Agbemeŋutinya
“Nu Ɣaɣla” Si Míesrɔ̃ Tso Míaƒe Subɔsubɔ Kɔkɔe La Me
ABE ALE SI OLIVIER RANDRIAMORA GBLƆE ENE
“Menya ale si nu hiãa ame, ɛ̃, menya ale si nu bɔna ɖe ame si. Le nu sia nu kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia: be manya ale si woɖia ƒo kple ale si dɔ wua ame . . . Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—Flp. 4:12, 13.
PAULO ƒe nya siawo de dzi ƒo na nye kple srɔ̃nye Oly geɖe ŋutɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Abe Paulo ene la, míesrɔ̃ “nu ɣaɣla” la esi míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe esime míele Esubɔm le Madagascar afi sia.
Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Oly dada le ƒe 1982 me la, mía kple Oly míedo srɔ̃ɖeŋugbe na mía nɔewo xoxo. Nye hã melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim, eye Oly hã va wɔ ɖeka kplim emegbe. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1983 me, míexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1985 me, eye míedze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme enumake. Le July 1986 me la, míezu gbesiagbe mɔɖelawo.
Le September 1987 me la, míete subɔsubɔ abe mɔɖela veviwo ene. Teƒe gbãtɔ si woɖo mí ɖo lae nye du sue aɖe si le Madagascar ƒe dzieheɣetoɖoƒe, afi si hame aɖeke mele o. Gbegbɔgblɔ 18 koŋ kple to vovovo manyaxlẽ ye le Madagascar, eye hadomekɔnu kple kɔnyinyi vovovowo le wo si. Malagasygbe ye nye gbe si koŋ wodona le dukɔa me, gake gbetagbe vevi aɖewo hã li. Eya ta míedze gbe si wodona le míaƒe nuto yeyea me la sɔsrɔ̃ gɔme, eye esia wɔe be nutoa me tɔwo xɔ mí nyuie.
Le gɔmedzedzea me la, meƒoa dutoƒonuƒo Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe, eye le nuƒoawo ƒe nuwuwu la, ele be Oly naƒo asikpe. Míawo ɖeɖe koe vaa kpekpea. Míewɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua hã pɛpɛpɛ, eye Oly ɖeka wɔa eƒe dɔdeasiawo abe ɖe wòle nu ƒom na aƒemenɔla aɖe ene. Agba gã ka gbegbee nye esi dzo le mía dzi esi nutome sue dzikpɔla si va srã mí kpɔ la doe ɖa tufafatɔe be míatrɔ asi le kpekpeawo ŋu!
Esi lɛtawo mevana ɖe ɖoɖo nu o ta la, gakpekpeɖeŋu si míexɔna ɣleti sia ɣleti la meva kaa mía si edziedzi o. Eya ta míeva nya ale si nu hiãa ame. Gbe ɖeka la, ga si le mía si la mede ne míaɖo ʋu ayi nutome sue takpekpe si woawɔ le teƒe aɖe si didi tso mía gbɔ kilometa 130 la o. Míeɖo ŋku aɖaŋu nyui aɖe si hati Ðasefo aɖe ɖo na mí la dzi. Egblɔ be: “Migblɔ miaƒe kuxiwo na Yehowa. Elabena eƒe dɔ wɔm miele.” Eya ta míedo gbe ɖa, eye míetso nya me be míato afɔ ayi. Esi wòsusɔ vie míadze mɔ la, nɔviŋutsu aɖe va srã mí kpɔ, evɔ míenɔ mɔ kpɔm nɛ hafi o, eye wòna ga mí—ʋuɖoga si tututu míehiã!
NUTOME SUE DZI KPƆKPƆ DƆA
Le February 1991 me la, woɖom nutome sue dzikpɔla. Ɣemaɣi la, míaƒe ƒuƒoƒo sue la dzi ɖe edzi va zu gbeƒãɖela 9, wo dometɔ 3 xɔ nyɔnyrɔ, eye ame 50 vaa kpekpeawo le mama dedie nu. Esi wona hehem vɔ la, míesubɔ nutome aɖe le fiadua, si nye Antananarivo, me. Le ƒe 1993 me la, wogbugbɔ ɖo mí ɖe nutome sue aɖe, si le dukɔa ƒe ɣedzeƒe gome la, me. Agbenɔnɔ le afi ma to vovo kura na ale si wòle le dugã me.
