Trɔ Yi Afisi Nèkpɔ Ðetsɔlemetɔwo Le
1 Mía dometɔ geɖe kpɔ dzidzedze le magazine kple agbalẽ gbadzawo nana me. Ele vevie be míatrɔ ayi eye míadze agbagba anyɔ woƒe ɖetsɔleme ɖe edzi. Esia wɔwɔ dzidzedzetɔe nɔ te ɖe alesi gbegbe míadzra ɖo hafi atrɔ yi dzi.
2 Ðo ŋku edzi be sɔhɛwo hã tsia dzi ɖe nu mawo ke siwo ŋu ame tsitsiwo tsia dzi ɖo la ŋu. Nyati siwo dzro kuxi siwo dze ŋgɔ sɔhɛwo fifia me la le May ƒe Awake! eveawo me. Nyati siawo naa numekɔkɔ siwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo kple wo dzilawo siaa ŋu be woanya nusi le vevie ŋutɔ le agbe me.
3 Ne May 8 ƒe “Awake!” ye nèna la, àte ŋu atsɔ May 22 tɔ hã ayi nɛ. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nyati siwo ƒo nu tso ɖeviwo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu nɔ magazine si metsɔ na wò la me. Míaƒe sɔhɛwo le tsitsim le xexe si me etsɔ me mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la me. Wo dometɔ geɖe ɖea woƒe dziku fiana to aglãdzedze me. Gake wo dometɔ aɖewo ya dana sɔna heléa woƒe nɔnɔme nyuiwo me ɖe asi. Nyati sia si le Awake! yeyea me ɖe alesi ʋɔnudrɔƒe kɔkɔ aɖe da megbe na ƒewuivi aɖe ƒe tenɔnɔe fia. Mexɔe se be nusi le eme la ado dzidzɔ na wò.”
4 Àte ŋu agblɔ nya sia atsɔ na agbalẽ gbadzae:
◼ “Mekpɔ dzidzɔ ɖe dze kpui si míeɖo nyitsɔ ku ɖe anyigba sia ƒe etsɔ me ŋu la ŋu. Ðe nàte ŋu akpɔ alesi agbenɔnɔ anɔ le afisia ne Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖa la le susu mea? [Tsɔ nɔnɔmetata si le agbalẽ gbadza si nye What Is The Purpose of Life—How Can You Find It? ƒe axa 31 la fiae.] Lé ŋku ɖe mawunyakpukpui siawo katã siwo le axa 29 kple 30 siwo ƒo nu tso yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ la ŋu. [Tia mawunyakpukpui ɖeka eye nàxlee tẽ tso agbalẽ gbadza la me.] Madi be magblẽ esia ɖe gbɔwò.”
5 Ðewohĩ ne ètrɔ yi la, àva se be aƒemenɔla la xɔa ye ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo eye ebu be ema sɔ gbɔ. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Eɖanye subɔsubɔha ka mee míeɖa le o, kuxi mawo ke siwo nana míetsia dzi la ka mí katã—nuvlowɔwɔ, dɔléle sesẽ, míaƒe nutoa me nyawo—alo mele nenema oa? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe nèsusu be kuxi siawo gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ aɖe lia? [Xlẽ Petro II, 3:13.] Wogblɔ míaƒe agbalẽa ƒe taɖodzinu ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 2 lia. [Xlẽ nya ɖeka alo eve si nètia.] Ame geɖe siwo menye Yehowa Ðasefowo o lɔ̃a míaƒe agbalẽwo xexlẽ elabena Biblia me gbedasi siwo naa mɔkpɔkpɔ ame la le wo me.” Ne aƒemenɔla xɔ nya la nyuie la, ekema ɖe míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me nɛ.
6 Àte ŋu agblɔ nya siawo hã:
◼ “Esi meva afisia nyitsɔ la, míeƒo nu tso míaƒe xexeame ƒe etsɔ me mɔkpɔkpɔ ŋu. Nukae nèsusu le nya sia ŋu? [Gblɔ nyadzɔdzɔ yeye siwo me amewo tsɔ ɖe le.] Ne amewo se nya siawo tɔgbe la, enana wodea ŋugble le nusi xexe sia ava zu ŋu, alo menye nenemae oa? Míexɔe se be nusiawo ɖee fia be míele ‘ŋkeke mamle’ siwo wogblɔ ɖi le Biblia me le Timoteo II, 3:1-5 la me.” Ne èxlẽ mawunyakpukpuia vɔ la, àte ŋu abiae be ekpɔ amesiwo ƒe agbenɔnɔ sɔ kple nusi miexlẽ la hã. Dzro tanya sue siwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 234-8 la dometɔ ɖeka me nàtsɔ ayi dzeɖoɖoa dzi.
7 Ne míedzra ɖo nyuie eye míeɖe didi be míana kpekpeɖeŋu fia la, míate ŋu aka ɖe edzi be dzinyuitɔwo aɖo to.—Yoh. 10:27, 28.