INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/97 axa 8
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woakpɔ Akɔfafa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woakpɔ Akɔfafa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 7/97 axa 8

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woakpɔ Akɔfafa

1 Afɔkuwo, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple fukpekpe ŋu nyawo sese va ti ame geɖe. Akɔfafae nye nusi dim ameƒomea le ŋutɔŋutɔ, togbɔ be edze ƒã be menɔa egbegbe nyadzɔdzɔwo me o hã. Be woafa akɔ na ame fia be “woado ŋusẽ ame ahana mɔkpɔkpɔe” eye “be woana nuxaxa alo fukpekpe dzi naɖe kpɔtɔ vie” na ame. Wodzra mí Yehowa Ðasefowo ɖo be míakpe ɖe amewo ŋu le mɔ sia nu. (Kor. II, 1:3, 4) Nyateƒe gbedasi fakɔname le míaƒe agbalẽ gbadza siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo míana le July kple August me la me. (Rom. 15:4) Alesi míana wo le nɔnɔme vovovowo me ŋuti aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye si:

2 Nyadzɔdzɔ wɔnublanui aɖe ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàɖi ɖase eye nàfa akɔ na ame bubuwo, ɖewohĩ ne ègblɔ nya sia tɔgbe:

◼ “Ne nusiawo tɔgbe dzɔ la, ame aɖewo biana nenye be Mawu li ŋutɔŋutɔ eye, ne eli la, ne etsɔ ɖe le eme na mí. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Mɔ aɖe si dzi míato anya ne Mawu li enye be míawɔ gɔmeɖose aɖe si me kɔ nyuie ŋudɔ.” Xlẽ Hebritɔwo 3:4. Yɔ nu bubu siwo ƒo xlã mí siwo edze ƒã be ame aɖee wɔ wo. Azɔ nàyi edzi be: “Agbalẽ gbadza aɖe le asinye si menya be afa akɔ na wò. Eƒe tanyae nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? [Xlẽ nyabiabia siwo le eƒe akpa dzi.] Emenyawo ɖo kpe edzi kɔte be menye ɖeko Mawu li o ke eteƒe madidi o ahe nɔnɔme madzɔmadzɔ siwo teƒe kpɔm míele egbea la katã ava nuwuwui hã. Madi be nàxlẽe.” Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi.

3 Ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Míenɔ nu ƒom tso Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu esi metsɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? na wò. Ànya de dzesi nya sia le axa 7. [Tsɔ nɔnɔmetata la fiae eye nàƒo nu tso memamã 15 ŋu kpuie.] Nusiwo ɖo kpe edzi be Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame li ŋutɔŋutɔ la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka koe esia nye. [Xlẽ memamã 27 lia le axa 9.] Biblia sɔsrɔ̃ le ɖokuinye si kpe ɖe ŋunye mekpea akɔ kple gbesiagbekuxiwo le agbe me elabena ena mekpɔa alesi Mawu bua nyawoe.” Gblɔ be yeawɔ alesi míesrɔ̃a nui afiae.

4 Àte ŋu azã agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake ɖe Eŋu?” atsɔ aɖi ɖase le telefon dzi. Àte ŋu aɖe ɖokuiwò afia ahagblɔ be:

◼ “Mele ka ƒom na wò be magblɔ nya vevi aɖe na wò le esi nyemate ŋu ava kpɔ wò ŋkume kple ŋkume o ta.” Xlẽ agbalẽ gbadza la ƒe axa 4 lia ƒe memamã gbãtɔ, eye nàxlẽe kple dzigbɔɖi abe dze ɖom nèle kple amea ŋkume kple ŋkume ene. Biae be nukae nye eƒe susu, eye na wòaɖo eŋu. “Afisi meʋu le nye Biblia mee nye Yesaya 45:18. Kpukpui sia fia be míawo tae wowɔ anyigba ɖo. Maxlẽe nàsea?” Emegbe ɖe agbalẽ gbadza la ƒe taɖodzinu me nɛ, eye biae alesi nàwɔ aɖo ɖeka ɖee.

5 Ne ègaƒo ka nɛ la, àte ŋu ate nya sia gbɔgblɔ kpɔ atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee:

◼ “Medi be maƒo nu tso amesi ate ŋu agblɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu na mí la ŋuti ne matsɔ ayi dze si míeɖo va yi dzi. [Gblɔ Tameɖoɖo si le Agbe Ŋu ƒe agbalẽ gbadza ƒe axa 6 lia, memamã 1 kple 2 me nyawo kpuie.] Nyaɖeɖefia 4:11 gblɔ be Yehowa Mawue nye mía Wɔla. [Xlẽe.] Susu aɖe anɔ esi godoo si ta wòwɔ mí ɖo. Amesiwo di be yewoanya nusitae la srɔ̃ Biblia, Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi. Medi be mana mɔnukpɔkpɔ ma wò hã.” Ðe alesi míewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee me nɛ, eye wɔ ɖoɖo kplii miadze nusɔsrɔ̃ gɔme.

6 Nya dedziƒoname sia gbɔgblɔ afa akɔ na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku:

◼ “Mele kpekpeɖeŋudɔ aɖe wɔm na amesiwo katã ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku. Esi ɖewohĩ esia nye nya sesẽtɔ kekeake si wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpe akɔ kpli ta la, wota agbalẽ gbadza sia si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku be wòakpɔ nya sia gbɔ. Ekpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu. Medi be mafia nya si wògblɔ le ŋugbe dodzidzɔname aɖe si Yesu Kristo do ŋu la wò. [Xlẽ axa 26 ƒe memamã atɔ̃lia, kple Yohanes 5:21, 28, 29 hã.] Kpɔ nɔnɔmetata sia si le axa 29 lia si ɖɔ nudzɔdzɔ si Nyanyuigbalẽa gblɔ tso alesi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ku me ŋutɔŋutɔ ŋu la ɖa. Adzɔ dzi nam be magblẽ agbalẽ gbadza fakɔname sia ɖe gbɔwò.”

7 Ne ètrɔ yi la, àgate ŋu atsɔ nɔnɔmetata si le agbalẽ gbadza si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” ƒe axa 29 lia afiae ahagblɔ be:

◼ “Ðo ŋku dze si míeɖo va yi le alesi Kristo fɔ Lazaro ɖe tsitree ŋu la dzi. [Xlẽ nɔnɔmetataŋunya si le axa 28 lia, eye nàdzro nya si le tanya sue si nye “Ðe Wòdzɔ Vavãa?” te la me.] Ne èdii tso dzime be yeaxɔe ase be yeate ŋu agakpɔ wò lɔlɔ̃tɔ aɖe si ku la, ke na makpe ɖe ŋuwò be nàxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔ la dzi ase.” Do aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.

8 Mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe le ɣleti siwo le ŋgɔ me be ‘míafa akɔ na konyifalawo katã’ atsɔ asrɔ̃ Yesui.—Yes. 61:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe