INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 3
  • Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Kɔkɔewo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Kɔkɔewo Ŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 3

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Kɔkɔewo Ŋua?

1 Ne wobia mí be ɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu hã la, anɔ eme be míaɖo eŋu kaba be ẽ! Mawu ƒe mɔnuɖoɖo kɔkɔe siwo ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

2 Aleke gbegbee míekpɔa ŋudzedze ɖe ƒomedodo si mía Fofo si le dziƒo na wòle mía kplii dome ŋu enye si! Eka ɖe edzi na mí be ne ‘míete ɖe ye ŋu la, ye hã yeate ɖe mía ŋu.’ (Yak. 4:8) Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ agbe mavɔ o. Akpe si míedana tsoa dzime ne míele gbe dom ɖa gbesiagbe ɖea ŋudzedze deto si míekpɔ ɖe Mawu ƒe nunana xɔasia ŋu fiana.—Yoh. 3:16.

3 Biblia Kɔkɔe si nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me hã nye nu kɔkɔe na mí, abe Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ke ene. Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ si sɔ fiana ɖe mɔnuɖoɖo siawo siwo tso Yehowa gbɔ ŋu ne míenɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu, míedo ŋusẽ nɔvilɔlɔ̃ ƒe kadodo si le mía dome, míewɔ ɖe teokrasi mɔfiamewo dzi ŋuɖɔɖotɔe, eye míewɔ nu aduadu kple amesiwo xɔa ŋgɔ.—Pet. I, 1:22.

4 Míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo toa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la dzi. Míakpɔ esia teƒe le “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe si woawɔ le ƒe sia me la me. Míaxɔ mɔfiame veviwo eye míase vivi na hadede lédziname si hiã mí kpata. Aleke míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime afia ɖe mɔnuɖoɖo kɔkɔe sia ŋui?

5 Mègagblẽ Yehowa ƒe Aƒe la Ði O: Nexemya xlɔ̃ nu amesiwo wɔ dɔ veviedodotɔe hegbugbɔ tu Yerusalem-gliawo be ‘woagagblẽ woƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi o.’ Yehowa ƒe “aƒe” nye eƒe tadedeagu ƒe ɖoɖo. Míaƒe nutome gã takpekpewo nye ɖoɖo ma ƒe akpa aɖe. (Nex. 10:39) Be míagaŋe aɖaba aƒu mɔnuɖoɖo sia dzi o la, ele be míayi takpekpea eye míaɖo to nyuie atsɔ aɖee afia Yehowa be míedea bubu eƒe mɔnuɖoɖo siawo ŋu vevie. (Heb. 10:24, 25) Ðoɖo kawoe wòle be míawɔ fifia si aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe wɔna kɔkɔe sia ŋu?

6 De Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ ɖoɖo ade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã. Ðe nèle eɖom be yeava gbesiagbe kaba eye yeanɔ anyi vaseɖe esime woado gbe mamlɛtɔ ɖa le Kwasiɖagbea? Ne nenemae la, ke yayra gbogbo aɖewo asu asiwò. Takpekpewo dede manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi ya o. Tɔtrɔwɔwɔ le wò dɔwɔɖui ŋu ate ŋu abia be nàɖo tame kplikpaa. Menye ɣesiaɣie ʋu si nàɖo asɔ na wò o. Gake mègana nu siawo naɖe dzi le ƒowò be nàgbe takpekpea yiyi o.

7 De Ŋugble le Kpɔɖeŋu Nyui Sia Ŋu: Esi nɔviwo ƒe hatsotso aɖe nɔ mɔ dzi yina takpekpe le Afrika-dukɔ aɖe si me dukɔmeviʋa nɔ edzi yim le me la, wodo go asrafoha aɖe. Wobia mía nɔviawo be: “Amekawoe mienye eye afika yim miele?” Woɖo eŋu be: “Yehowa Ðasefowoe míenye eye míeyina nutome gã takpekpe.” Asrafoawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Mi Yehowa Ðasefowo míevɔ̃a naneke o. Miheyi ko eye miawɔ takpekpea kuxi aɖeke manɔmee. Gake nenɔ susu me na mi be miado go asrafo geɖewo le mɔa dzi. Mizɔ mɔa titina ɣesiaɣi! Ne miekpɔ amehawo ƒo ƒu ɖe teƒe aɖe la, miawo ya miyi edzi miazɔ mɔa titina ko!” Wowɔ alea eye wode afisi woawɔ takpekpea le dedie. Woɖo eteƒe na nɔvi siawo le alesi wokpɔa ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu ta.

8 Míedoa go kuxiwo, abe mía nɔvi siwo le Afrika ƒe akpa aɖewo ke ene. Gake ɖikekemanɔmee la, míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse eye míaɖoe kplikpaa be míade nutome gã takpekpea ƒe akpawo katã. Ne tɔtrɔ aɖe wɔwɔ hiã la, trɔ ɖe Yehowa ŋu nàbia mɔfiame, elabena míenya be ne míede ŋkekeawo katã la, adze eŋu.

9 Xɔ Eƒe Yayrawo: Mawu ƒe Nya la sese dzroa mí vivie le esi míenya be ana míatsi to me hena xɔxɔ ta. (Pet. I, 2:2) Míaƒe nutome gã takpekpea dede kple toɖoɖo nuƒoawo akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be míatu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Nya ma me eye esia awɔe be míanɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo nu nyuie wu. Ne míewɔe alea la, miaɖee afia Yehowa kple eteƒekpɔlawo katã be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu bliboe eye be “míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe . . . o, ke boŋ amesiwo si xɔse le hena luʋɔ xɔxɔ ɖe agbe la dometɔwo míenye.”—Heb. 10: 39; 12:16; Lod. 27:11.

10 Míate ŋu akpɔ Yehowa sinu be aʋu dziƒo nu eye wòadudu gbɔgbɔmeyayra gbogbowo ɖe mía dzi. (Mal. 3:10) Ðoe wòanye wò taɖodzinu be yeade “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpea tso eƒe gɔmedzedze le Fiɖa ŋdi vaseɖe gbedodoɖa kple “Amen!” mamlɛtɔ si woagblɔ le Kwasiɖa ƒe ɣetrɔ. Dzi adzɔ wò ne èwɔe alea!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe