Wɔ Dɔ Le Wò Anyigbamamã Me Tsitotsito
1 Míekpɔa dɔwɔƒe suewo, abe nuɖuɖudzraƒe, ahanoƒe, alo fiase ene, le amenɔƒewo ɣeaɖewoɣi. Ne àkpe teƒe sia ɖo akpe ɖe anyigbamamã sia ƒe akpa susɔea ŋu la, ele be nàwɔ dɔ le wo me abe amenɔƒewo ke ene.
2 Àte ŋu azã dzeɖonya kpui bɔbɔe aɖe, ɖewohĩ àgblɔ be: “Nane le asinye medi be matsɔ afia wò.” Ne edze abe teƒea dzi kpɔla mele vovo me le ɣeyiɣi ma me o la, àte ŋu atsɔ trakt nɛ ahagblɔ be: “Magava ne èkpɔ vovo vie. Medi be manya nusi nèsusu le nusia ŋu.”
3 Mehiã be nàvɔ̃ na dɔ sia wɔwɔ kura o. Gbeƒãɖela aɖe ka nya ta be: “Mebu be amewo maxɔm nyuie o. Gake alesi wokpɔ dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu wɔ mo yaa nam ŋutɔ. Woɖe amebubu kple xɔlɔ̃wɔwɔ vavãtɔ fia eye woxɔa magazineawo le afisiafi kloe.”
4 Nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le anyigbaƒeƒle kple xɔtutu ƒe adzɔha aɖe me na Ðasefoawo ge ɖe eƒe dɔwɔƒe. Exɔ magazineawo eye egblɔ be adzɔ dzi na ye be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Wotsɔ Sidzedze ƒe agbalẽa fiae, eye wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake le eƒe dɔwɔƒea tututu!
5 Dɔdasi si nye be nàwɔ dɔ le wò anyigbamamã me tsitotsito bia hã be nàyi ɖe amesiwo wɔa dɔ le nutoa me hã gbɔ. (Dɔw. 10:42) Wɔ ɖoɖo nàyi teƒe siawo abe alesi nèyia amewo ƒe aƒewo me ene. Menye ɖeko esia ana nàkpe wò anyigbamamã ɖo nyuie wu o ke woatsɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖewo hã aɖo eteƒe na wò!