Hafi míate ŋu asrã hamewo kple ƒuƒoƒo saɖeagawo kpɔ la, afɔ míetona; ɣeaɖewoɣi la, míezɔna kilometa 145 sɔŋ toa to siwo dzi ave dodowo le dzi. Nu ʋɛ aɖewo ko míetsɔna ɖe asi. Ke hã ne fotoɖeɖefia aɖe le nutome sue dzikpɔlaa ƒe dutoƒonuƒoa me, abe ale si wònɔna ɣeaɖewoɣi le ŋkeke mawo me ene la, míaƒe agbawo kpena ɖe edzi. Oly droa mɔ si míetsɔ ɖea fotoawo fiana la, eye nyea medroa ʋu ƒe batri si ƒe ŋusẽ nye volt 12 la.
Zi geɖe la, míezɔna abe kilometa 40 sɔŋ ene gbe ɖeka hafi ɖoa hame bubu gbɔ. Le mɔa dzi la, míezɔna blewublewu ŋuɖɔɖotɔe toa todomemɔwo dzi liaa toawo heɖina, míetsoa tɔsisiwo, eye míezɔna to baawo me. Ɣeaɖewoɣi la, míemlɔa mɔ to le zã me, gake zi geɖe la, míedzea agbagba be míaɖo kɔƒe aɖe me be míate ŋu adi dɔƒe. Ɣeaɖewoɣi la, míebiaa ame aɖewo siwo míenya kura o la be woana míatsi wo gbɔ adɔ. Ne míekpɔ dɔƒe vɔ la, míedzea nuɖaɖa gɔme. Oly ɣea nuɖaze eye wòyia tɔsisi alo ta si te ɖe afi ma la to ɖakua tsi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nye hã meɣea fía tsɔ fea nake si míatsɔ aɖa nui la. Nu ɖe sia ɖe xɔa ɣeyiɣi. Ɣeaɖewoɣi la, míeƒlea koklo, eye ele be míawui ahanyɔ fu le eŋu keŋ.
Ne míeɖu nu vɔ la, míeyina ɖakua tsi si míale. Ɣeaɖewoɣi la, míemlɔa dzodoƒea. Ne tsi dza la, ahiã be míaziɔ ɖe glia ŋu zã bliboa ale be tsi nagaƒo mí o, elabena xɔgbanua nɔ ɖuɖum.
Míeɖonɛ koŋ ɖea gbeƒã na ame si ƒe aƒe me míedze la ɣesiaɣi. Ne míeva ɖo teƒe si yim míele mlɔeba la, mía nɔvi Kristotɔwo ƒe dɔmenyonyo kple amedzrowɔwɔ wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe sasrãkpɔa ŋu tso dzi me la wɔnɛ be míeŋlɔa fu siwo katã míekpe le mɔa dzi la be.
Ne míedze hati Ðasefowo ƒe aƒe me la, míekpɔa dzidzɔ le kpekpe ɖe wo ŋu me, le woƒe aƒemedɔwo wɔwɔ me. Esia nana be woawo hã wokpɔa vovo kpena ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míekpɔa mɔ be woana nu xɔasiwo alo nuɖuɖu tɔxɛ aɖe, si ame si gbɔ míedze la mate ŋu aƒle o la, mí o.
ƑUƑOƑO SAÐEAGAWO SASRÃ KPƆ
Ƒuƒoƒo saɖeagawo sasrã kpɔ doa dzidzɔ na mí ŋutɔ, elabena hafi míaɖo nɔviawo gbɔ la, wowɔa ɖoɖo nyuiwo, eye dɔ geɖe nɔa mía lalam. Bebli hafi míekpɔa ɣeyiɣi ‘ɖina ɖe eme vie.’ (Mar. 6:31) Le teƒe aɖe la, Ðasefo atsu kple asi aɖe kpe woƒe Biblia nusrɔ̃viwo katã—wo ame 40 sɔŋ—va woƒe aƒe me ale be míate ŋu akpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me kpli wo. Oly kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu wosrɔ̃ nu kple ame siwo ade 20, eye nye kple nɔviŋutsu la hã míesrɔ̃ nu kple ame 20 susɔeawo. Ne míesrɔ̃ nu kple nusrɔ̃vi aɖe vɔ ko la, bubu va xɔna ɖe eteƒe enumake. Le gaƒoƒo aɖewo megbe la, míedzudzɔ nusɔsrɔ̃awo gbɔ hewɔ hamea ƒe kpekpeawo, eye le kpekpeawo megbe la, míegadze Biblia nusɔsrɔ̃awo wɔwɔ gɔme. Ŋkeke ma si yɔ fũu kple dɔwɔnawo la wu enu zã me, esi wòƒo ga enyi to eŋu yina!
