Ènyaa?
Ðe Yesu do ƒome kple eƒe apostolo 12-awo dometɔ aɖea?
▪ Ŋɔŋlɔawo meɖo nya sia ŋu tẽe o. Gake nu bubu aɖewo kple blemagbalẽwo na wòdze abe wo ame 12-awo dometɔ aɖewo do ƒome kple Yesu ene.
Nya nyui gbalẽawo ŋlɔlawo yɔ nyɔnu siwo nɔ eteƒe esi Yesu nɔ kukum le fuwɔametia ŋu la ƒe ŋkɔwo. Yohanes 19:25 yɔ wo dometɔ ene: “Yesu dada [Maria] kple dadaa nɔvinyɔnu, kpakple Maria, Klopa srɔ̃, kple Maria, Magdalatɔ.” Ne míetsɔ mawunyakpukpui sia sɔ kple nya siwo Mateo kple Marko hã gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ke ŋu la, míate ŋu aƒo nya ta be Yesu dada nɔvinyɔnu lae nye Salome. Eye edze abe Salome siae nye Zebedeo viwo dada ene. (Mateo 27:55, 56; Marko 15:40) Ne nenemae la, ekema Salome viawo, siwo woyɔ be Yakobo kple Yohanes kple Yesu wonye nɔgãnɔɖiviwo. Yesu yɔ nɔvi eve siawo, siwo nye ɖɔkplɔlawo, be woadze ye yome.—Mateo 4:21, 22.
Blemagbalẽ bubu aɖewo gblɔ be nyɔnu siwo woyɔ le Yohanes 19:25 la dometɔ ɖeka srɔ̃, si nye Kleopa, alo Alfeo, nye Yosef si xɔ Yesu nyi la nɔvi. Ne nyateƒee la, ekema Yakobo si nye Alfeo vi kple Yesu wonye tɔgãtɔɖiviwo.—Mateo 10:3.
Aleke Yesu kple Yohanes Amenyrɔɖetsimela do ƒomee?
▪ Ame aɖewo xɔe se be wo dzilawo nye nɔgãnɔɖiviwo. Ale si womeɖe Luka 1:36 gɔme nyuie le Biblia aɖewo me o tae wosusui nenema ɖo. Woɖe mawunyakpukpui ma gɔme le King James Version Biblia me be Yohanes dada Elisabet kple Yesu dada Maria wonye nɔgãnɔɖiviwo.
Gake nya si wozã le Helagbe gbãtɔa me la mefia be wonye ƒometɔ kplikplikpli nenema kokoko o. Ðeko wògblɔ be nyɔnu eve siawo nye ƒometɔ, si mefia kokoko be nɔgãnɔɖiviwoe wonye o. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (The Interpreter’s Dictionary of the Bible) gblɔ be: “Ðeko wogblɔ nya la gbadzaa ko, eya ta míate ŋu anɔ te ɖe edzi agblɔ ale si tututu wodo ƒomee o.” Ke aleke wòdzɔe hafi ame geɖe va bua Yesu dada kple Yohanes dada be wonye nɔgãnɔɖiviwo? Numekugbalẽ aɖe (The Catholic Encyclopedia) ɖo eŋu be: “Nu siwo katã míenya tso . . . Maria dzilawo . . . ŋu la tso agbalẽ siwo dzi womeda asi ɖo be wotso Mawu gbɔ o la me.”
Eya ta Yesu kple Yohanes wonye ƒome abɔlegbe, ke menye ƒometɔ kplikplikpliwo kokoko o.