Tsɔ Dzi Kpɔdzidzɔ Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu
1. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae Ŋkuɖodziɖuɣia ʋuna ɖi na mí?
1 Ŋkuɖodzia, si dze Braɖa, March 26 dzi, ana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míakpɔ dzidzɔ ɖe nu si Mawu wɔ tsɔ ʋu xɔxɔ ƒe mɔ na mí la ŋu. (Yes. 61:10) Dzi kpɔdzidzɔ si anɔ mía si la akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo nyuie hafi wɔna vevi sia naɖo. Aleke?
2. Nu kae wòle be wòaʋã mí le ɖoɖowɔwɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu me?
2 Ale Si Míadzra Ðo Ðe Wɔnaa Ŋu: Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la nye wɔna kpokploe si ŋu bubu deto le. Eya ta ehiã be míadzra ɖo ɖe eŋu nyuie do ŋgɔ ale be míagaŋe aɖaba aƒu nu vevi aɖeke dzi o. (Lod. 21:5) Ele be hamemetsitsiwo nadi teƒe si sɔ si woawɔe le ahaɖo gamea. Ele be woadi kpɔɖeŋunuawo eye woanye esiwo sɔ. Ele be woadzra teƒe si woawɔe le ɖo wòanɔ dzadzɛ eye nu sia nu nasɔ gbe. Ele be nuƒola si wotia nadzra ɖo ɖe nuƒoa ŋu nyuie, eye woana mɔfiame ame siwo atsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae kple anyinɔƒegbɔkpɔlawo. Ðikeke mele eme o be miewɔ ɖoɖo siawo ƒe akpa gãtɔ vɔ xoxo. Ele be dzidzɔ si kpɔm míele ɖe tafevɔsaa ƒe ameɖeŋusẽ ŋu naʋã mí míadzra ɖo nyuie ɖe wɔna kɔkɔe sia ŋu.—1 Pet. 1:8, 9.
3. Aleke míawɔ adzra míaƒe dzi ɖo ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu?
3 Dzra Wò Dzi Ðo: Nu vevi bubu hãe nye be míadzra míaƒe dzi ɖo ale be míase nu si Ŋkuɖodzia fia la gɔme nyuie. (Ezra 7:10) Anyo be míaɖo ɣeyiɣi ɖi na Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽa eye míade ŋugble le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo ŋu. Ne míedea ŋugble le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia ŋu la, esia aʋã mí míasrɔ̃ eƒe nɔnɔme.—Gal. 2:20.
4. Viɖe siwo tafevɔsaa he vɛ na mí la dometɔ kae doa dzidzɔ na wò vevie?
4 Ŋugbledede tso tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋu do ŋgɔ na wɔna la kple emegbe ana míakpɔ dzidzɔ geɖe. Menye kplɔ̃ɖoɖo alo nyuidinamenyawo ɖoɖo ɖe mía nɔviwo to asitelefon dzi ƒe ɣeyiɣie wònye o. Ke boŋ enye ɣeyiɣi si wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble tso eɖokui ŋu. Kristo ƒe kua ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. Enana míekpɔa ɖeɖe tso nu vɔ̃ kple ku si me. (1 Yoh. 2:2) Eʋua mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ɖi na mí be míanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu hena agbe mavɔ kpɔkpɔ. (Kol. 1:21, 22) Egadoa ŋusẽ mí hã be míayi edzi anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nu ahanye Kristo ƒe nusrɔ̃la veviedolawo. (Mat. 16:24) Neva eme be dzadzraɖo siwo nàwɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu kple gomekpɔkpɔ le wɔna vevi sia me nado dzidzɔ geɖe na wò dzi!