Esi míeyi ɖasrã ƒuƒoƒo saɖeaga bubu aɖe kpɔ la, mí katã míelɔ hoo le ŋdi ga enyi me lɔƒo ɖo ta kɔƒe aɖe si le nutoa me la me. Mí katã míedo awu xoxowo. Le afɔzɔzɔ kilometa geɖe to avewo me vɔ megbe la, míeva ɖo kɔƒea me le ga 12 me lɔƒo. Míegbugbɔ do awu dzadzɛwo, eye enumake míete gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me. Aƒe ʋɛ aɖewo koe le afi ma, gake gbeƒãɖelawo ya sɔ gbɔ. Eya ta míekpe anyigbamama bliboa ɖo le miniti 30 me. Eyome míeɖo ta kɔƒe si kplɔe ɖo la me. Esi míewu gbeƒãɖeɖe nu le afi ma vɔ la, ele be míagazɔ mɔ legbee ma atrɔ ayi aƒe me. Le gɔmedzedzea me la, mɔzɔzɔ alea ɖe dzi le mía ƒo vie. Míezã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe gake gaƒoƒo ɖeka lɔƒo koe míezã le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me. Ke hã Ðasefo siwo nɔ saɖeaganutoa me meto nyatoƒoe o. Wokpɔtɔ nɔ dzidzɔ kpɔm.
Saɖagaƒuƒoƒo aɖe si nɔ Taviranambo la nɔ to aɖe tame. Míeke ɖe ƒome ɖeka aɖe si me tɔwo nye Ðasefowo, siwo le xɔnugoe ɖeka aɖe me, la ŋu le afi ma. Xɔ sue aɖe hã le afi ma si wozãna abe kpekpewɔƒe ene. Nɔvi si gbɔ míadze la do ɣli kple gbe gã aɖe le vo me be, “Nɔviwo lee!” Tete gbe aɖe xɔ edzi nɛ tso to evelia tame be, “Ago!” Nɔvia gado ɣli ake be: “Nutome sue dzikpɔla la va ɖo!” Ŋuɖoɖo gava ake be, “Yoo!” Edze abe wogblɔ míaƒe vava ŋu nya na ame bubu siwo le nuto siwo gale ŋgɔ la me ene. Eteƒe medidi o, amewo te ƒuƒoƒo, eye esi míedze kpekpea gɔme la, ame siwo wu 100 sɔŋ ye va ƒo ƒu.
ƲUÐOÐOKUXIWO
Le ƒe 1996 me la, woɖo mí ɖe nutome sue aɖe si te ɖe Antananarivo ŋu, le titina tonutowo me. Nuto sia hã ƒe kuxiwo le etɔxɛ. Ʋu meyia nuto siwo sa ɖe aga la me edziedzi o. Wowɔ ɖoɖo na mí be míayi aɖasrã ƒuƒoƒo aɖe kpɔ le Beankàna (Besakay), si didi tso Antananarivo abe kilometa 240 ene. Esi míeƒo asi kple ʋukula aɖe vɔ la, míeɖo agbatsɔʋu sue aɖe si ɖo ta afi ma. Mɔzɔla bubu siwo ade 30 la le ʋua me kple etame siaa, wo dometɔ aɖewo mlɔ ʋua tame eye bubuwo ku ɖe eŋu le megbea.
Abe ale si wòdzɔna zi geɖe ene la, eteƒe medidi o ʋua gblẽ, eye míetsɔ afɔ kplɔe. Esi míezɔ ʋuu gaƒoƒo aɖewo eye ɖeɖi te mía ŋu la, agbatsɔʋu gã aɖe va nɔ yiyim. Amewo yɔ ʋua xoxo, eye wòtsɔ agba gbogbo aɖewo hã, ke hã ʋukulaa tɔ. Míelia ʋua ge ɖe eme, gake mɔ meli míanɔ anyi o, ɖeko wòle be míanɔ tsitrenu. Emegbe míeva ɖo tɔdzisasrã aɖe si wonɔ dzadzram ɖo la gbɔ. Míegatsɔ afɔ kplɔe ake, eye míeva ɖo kɔƒe sue aɖe si me mɔɖela vevi aɖewo le me. Togbɔ be menye ɖe míewɔ ɖoɖo be míava srã wo kpɔ o hã la, míetsi afi ma nɔ gbeƒã ɖem kpli wo henɔ lalam be woawu tɔdzisasrãa dzadzraɖo nu eye ʋu bubu aɖe nava.
