INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w09 8/1 axa 24-25
  • Raxab Se Nyadzɔdzɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Raxab Se Nyadzɔdzɔwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Raxab Xɔ Yehowa Dzi Se
    Fia Nu Viwòwo
  • Wobui ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Rahab Ɣla Ŋkutsalawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
w09 8/1 axa 24-25

Fia Nu Viwòwo

Raxab Se Nyadzɔdzɔwo

ƑE 3,500 sɔŋ ye nye esi va yi. Tsɔe be míele Yerixo dua, si le Kanaan nyigba dzi la me ɣemaɣi. Nyɔnuvi aɖe le dua me si ŋkɔe nye Raxab. Wodzii le ɣeyiɣi si me Mose kplɔ Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte eye wozɔ ƒuƒuiƒe to Ƒudzĩa me la megbe! Radio, television, alo Internet aɖeke menɔ anyi ɣemaɣi o, gake Raxab nya nu tso nukunu sia ŋu, togbɔ be nu sia dzɔ le teƒe didi aɖe tso afi si wònɔ hã. Ènya ale si wòwɔ nya nu tso eŋua?—a

Ðikeke mele eme o be mɔzɔlawoe anya gblɔ nukunu siawo ŋu nya na amewo. Esi Raxab tsi la, eɖo ŋku nu si Yehowa wɔ na eƒe dukɔa la dzi. Eye ese nu wɔnuku bubu siwo Mawu wɔ ɖe Israel viwo nu la hã ŋu nya. Le woƒe gbeadzinɔnɔ hena ƒe 40 sɔŋ megbe la, woge ɖe Kanaan nyigba dzi, eye Mawu nɔ kpekpem ɖe wo ŋu wonɔ ame siwo katã tsi tsitre ɖe wo ŋu la dzi ɖum. Fifia, Raxab se be Israel viwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yordan Tɔsisia godo, le afi si medidi tso Yerixo gbɔ kura o!

Gbe ɖeka fiẽ la, amedzro eve aɖewo va Raxab gbɔ le esi wonya be ewɔa dɔ le afi si amedzrowo tea ŋu dzena la ta. Raxab xɔ wo. Le zã me la, Yerixo fia se be Israel ŋkutsala aɖewo ge ɖe dua me eye woyi aƒe si me Raxab wɔa dɔ le la me. Eya ta fia la dɔ amewo ɖe Raxab be woagblɔ nɛ be wòade ŋutsu siwo va egbɔ la asi na yewo. Ènya nu si Raxab nya xoxo kple nu si wòwɔa?—

Hafi fia ƒe amedɔdɔawo nava ɖo la, Raxab nya xoxo be Israel ŋkutsalawoe yeƒe amedzroawo nye. Eya ta ekplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta, eye esi fia ƒe amedɔdɔawo va la, egblɔ na wo be: ‘Ele eme be ŋutsuawo va gbɔnye. Gake esi anyigba tsyɔ, eye wole agbo tu ge la, ŋutsuawo do go.’ Raxab gblɔ na wo be: “Miti wo yome kaba.”

Ènya nu si tae Raxab kpɔ ŋkutsalaawo ta ɖoa?— Eya ŋutɔ ɖe eme esi wògblɔ na wo be: ‘Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi. Elabena míese ale si Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte.’ Ese nu tso ale si Mawu kpe ɖe Israel viwo ŋu woɖu woƒe futɔ bubuwo dzi la hã ŋu.

Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Raxab kpɔ ŋkutsalawo tae la ŋu, abe ale si Biblia gblɔe na mí le Hebritɔwo 11:31 ene. Nu si Raxab bia ŋkutsalawo la hã dze Mawu ŋu; ebia wo be: ‘Meve mia nu, eya ta meɖe kuku mika ɖe edzi nam be ne miesi Yerixo la, miakpɔ fofonye kple danye kpakple nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo ta.’ Ŋkutsalaawo do ŋugbe be yewoawɔ nenema ne Raxab wɔ ɖe mɔfiame siwo yewoanae la dzi pɛpɛpɛ. Ènya mɔfiame siwo wonaea?—

Ŋkutsalaawo gblɔ nɛ be: ‘Tsɔ ka dzẽ sia tsi ɖe wò fesre nu, eye nàƒo ƒowòmetɔwo katã nu ƒu ɖe aƒewò me. Ne èwɔ esia la, wo katã woatsi agbe.’ Raxab wɔ ɖe ŋkutsalaawo ƒe mɔfiameawo dzi pɛpɛpɛ. Ènya nu si va dzɔa?—

Israel viwo va do ɖe Yerixo dua ƒe gliwo gbɔ. Wozɔ ƒo xlã dua le ɖoɖoezizi me gbe ɖeka zi ɖeka hena ŋkeke ade sɔŋ. Le ŋkeke adrelia dzi la, wozɔ ƒo xlã dua zi gbɔ zi adre, eye emegbe wodo ɣli sesĩe. Gliawo katã mu, negbe aƒe si ƒe fesre ŋu wotsi ka dzẽa ɖo la ko! Raxab kple eƒe ƒometɔwo katã tsi agbe.—Yosua 2:1-24; 6:1-5, 14, 15, 20-25.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si Raxab wɔ la me?— Menye ɖeko wòse nu siwo Mawu wɔ tsɔ kpɔ eƒe amewo ta la ŋu nyawo ko o, ke ekpe ɖe wo ŋu hã esi mɔnukpɔkpɔa su esi be wòawɔ nenema. Raxab lɔ̃ be yeawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo ahasubɔe! Ðe wò hã nàwɔe nenema?— Míele gbe dom ɖa be wòava eme na wò nenema.

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

Nyabiasewo:

  • Nudzɔdzɔ vevi kawo ŋu nyae Raxab se le eƒe ɖevime?

  • Aleke wòwɔ nu ɖe Israel ŋkutsalaawo ŋu, eye nu ka tae?

  • Ŋugbe kae Raxab na ŋkutsalaawo do nɛ?

  • Aleke míewɔ nya be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Raxab ŋu, eye aleke nàte ŋu awɔ nu abe eyama ene?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe