INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/15 axa 30-31
  • Dze Nunya Di ‘Mɔ Nyuitɔ’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Nunya Di ‘Mɔ Nyuitɔ’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALEKE MÍAWƆ AKPƆ ‘MƆ NYUITƆ’?
  • BU NUWO ŊU DO ŊGƆ
  • Sɔhɛwo—Mitsɔ Aɖaŋudzedze Fia Mɔ Miaƒe Afɔɖeɖewoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Amekae Akpe Ðe Ŋunye Makpɔ Nye Kuxiwo Gbɔ?
    Nyɔ!—1994
  • Nunya Vavãtɔ Le Ɣli Dom
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Sɔhɛwo—Mina Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Mi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/15 axa 30-31

Dze Nunya Di ‘Mɔ Nyuitɔ’

Wotsɔa agbe si míele la sɔna kple mɔzɔzɔ. Gake zi geɖe la, amegbetɔ ƒe nunya metea ŋu kpena ɖe eŋu wòkpɔa dzidzedze le agbemɔa dzi zɔzɔ me o. Esia wɔe be ame geɖe ƒe agbe dome gblẽ; wodze go abe ʋu dzego ene, le agbe sia, si le abe atsiaƒu dzeagbo ene la, me. (Ps. 107:23, 27) Nu ka tae wòsɔ be wotsɔ nɔnɔme sesẽ siwo le agbemɔa dzi zɔzɔ me sɔ kple ale si ƒudzimɔzɔzɔ sesẽnae?

Le blema me la, ƒudzimɔzɔzɔ nye nu sesẽ aɖe si bia be tɔdziʋukula nanye ƒudzidela kpɔnuteƒe. Zi geɖe la, enye dɔ aɖe si wosrɔ̃na tso ƒudzidela kpɔnuteƒewo, ɖewohĩ tso tɔdziʋukula aɖe, gbɔ. (Dɔw. 27:9-11) Blemanutala geɖewo taa tɔdziʋukulaa wòlolona wu ƒudzidela bubuawo tsɔ tea gbe ɖe akpa si wòwɔna ƒe vevienyenye dzi. Hafi ƒudzidelawo nadze ƒudzimɔ didiwo zɔzɔ gɔme la, wosrɔ̃a nu tso ɣletiviwo, yaƒoƒo, kple mɔfianu bubuwo ŋu. Biblia ɖɔ ƒudzidela aɖewo be wonye ame ‘nyanuwo.’—Eze. 27:8.

Egbea la, agbemekuxiwo me toto ate ŋu adze nu sesẽ abe ƒudzimɔzɔzɔ le blemaɣeyiɣiwo me ene. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

ALEKE MÍAWƆ AKPƆ ‘MƆ NYUITƆ’?

Esi kpɔɖeŋu si nye be agbea le abe ƒudzimɔzɔzɔ ene le susu me na wò la, bu Biblia me nyateƒe sia ŋu kpɔ: ‘Nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye nugɔmesela nadi mɔ nyuitɔ.’ (Lod. 1:5, 6) Wotea ŋu zãa Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘mɔ nyuitɔ’ tsɔ ɖɔa dɔ siwo ʋumefia wɔna le tɔdziʋu me le blema. Nya sia fiaa mɔfiafia aɖaŋutɔe ƒe ŋutete.

Togbɔ be ehiã agbagbadzedze vevie hafi ŋutete sia nasu ame si hã la, ate ŋu asu mía si, eye míanya ale si míawɔ ‘azɔ agbemɔ’ sesẽ sia dzidzedzetɔe. Abe ale si Lododowo ƒe agbalẽa gblɔe ene la, ele be míawɔ “nunya” kple “gɔmesese” siaa ŋu dɔ. (Lod. 1:2-6; 2:1-9) Eye ele be míadi Mawu ƒe mɔfiafia godoo, elabena ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã nya ale si woadi mɔ nyuitɔ alo ‘ade adaŋu’ atsɔ akpɔ viɖe ƒoɖi.—Lod. 12:5.

Eya ta ele vevie be míanye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienuwo. Ne míesrɔ̃a nu alea la, míate ŋu akpɔ nyatakaka xɔasiwo tso Yehowa kple Yesu Kristo, ame si ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia nyuie wu la, ŋu. (Yoh. 14:9) Míexɔa aɖaŋuɖoɖo geɖe siwo me nunya le la le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu siwo me ame bubuwo, siwo dome mía dzilawo hã le, to le agbe me la me.—Lod. 23:22.

BU NUWO ŊU DO ŊGƆ

Ne míege ɖe nɔnɔme sesẽ siwo le abe ƒu dzeagbo ene me la, ele vevie be míadi ‘mɔ nyuitɔ’ si míato. Ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me evɔ míenya afɔ si tututu míaɖe o la, míate ŋu atɔtɔ, eye afɔku ado go tso eme na mí.—Yak. 1:5, 6.

Ewɔ nuku ŋutɔ be wozã nyagbɔgblɔ si nye ‘mɔ nyuitɔ’ ŋu dɔ wɔwɔ le aʋawɔwɔ hã gome. Biblia gblɔ be: “Tamebubu [alo mɔ nyuitɔ] natsɔ awɔ aʋae, eye adaŋudela geɖewo hea dziɖuɖu vanɛ.”—Lod. 20:18; 24:6.

Abe aʋaɖaŋuwɔla aɖe si le ɖoɖo wɔm ɖe aʋawɔwɔ ŋu ene la, anyo be míabu nu siwo ate ŋu ade míaƒe gbɔgbɔmenyenye afɔku me la ŋu do ŋgɔ. (Lod. 22:3) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ahiã be nàwɔ nyametsotso ne àlɔ̃ axɔ dɔ yeye aɖe loo alo àlɔ̃ woado wo ɖe ŋgɔ le dɔ me. Asɔ be nàbu fetu si woaxe na wò, ɣeyiɣi si wòahiã be nàtsɔ anɔ dɔa me yim anɔ gbɔgbɔm, kple nu bubuwo ŋu. Ke hã ele be nàbu nu siawo hã ŋu: Ðe dɔ si ƒomevi mekpɔ la wɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewoa? Aleke ɣeyiɣi siwo matsɔ anɔ dɔa me dem, abe liɖɔɖɔ dɔwɔɣiwo ene, akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe dɔ siwo wòle be mawɔ la dzi?—Luka 14:28-30.

Loretta si nye Yehowa Ðasefo la, nɔ dɔ nyui aɖe wɔm. Esi woɖe dɔwɔƒea yi teƒe bubu la, wodo Loretta ɖe ŋgɔ le dɔa me. Woƒe amegãwo gblɔ nɛ be: “Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si le agbe mee nye esia. Míewɔ numekuku xoxo hekpɔe be Fiaɖuƒe Akpata aɖe le afi ma.” Gake Loretta di be yeanɔ agbe tsɛ ale be yeate ŋu asubɔ Wɔla la nyuie wu. Ekpɔe be ɖoƒe yeye si nam wole ye la awɔe be ɣeyiɣi vi aɖe koe asusɔ na ye yeatsɔ akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Eya ta eŋlɔ lɛta be yeɖe asi le dɔa ŋu, togbɔ be dɔmemegãwo dometɔ ɖeka fi tofi nɛ be eyae nye dɔwɔla si ŋu yewomadi be yewoaɖe asi le gbeɖe o hã. Loretta si zu mɔɖela ƒe 20 aɖewoe nye esia la ka ɖe edzi be nu nyui siwo do tso eme la tso ale si yewɔ ‘tiatia nyuitɔ,’ le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya la me, la gbɔ. Edo ŋusẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa eye mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpe ɖe ame geɖewo ŋu woxɔ Biblia me nyateƒea.

Kakaɖedzitɔe la, ‘mɔ nyuitɔ’ didi hiã vevie le ƒomenyawo gbɔ kpɔkpɔ hã me. Vihehe nye dɔ aɖe si xɔa ƒe geɖe, eye tiatia siwo míewɔna le gbɔgbɔ me kple ŋutilãme nuwo gome la kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomea me tɔwo katã ƒe etsɔme dzi. (Lod. 22:6) Le kpɔɖeŋu me, anyo be dzila Kristotɔwo nabia wo ɖokuiwo be: ‘Ðe míetoa míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi fiaa mía viwo be woate ɖe Yehowa ŋu ale be woate ŋu awɔ nu le nunya me le woƒe tsitsimea? Ðe ale si míenɔa agbee la kpena ɖe wo ŋu wokpɔnɛ be ne yewonɔ agbe tsɛ eye yewotsɔ yewoƒe susu ɖo Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa koŋ ŋu la, ana yewoƒe dzi nadze emea?’—1 Tim. 6:6-10, 18, 19.

Menye ŋutilãmetaɖodzinu siwo yome xexea me tɔwo tina zi geɖe la gbɔ ɖoɖoe nye dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ o. Fia Salomo se esia gɔme. Gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Eme anyo na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋkume.” (Nyagb. 8:12) Kakaɖedzitɔe la, esia ɖe nunya si le ‘mɔ nyuitɔ’ didi me, le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya la me, la fia.—2 Tim. 3:16, 17.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Be woate gbe ɖe akpa si tɔdziʋukulawo wɔna ƒe vevienyenye dzi la, wotaa wo wololona wu ƒudzidela bubuawo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Su concessione del Ministero per i Beni e le Attività Culturali. Womeɖe mɔ be woagbugbɔ ata nɔnɔmetata sia le mɔ aɖeke nu o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe