Trɔ Yi Amesiwo Nèna Magazine Kple Agbalẽ Gbadzae la Gbɔ
1 Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woaku kutri le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me. (Mat. 28:19) Efia be menye agbalẽ ɖeɖekoe míana ko evɔ o; míedi be míakpe ɖe amewo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Be míawɔ esia la, ele be míagatrɔ ayi amesiwo tsɔ ɖe le eme la gbɔ bene míagakpe ɖe wo ŋu ayi ŋgɔ.
2 Ne magazineawo dometɔ aɖe me nyati aɖe ŋue nèƒo nu le esi nèyi zi gbãtɔ la, anyo be nàgaƒo nu tso nyati ma ke ŋu ne ètrɔ yi:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, meƒo nu na wò tso Gbetakpɔxɔ (alo Nyɔ!) me nya aɖe si kpe ɖe mía ŋu be míekpɔ alesi gbegbe Biblia me dzodzro le vevie la ŋu. Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu sia dzie tame si Mawu ɖo be etsɔ me nyui aɖe ava na ameƒomea la nɔ te ɖo. Mixa 4:3, 4 ŋlɔ ŋugbe si wòdo be Fiaɖuƒea aɖe aʋawɔwɔwo ɖa la ɖi.” Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ sia vɔ la, na agbalẽ gbadza si nye “Kpɔ ɖa” lae, eye nàfia nɔnɔmetata si le eƒe akpa dzi lae. Dzro memamã gbãtɔ kple ŋɔŋlɔ siwo woŋlɔ hena memamã ma la me kplii, eye nàgblɔ be wo dometɔ ɖekae nye Mixa 4:3, 4. Wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ava ayi numedzodzroa dzi tso memamã 2 lia dzi.
3 Ne ewɔ abe aƒemenɔla ƒe ɖetsɔleme meyi ŋgɔ boo o alo vovo mele eŋu miaɖo dze o hã la, àte ŋu aŋlɔ eŋkɔ ɖi be nàtrɔ ayi:
◼ “Esi nèkpɔ ŋudzedze ɖe magazine siwo mena wo nyitsɔ esi meva ŋu ta la, mesusui be yeye siawo hã adzɔ dzi na wò. Mexɔ se be nyati sia adzɔ dzi na wò ŋutɔ.” Fia nyati aɖe si nèsusu be adzɔ dzi nɛ lae. Gblɔ nɛ be yeagatsɔ yeye siwo agava la vɛ nɛ eye nàhe eƒe susu yi nudɔdɔa dzi.
4 Ne aƒemenɔla xlẽ magazineawo eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la, ke nudɔdɔa anya awɔ bɔbɔe wu:
◼ “Esi Gbetakpɔxɔ xexlẽ dzɔa dzi na wò ta la, àte ŋu azã nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖo sia ale be woanɔ magazineawo ɖom ɖe wò to posu me bene kakaɖedzi nanɔ asiwò be yeaxɔ tata ɖesiaɖe.” Yɔ asia nɛ eye nàfia alesi wokpea nudɔgbalẽviawo ɖo lae.
5 Ne agbalẽ gbadzae nèna gake mète ŋu kpɔ mɔ ɖe alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ la fiae o la, ke dzra ɖo be nàfiae ne ègatrɔ yi.
Le kpɔɖeŋu me, ne agbalẽ gbadza si nye “Dziɖuɖu” ye nèna aƒemenɔla la, àte ŋu agblɔ nɛ be netsɔ etɔ vɛ, eye nàgblɔ be:
◼ “Kpɔ nusi axa 3 lia gblɔ be eyae nye gbedasi si Yesu ɖe gbeƒãe esime wònɔ anyigba dzi la ƒe tanya ɖa.” Emegbe nàdzro nya siwo le axa 3 lia me kplii kpuie. Bia aƒemenɔla be nukae wòsusu be ele be yeawɔ be yeagasrɔ̃ nu geɖe wu hã. Ke gblɔ be: “Ele vevie be míanya nusita Mawu ƒe Fiaɖuƒea hiã mí alea gbegbe ɖo. Madi be magatrɔ va be míadzro nusita wòle be míabu Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eya ɖeɖekoe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia la me.”
6 Agbalẽ gbadza vovovowo le mía si. Di nya viviwo le esi nèɖo be yeana me. Akpe ɖe ŋuwò be nàde dzi ƒo na anukwaretɔwo be woasrɔ̃ nu geɖe le nusiwo ƒe se Yesu de la me.—Mat. 28:20.