Kwasiɖa ɖeka va yi hafi ʋu aɖe va, eye míegayi míaƒe mɔzɔzɔa dzi. Ʋe globowo le mɔa dzi fũu. Ehiãna be míatutu ʋua enuenu to tsi siwo de to va ɖo míaƒe klowo nu la me, eye míeklia nu dzea anyi zi geɖe. Le ŋdi kanya la, míeva ɖo kɔƒe aɖe me, eye míeɖi le afi ma. Míedze ɖa le mɔ gã la dzi eye míeyi mɔzɔzɔa dzi kple afɔ to tsiteƒe siwo wodea mɔligble le; míeto tsi siwo ɖo ba eye wose keke míaƒe ali ke la me ɖo ta teƒe si yim míele.
Emae nye zi gbãtɔ si míele nuto ma me yim, eya ta míetiae be míaɖe gbeƒã na ame aɖewo siwo nɔ dɔ wɔm le mɔligbleawo me eye míabia nutoa me Ðasefowo ta se le wo gbɔ. Aleke gbegbe dzi dzɔ míi nye esi, esi míekpɔe be míaƒe gbɔgbɔmenɔviwoe dɔwɔla mawo nye!
DZIDEDE ƑO NA AME BUBUWO BE WOAZU ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆLAWO
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míekpɔ dzidzɔ geɖe esi míekpɔ viɖe siwo do tso dzidede ƒo na ame bubuwo be woazu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo la me. Esi míenɔ hame aɖe si me gbesiagbe mɔɖela asieke nɔ srãm kpɔ la, míede dzi ƒo na mɔɖela ɖe sia ɖe be wòaɖoe eƒe taɖodzinu be yeakpe ɖe gbeƒãɖela ɖeka ŋu wòazu mɔɖela. Esi míeyi ɖasrã wo kpɔ le ɣleti ade megbe la, gbesiagbe mɔɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi nukutɔe va ɖo 22. Nɔvinyɔnu gbesiagbe mɔɖela eve aɖewo de dzi ƒo na wo fofo siwo nye hamemetsitsiwo la wova zu gbesiagbe mɔɖelawo. Nɔviŋutsu siawo hã de dzi ƒo na hamemetsitsi etɔ̃lia eya hã zu mɔɖela. Eteƒe medidi kura o, woɖo hamemetsitsi etɔ̃lia sia mɔɖela vevii. Emegbe la, eya kple srɔ̃a wodze nutome dzi kpɔkpɔ dɔa gɔme. Ke hamemetsitsi eve mamlɛawo ya ɖe? Ðeka le subɔsubɔm abe nutome sue dzikpɔla ene, eye evelia le subɔsubɔm abe Fiaɖuƒe Akpata tula lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ene.
Míedaa akpe na Yehowa gbe sia gbe ɖe eƒe kpekpeɖeŋu ta esi míenyae be míate ŋu awɔ naneke le míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o ta. Nyateƒee, ɖeɖi tea mía ŋu eye míedzea dɔ hã ɣeaɖewoɣi, ke hã míekpɔa dzidzɔ ne míede ŋugble tso viɖe siwo do tso míaƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. Yehowa nana eƒe dɔa ɖea zɔ. Edzɔa dzi na mí be míawɔ mía tɔ sinua esi míele esubɔm abe mɔɖela veviwo ene fifia. Ɛ̃, míeva nya “nu ɣaɣla” la, to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, ame si ‘doa ŋusẽ’ mí la, ŋu me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Míeva nya “nu ɣaɣla” la, to ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me
[Anyigbatata/Nɔnɔmetata siwo le axa 4]
Madagascar, si wogayɔna be Big Red Island lae nye ƒukpo enelia si lolo wu le anyigba dzi. Ke dzĩ ye le afi ma, eye nu miemie ƒe hatsotso tɔxɛ gbogbo aɖewo le afi ma
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Mɔzɔzɔe nye nu si sesẽ na mí wu
[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]
Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo doa dzidzɔ na mí