplɔe ɖoe nye Lloyd Barry, amesi hã le Dziɖuha la me, eye wònye Gilead ƒe klass 11 lia nuwula si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Japan wu ƒe 25. Eƒe tanya si wòtsɔ de dzi ƒoe nye, “Lé Nusiawo Me Ðe Asi.” Egblɔ na sukuviawo be: “Dzidodo mee miaƒe dzidzɔ akpa gãtɔ atso.” Teƒeɖoɖo kawoe dona tsoa dzidodo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa alo teokrasi dɔdasi bubu ɖesiaɖe wɔwɔ me? “Ƒo wo katã ta la, míaƒe dzidodo naa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ . . . Dzidzeme gã aɖe li miakpɔ ne miewɔ nuteƒe le dodokpɔ me . . . Miwɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ miaƒe agbemedɔe . . . Teƒeɖoɖo dodzidzɔname si miakpɔe nye be woagblɔ na mi be ‘miawoe wɔ dɔ.’ ” (Mateo 25:21; Lododowo 27:11) Nɔviŋutsu Barry tsɔ dzidzɔ ɖo aɖaŋu na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be ‘woalé nusiawo me ɖe asi’ aɖoe kplikpaa be dutanyanyuigbɔgblɔdɔa nazu yewoƒe agbemedɔ.—Timoteo I, 4:16.

Nya si Karl Adams, amesi fia nu Gilead ƒe klass geɖe bia enye be “Nukae Nàkpɔ?” Egblɔ be nusi dutanyanyuigblɔla yeyeawo akpɔ le woƒe dɔwo wɔwɔ me la menɔ te ɖe woƒe ŋku ŋutɔŋutɔ dzi o ke woƒe dzi ƒe ŋku dzi boŋ dzie wònɔ te ɖo. (Efesotɔwo 1:18) Etsɔ nusi Israel-vi ŋkutsalawo kpɔ esime wotsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi la wɔ kpɔɖeŋui. Nu ɖekae ŋkutsala 12 la katã tsɔ woƒe ŋku ŋutɔŋutɔ kpɔe, gake wo dometɔ eve koe tsɔ Mawu ƒe nukpɔsusu kpɔ Ŋugbedodonyigba lae. Dutanyanyuigblɔlawo hã ate ŋu akpɔ nu le mɔ vovovo nu. Ðewohĩ woakpɔ hiãkame, vevesese, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame teƒe le dukɔ siwo me woawɔ dɔ le la dometɔ aɖewo me. Gake mele be dzi naɖe le wo ƒo woadzo le dukɔa me o. Nɔviŋutsu Adams gblɔ be dutanyanyuigblɔla aɖe si do le klass ɖeka me nyitsɔ laa la gblɔ be: “Nuteƒekpɔkpɔ siawo na medze sii be ele be manɔ afisia. Amesiawo hiã na mɔkpɔkpɔ hena etsɔme. Medi be maɖɔ nanewo ɖo le woƒe agbe me.” Nɔviŋutsu Adams de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo le eƒe nyawo taƒoƒo me be woabu teƒe siwo wode dɔ asi na wo le be wonye afisiwo Yehowa ɖo kplikpaa be woanye Yeƒe anyigba dzi Paradiso la ƒe akpa aɖee eye woabu afimatɔwo be wonye amesiwo ava zu xexeme yeyea me tɔwo.

Wallace Liverance si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe geɖe hafi va zu Gilead-nufiala lae ƒo nuƒo mamlɛtɔ le wɔnaawo ƒe akpa sia. Eƒe tanyae nye “Tsɔ Mawu ƒe Dɔ Wɔnukuwo Gɔmesese Wɔ Nu.” Nugɔmese tsɔtsɔ wɔ dɔe bia be woatsɔ ŋuɖɔɖɔɖo, aɖaŋudzedze, kple nuŋububu nyuie awɔ dɔe. Nu mae Israel ƒe Fia Saul do kpo wɔwɔ.—Samuel I, 13:9-13; 15:1-22.

Mɔ siwo nu woatsɔ nugɔmesese awɔ dɔe le dometɔ ɖekae nye be woalɔ̃ anɔ te ɖe kuxi siwo le agbe yeye nɔnɔ me la nu, hekpe ɖe gbegbɔgblɔ yeye sɔsrɔ̃ kple amewo nyanya ŋu. Nusiwo me dutanyanyuigblɔlawo ato ne wole akɔ kpem kple kuxiwo kpakple ne wole kplamatsedonuwo dzi ɖum la ado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me abe alesi ŋusẽ ɖo Yosua kple Kaleb ŋu esi wosi anyigba si Mawu tsɔ de wo sii la ene.

