Fia Nusi Mawu Di la Amewo
1 Ame geɖe gali siwo wote “Yehowa ƒe nyawo sese” wo le gbɔgbɔ me. (Amos 8:11) Togbɔ be ame aɖewo xɔe se be Mawu li hã la, womenya eƒe tameɖoɖowo kple nudidiwo o. Eyata eva hiã be míafia Fiaɖuƒea ƒe nyateƒe si xɔa ame ɖe agbe la wo. Ne míekpɔ dɔwɔnu nyuiwo eye míedzra ɖo nyuie be míaɖi ɖase le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me la, míate ŋu ake ɖe amesiwo di be yewoasrɔ̃ nusi Yehowa di la ŋu.
2 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la anɔ mía si míamã le April kple May me. Gakpe ɖe eŋu la, zi gbãtɔe nye esia si míana agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? Nɔnɔmetata dzeani kple nyabiase siwo na wobua tame siwo le agbalẽ gbadza sia me la wɔe be edzroa ame geɖe. Míele aɖaŋu siwo gbɔna la ɖom be woakpe ɖe mía ŋu bene míawɔ míaƒe agbalẽ nyuiawo ŋudɔ woaɖe vi.
3 Amewo Didi: Le teƒe siwo ne míeyi tso aƒeme yi aƒeme eye míedoa go amewo le aƒewo me o le la, amewo didi kple nuƒoƒo na wo le afisiafi si míatu wo le ye va le vi ɖem. September 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi de dzi ƒo na mí be míaɖe gbeƒã le afisiafi—le ablɔdzi, le ʋu me, kple le modzakaɖebɔwo me, ʋutɔɖoƒewo, kpakple asitsaƒewo. Ena míenya hã be ehiã be mía ŋutɔwo míaʋu mɔnuwo ɖi na vomeɖaseɖiɖi. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye be, nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe yi lãwo kpɔƒe aɖe eye wòtsɔ August 8, 1996, Nyɔ!, si me nyati aɖewo nye “Lã Siwo Ðo Afɔku Me—Nukata Wòka Wò?” la ƒe ɖewo ɖe asi yii. Kaka gaƒoƒo ɖeka nade la, etsɔ 40 na ame aɖewo siwo lãwo ƒe nu doa dzidzɔ na vevie! Vaseɖe fifia la, dzidzedze kawoe nèkpɔ le gbeƒãɖeɖe le afisiafi me? Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpakple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nyo koŋ na ɖaseɖiɖi ƒomevi ɖesiaɖe, elabena nyatakaka siwo le wo me kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi eye wonaa wobua tame.
4 Dzeɖoɖowo Gɔmedzedze: October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe megbekpa ɖe nu me le alesi wò ŋutɔ nàte ŋu adzra wò dzeɖonya ɖo tso Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me ŋu. Aɖaŋuɖoɖo mawo ke asɔ ŋutɔ ne èle wò dzeɖonyawo dzram ɖo ɖe Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ŋu. Míate ŋu agblɔ nya kpui aɖewo ko alo woate ŋu adidi alesi dze ale be míade Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe eme. Esi ŋgɔdonyawoe afia ne amesi gbɔ nèyi la ayi edzi aɖo to wò ta la, ehiã be nàtia wo nyuie. Edze edzi na ame aɖewo esi wogblɔ nya sia tsɔ dze egɔme: “Mexlẽ nyati aɖe si de dzi ƒo nam, eye medi be magblɔe na wò.” Alo àte ŋu abia nya lédziname aɖe si ana mia kple amea miaɖo dze.
5 Ne asɔ le miaƒe nutoa me la, àte ŋu abia nya abe esiwo gbɔna ene le wò dzeɖonyawo me le ɣleti sia me:
◼ “Egbea la, míekpɔ be nuŋɔŋlɔ ɖe gliwo ŋu, gbeɖuɖɔ, kple ɖiƒoƒo bɔ ŋutɔ. Nukae woawɔ hafi anyigba la nanɔ dzadzɛ eye wòanye afisi nyo woanɔ?” Na wòaɖo eŋu, emegbe nàɖe eme nɛ be nyatakaka si naa kakaɖedzi mí ku ɖe alesi anyigba dzi godoo ava zu abɔ kple ɣesiɣi wòava eme la le ye si. Ƒo nu tso nyati aɖe ŋu, xlẽ mawunyakpukpui aɖe kpuie, eye nàtsɔ nɔnɔmetata dzeani aɖe fiae le magazine yeye aɖe me, emegbe nàtsɔe na amea, eye nàƒo nu tso nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa ŋu nɛ. Hafi nàwu dzeɖoɖoa nu la, dze agbagba nàwɔ ɖoɖo be yewoava yi edzi ɣeyiɣi bubu.
◼ “Ðe nèsusu be Mawu ɖe wòɖoe na mí be kuxi gbogbo siwo me míele egbea la nanɔ fu ɖem na mía?” Ne amea ɖo eŋu vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Ðewohĩ ènya gbe si Yesu fia eyomedzelawo be woado ɖa, be woabia be Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava. Ède ŋugble le nusi koŋ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ma nye ŋu kpɔa?” Ʋu nusɔsrɔ̃ 6 lia le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me, eye nàxlẽ nya siwo wobia le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Emegbe, ne èle memamã 1 xlẽm la, fia biabia gbãtɔ ƒe ŋuɖoɖoe. Ðe eme nɛ be woɖo biabia mamlɛawo ŋu tẽ nenema ke. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yewoagado go ake bene yeagblɔ nya bubu geɖe tso Fiaɖuƒea ŋu nɛ.
◼ “Ame geɖe siwo bua tame la va le xexeame ƒe subɔsubɔhawo kpɔm be menye woawo sie amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu le o ke boŋ be woawo gbɔe wotso. Nukae nèsusu tso nya ma ŋu?” Ne èse amea ƒe nukpɔsusu vɔ la, tsɔ nya aɖe si le magazine yeyeawo dometɔ ɖeka me si ƒo nu tso subɔsubɔha ƒe kpododonu alo eƒe anyidzedze si tu aƒe ŋu si anyɔ eƒe ɖetsɔleme la fiae. He eƒe susu yi nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa dzi. Yɔ wò ŋkɔ nɛ nàbia etɔ hã, eye nàgblɔ nɛ be yeagava ale be yeaɖe alesi subɔsubɔha vavãtɔ mena nu ti ameƒomea o la me nɛ.
◼ “Esi kuxi gbogbo aɖewo le ƒomegbenɔnɔ me egbea ta la, èbu nusi ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me ŋu kpɔa?” Lala ne wòaɖo eŋu, eye nàɖe eme nɛ be Mawu gblɔ nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona fia le Biblia me. Ðewohĩ àte ŋu axlẽ Yesaya 48:17. Emegbe nàʋu nusɔsrɔ̃ 8 lia le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me, eye nàtɔ asi Biblia me kpukpui siwo woŋlɔ dometɔ aɖewo siwo naa mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le la ƒomea me tɔ ɖesiaɖe la dzi. Xlẽ nyabiase siwo woɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Bia amea ne edi be yeaxlẽ ŋuɖoɖoawo hã. Ne elɔ̃ la, tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ eye nàgblɔ nɛ be yeagava ɣebubuɣi ava gblɔ mɔfiame nyui bubu siwo le Biblia me hena ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le la nɛ.
6 March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi de dzi ƒo na mí be míana dzi naɖo mía ƒo ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu. Ekafui na mí be míawɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ŋudɔ atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme, ne menye le yiyi zi gbãtɔ me o la, ke ne míetrɔ yi. Nusi hiã ameƒomea wue nye be wòasrɔ̃ nusi Mawu di eye wòawɔ edzi. (Kol. 1:9, 10) Míana amewo nakpɔ viɖe geɖe le April kple May me ne míate ŋu adze egɔme anɔ nusi míenya tso Yehowa ƒe nudidiwo ŋu la fiam wo.—Kor. I, 9:23.