Tɔtrɔyi Nyui Wɔwɔ Bia be Míafia Nu Nyuie
1 Tɔtrɔyiwo wɔwɔ nye míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akpa vevi si me dzidzɔ le. Nukata wòle be míalé fɔ ɖe tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ ŋu? Nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔ sia ɖea Yehowa ƒe ŋkɔ fiaa amewo eye wòdea bubu eŋu, eye wòkpena ɖe mawuvɔ̃lawo ŋu be woake ɖe agbemɔ la ŋu. (Kor. II, 2:17–3:3) Ele be nyanya be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple ame bubuwo ƒe agbe siaa ŋue wòku ɖo la naʋã mí be míadzra ɖo nyuie hafi atrɔ ayi.
2 Nufiala nyui akpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be wòatu nu bubuwo ɖo ɖe nusi wòsrɔ̃ gbã la dzi. Alesi sukunufiala tua sidzedze si sua sukuviwo si gbesiagbe ɖo ɖe edzii la, ele be míatrɔ yi amesiwo gbɔ míede tsã la gbɔ agagblɔ nya bubuwo le nyati ma ke ŋu na wo. Esia ana nya la nayi edzi eye wòabu eŋu ayi ŋgɔe vivivi.
3 Ne èna agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” eye nètrɔ yi la, ɖewohĩ àkpɔe be nya sia anyo:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeɖo dze tso ‘ŋkeke mamleawo’ siwo woyɔ le Biblia me kple nusi wòfia na mí ŋu. Ðewohĩ àbia be aleke míewɔ nya be ŋkeke mamleawo mee míele hã. (Tim. II, 3:1) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di vevie be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma. [Xlẽ Mateo 24:3.] Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo me la, eƒo nu tso nɔnɔme siwo kpɔm míele egbea ŋu. Woƒe ɖewoe nye xaxa kple nuvlowɔwɔ si tɔgbe míekpɔ kpɔ o.” Ƒo nu tso dzesia ƒe akpa si me wodzro le memamã 3 kple 4 lia me le axa 19 ŋu. Ne exɔ nya la nyuie la, ke ƒo nu tso dzesia ƒe akpa bubuwo hã ŋu le memamã 5 vaseɖe 8 le axa 20. Gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava ɖo nya siwo wobia le agbalẽ gbadzaa ƒe akpa dzi ŋu nɛ.
4 Ne ètrɔ yi be yeava tu ɖetsɔleme ɖo ɖe agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?” me la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Medi vevie be míagayi míaƒe dzeɖoɖoa dzi le tameɖoɖo si le mía si le agbe me ŋu. Mesusu be mía kple wò siaa míalɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe ɖoɖoe wònye be míanɔ agbe le anyigba sia dzi le dzidzɔ kple ŋutifafa me, ke menye le xaxa si me míele egbea me o. Èka ɖe edzi be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzia?” Na wòaɖo eŋu. Xlẽ Yesaya 55:11 eye nàdzro nya siwo le memamã 25 vaseɖe 27 lia le axa 30 me. Gblɔ nɛ be ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃e nye mɔ nyuitɔ si dzi woato ake ɖe tameɖoɖo nyuitɔ ŋu le agbe me.
5 Ne ètrɔ yi be yeava tu ɖetsɔleme ɖo ɖe agbalẽ gbadza si nye “Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!” me la, àgate ŋu atsɔe afiae agblɔ be:
◼ “Míeƒo nu tso xexe dzeani si wota ɖe agbalẽ gbadza sia ƒe akpa dzi ŋu, medi be magblɔ nusita Yesu Kristo dzixɔxɔse le vevie alea gbegbe na amesiwo di be yewoanɔ agbe le afima la na wò.” Trɔ ɖe nɔnɔmetata 41 lia ŋu eye nàxlẽ Yesaya 9:5. Ʋu nɔnɔmetata 62 lia eye nàxlẽ Yohanes 3:16, eye nàte gbe ɖe toɖoɖo ƒe vevienyenye dzi. Ðe eme be Yehowa Ðasefowo le kpekpem ɖe amewo ŋu be woato Biblia sɔsrɔ̃ kple agbagbadzedze be woanɔ agbe ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo nu dzi asrɔ̃ alesi woatsɔ xɔse awɔ dɔe.
6 Dzro tɔtrɔyi ɖesiaɖe si nàwɔ me kple susu be nàwɔe wòanyo ɖe edzi wu. Bia ɖokuiwò be: Ðe nya aɖe koŋ nɔ susu me nam megblɔa? Ðe mehe eƒe susu yi Biblia dzia? Ðe metu gɔmeɖoanyi si meɖo le yiyi zi gbãtɔ me ɖo ɖe edzia? Ðe metrɔ asi le nye dzeɖoɖoa ŋu be wòana míadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔmea? Nyaŋuɖoɖo siwo afia be èwɔ nenema la aɖo kpe edzi be èle agbagba dzem be nànye Mawu ƒe Nya la fiala nyui.