Ðe Nàte Ŋu Atsɔ Wò Aƒe Ana Woazãa?
1 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ geɖewo tsɔ woƒe aƒewo na be woawɔ hame ƒe kpekpewo le wo me. (Kor. I, 16:19; Kol. 4:15; Filem. 1, 2) Egbea la, teƒe siwo woawɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃wo kple kpekpe hena gbeadziyiyi le mesɔ gbɔ le hame aɖewo me o. Esia ate ŋu awɔe be ame 30 alo esi wu nenema nanɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo ɖeka me, esi sɔ gbɔ sã wu ame 15 lɔƒo si sɔ la ƒe xexlẽme.
2 Mɔnukpɔkpɔ Nyuie Aɖee: Èbu eŋu kpɔ be yeatsɔ yeƒe aƒe ana woazã na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ wɔwɔa? Xɔ si ƒe lolome sɔ, hele dzadzɛ, si me akaɖi le woate ŋu akpɔ nu axlẽ nyuie eye ya gena ɖe eme nyuie anyo na esia wɔwɔ. Esi agbalẽ me nusɔsrɔ̃ nye hame ƒe kpekpe eye wònye ɖoɖo si Yehowa wɔ hena nufiafia eƒe amewo ƒe akpa aɖe ta la, mɔnukpɔkpɔ nyui wònye be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo nanɔ aƒewò me. Ame geɖewo gblɔ be gbɔgbɔmeviɖewo su yewo si to asiɖeɖe le yewoƒe aƒe ŋu ɖe tameɖoɖo sia ta.
3 Ne èkpɔe be yeƒe aƒeme sɔ nyuie na ɖoɖo sia la, ekema na hamemegãwo nanya. Woate ŋu anɔ teƒe bubuwo dim akpee. Ne manya wɔ be woawɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le wò aƒeme o ɖe, ɖe woate ŋu awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ya le afima? Ne womawɔ teƒea ŋudɔ fifia o hã la, adzɔ dzi na hamemegãwo be woanya be woate ŋu awɔ wò aƒea ŋudɔ. Mɔnukpɔkpɔa asu asiwò le etsɔme.
4 Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia: Ne ame aɖe ƒe aƒemee miekpena le la, ke ehiã be vavalawo katã nalé be na aƒeatɔ ƒe nuwo. Ele be dzilawo nakpɔ egbɔ be wo viwo nɔ teƒe si woɖo ɖi na nusɔsrɔ̃a wɔwɔ ko, mele be woanɔ tsatsam le teƒe si mele be woayi o. Ele be miabu aƒelikawo hã ŋu, miaɖɔ ŋu ɖo ahaƒo asa na fuɖeɖe na wo madzemadzee.—Kor. II, 6:3, 4; Pet. I, 2:12.
5 Hebritɔwo 13:16 de dzi ƒo na mí be míagaŋlɔ “dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” Mɔɖeɖe le wò aƒe ŋu be woazã hena hame ƒe kpekpe wɔwɔ nye nunana amewo kple ‘wò kesinɔnuwo tsɔtsɔ de bubu Yehowa ŋu’ ƒe mɔnu nyui aɖe.—Lod. 3:9.