Gbebiamewo

Wɔnaawo ƒe akpa si kplɔe ɖoe nye gbebiame vovovowo. Harold Jackson bia gbe Ulysses Glass si nye ŋkɔŋlɔla kple nufiala xoxo aɖe le Gilead Sukua, amesi xɔ ƒe 85 fifia. Dutanyanyuigblɔla geɖe siwo gakpɔtɔ le gbeadzi la ɖoa ŋku eƒe ƒe geɖe ƒe nufiafia kple hehenana dzi nyuie. Emegbe Mark Noumair, Gilead-nufiala si wɔ dɔ le duta ƒe geɖe le Afrika hafi va zu Gilead Sukua me nufialawo dometɔ ɖeka la kplɔe ɖo. Ebia gbe sukuviawo tso woƒe subɔsubɔdɔ si wowɔ le ɣleti atɔ̃ si me wonɔ sukua dem ŋu. Woƒe nuteƒekpɔkpɔwo fia be ame geɖe tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me le afima ƒe anyigbamamã me.

Azɔ Robert Ciranko kple Charles Molohan ƒo nu kple ŋutsu kpɔnuteƒe siwo nɔ suku bubu dem le hehexɔƒea, si nye alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔlawo ƒe suku. Aɖaŋu siwo woɖo na sukunuwulaawo dometɔ aɖee nye alesi wòhiã be woabɔbɔ wo ɖokui eye woana ɖekawɔwɔ nanɔ hameawo mee. Woɖo aɖaŋu na sukunuwulaawo be woaganɔ tame bum le nusiwo wosusu be adzɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ŋu o, ke boŋ woanɔ lɔlɔ̃m faa be yewoaxɔ nusianu si yewoado goe. Ðikeke mele eme o be ne dutanyanyuigblɔla yeyeawo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe la, woate ŋu awɔ Mawu ƒe Nya fialawo ƒe dɔ si wode wo si la.

Mlɔeba la, Theodore Jaracz si nye Dziɖuha la me tɔ ƒo nu na vavalawo le nyati si nye “Kae Le Ŋusẽ Kpɔm Ðe Nɔvia Dzi?” ŋu. Eɖe eme be ne mí Kristotɔwo míeɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo fia la, míate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi. Egblɔ be: “Kpeɖodzi si dze na kafukafu li be dutanyanyuigblɔla siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo ɖe dɔ gbe la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi le gbɔgbɔ me.” Emegbe egblɔ nya aɖewo siwo amesiwo dutanyanyuigblɔlawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo kpe ɖo be wole Mawu subɔm la gblɔ. Ewu enu be: “Mina ŋkɔ nyui si Yehowa ƒe amewo xɔ la nakpɔtɔ anɔ wo ŋu eye miyi edzi mianɔ amewo gbɔ yim le miaƒe dutadɔawo me anɔ amesiwo dze la dim . . . Azɔ ha, minɔ agbe dzɔdzɔe, si le dzadzɛ, ale be miatsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu, eye miakpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi bene wòanye kafukafu kple bubu na Yehowa.”

Le wɔnaawo taƒoƒo me la, zimenɔla la gblɔ gbedoname siwo woxɔ tso didiƒe kple kpuiƒe siaa eye emegbe wòtsɔ ɖaseɖigbalẽwo na sukunuwulawo eye wògblɔ teƒe siwo woawɔ woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le na wo. Le ema megbe la, sukunuwulawo dometɔ ɖeka xlẽ sukuviawo ƒe tameɖoɖo si me woda akpe ɖe nusiwo wofia wo la ta le. Edze ƒã be klass 102 lia ƒe sukunuwuwu ƒe wɔnawo na vavalawo katã gaɖoe kplikpaa wu tsã be yewoayi Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 102 Lia Nuwulawo

Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Duffy, C.; Alexis, D.; Harff, R.; Lee, J.; Corey, V.; Nortum, T.; Mora, N.; Journet, F. (2) Djupvik, L.; Singh, K.; Hart, B.; Kirkoryan, M.; Lee, S.; Rastall, S.; Zoulin, K.; Kollat, K. (3) Singh, D.; Pitteloud, J.; Pitteloud, F.; Bokoch, N.; Torma, C.; Muxlow, A.; Richardson, C.; Nortum, D. (4) Harff, J.; Journet, K.; Barber, A.; Loberto, J.; Loberto, R.; Muxlow, M.; Mora, R.; Hart, M. (5) Torma, S.; Rastall, A.; Diaz, R.; Diaz, H.; Weiser, M.; Weiser, J.; Kirkoryan, G.; Zoulin, A. (6) Alexis, R.; Barber, D.; Djupvik, H.; Duffy, C.; Kollat, T.; Richardson, M.; Bokoch, S.; Corey, G.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe