INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 6
  • Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖe Gbeƒã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖe Gbeƒã
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
  • Srɔ̃ Yesu
  • Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 6

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

Yesu le gbɔgblɔm na Zaxeo be wòaɖi le atia dzi, eye ame siwo le nua teƒe kpɔma dometɔ aɖewo ƒe nu ku.

Luka 19:​1-7

NUSƆSRƆ̃ 6

Dzi Nenɔ Ƒowò Nàɖe Gbeƒã

Nya si Biblia gblɔ: “Dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi.”—1 Tes. 2:2.

Ale Si Yesu Wɔe

Yesu le gbɔgblɔm na Zaxeo be wòaɖi le atia dzi, eye ame siwo le nua teƒe kpɔma dometɔ aɖewo ƒe nu ku.

VIDEO: Yesu Ðe Gbeƒã Na Zaxeo

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Luka 19:​1-7. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Anye nu ka tae ame aɖewo medina be yewoate ɖe Zaxeo ŋu o?

  2. Gake nu kae na Yesu ya te ɖe eŋu ɖe gbeƒã nɛ?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ehiã be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia na ame sia ame.

Srɔ̃ Yesu

3. Na Yehowa nakpe ɖe ŋuwò. Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Yesu ŋu wòɖe gbeƒã, eye ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò. (Mat. 10:​19, 20; Luka 4:18) Bia Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò nàɖe gbeƒã na ame siwo nèvɔ̃na na.—Dɔw. 4:29.

4. Mègasusui be ame sia ya maɖo to o. Ɣeaɖewoɣi ne míekpɔ ame aɖe ƒe dzedzeme, ale si ga le esi, agbe si wònɔna alo subɔsubɔha si me wòlea, ewɔna na mí be ame sia maɖo to o, eya ta mímedina be míate ɖe eŋu aɖe gbeƒã nɛ o. Gake ɖo ŋku edzi be:

  1. Míawo ya mímate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o, Yehowa kple Yesu koe nya.

  2. Yehowa ate ŋu akpe aɖe ame sia ame ŋu be wòava nye esubɔla.

5. Dzi nenɔ ƒowò, gake dze aye. (Mat. 10:16) Mèganɔ nya hem kple amewo o. Ne amea medi be yeaɖo to o, alo nèkpɔe be yemele dedie le egbɔ oa, dzudzɔ dzeɖoɖoa eye nàdzo kpoo.—Lod. 17:14.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Dɔw. 4:31; Ef. 6:​19, 20; 2 Tim. 1:7

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe