Teokrasi Subɔsubɔ Suku Hena Ƒe 2004
1 Yehowa kpena ɖe ame tsɛwo ŋu be woawɔ dɔ si hiã wu le xexeame katã. Mɔ siwo dzi wòtona wɔa esia dometɔ ɖekae nye hehe si míexɔna kwasiɖa ɖesiaɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Ðe nèle gome kpɔm le eme bliboe le alesi wò nɔnɔmewo ɖea mɔ na wò nua? Le January me la, míawɔ asitɔtrɔ ʋɛ aɖewo be sukuviawo nate ŋu aɖe vi bliboe tso ɖoɖowɔɖia me.
2 Aɖaŋuɖola ƒe Kpeɖeŋutɔ Ðɔliɖɔli: Nɔviŋutsu siwo wɔa nufiamenuƒowo kple Biblia me dzodzro ƒe dɔwo kpɔa ŋudzedze ɖe aɖaŋu siwo aɖaŋuɖola ƒe kpeɖeŋutɔ nana ŋu. Le hame siwo me hamemegã bibiwo sɔ gbɔ ɖo me la, woate ŋu anɔ aɖaŋuɖola ƒe kpeɖeŋutɔ ƒe dɔdasia ɖɔlim ƒe sia ƒe. Woate ŋu ato mɔ sia dzi ama agbanɔamedziawo atsɔ; gake vevietɔ wu la, ewɔwɔ alea akpe ɖe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔla bibiwo ŋu be woaɖe vi geɖe tso nuƒola kple nufiala bibi vovovoawo ƒe aɖaŋuɖoɖoawo me.
3 Ðoɖowɔwɔ ɖe Numetotobiabia Ŋu: Ne miaƒe hamea ade nutome sue takpekpe le kwasiɖa si me miawɔ numetobiabiaa la, ke ele be miaɖɔlii awɔ numetotoa (kple kwasiɖa ma ƒe ɖoɖowɔɖi bubuawo) le kwasiɖa si akplɔ takpekpea ɖo me, eye miawɔ kwasiɖa kemɛa (kwasiɖa si akplɔ takpekpea ɖo) tɔ le kwasiɖa si me miawɔ nutome sue takpekpea me. Gake ne nutome sue dzikpɔlaa le mia gbɔ le kwasiɖa si me wòle be miawɔ numetotoa hafi la, menye kwasiɖa evea ƒe ɖoɖowɔɖiawo katãe wòahiã be miaɖɔli o. Ke boŋ, ele be miazã hadzidzi, nuƒoƒo ƒe nudidi, kple Biblia me dzodzroa abe alesi wòle le kwasiɖa ma ƒe ɖoɖowɔɖia dzi ene. Gake ele be miazã kwasiɖa si akplɔ ema ɖo ƒe nufiamenuƒoa (si woƒona ɖe nuƒoƒo ƒe nudidi yome). Eyome le Biblia me dzodzro megbe la, woawɔ miniti 30 ƒe Subɔsubɔ Kpekpe, miate ŋu awɔ ɖoɖoa be nɔviŋutsu etɔ̃ nawɔe eye wo dometɔ ɖesiaɖe nazã miniti 10 alo be nɔviŋutsu eve nawɔe eye wo dometɔ ɖesiaɖe nazã miniti 15. (Miɖe gbeƒãɖeɖe siwo mietsɔ ʋua kpekpe sia nui le eme.) Eyome hadzidzi kple miniti 30 ƒe nuƒo si nutome sue dzikpɔla aƒo akplɔ Subɔsubɔ Kpekpea ɖo. Le kwasiɖa si akplɔ ema ɖo me la, miwɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe nuƒoƒo ƒe nudidi kple Biblia me dzodzro abe alesi wòle le ɖoɖowɔɖia dzii ene, emegbe miawɔ numetotobiabia.
4 Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie be nàtsi le gbɔgbɔ me. Ne èna Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe nufiaɖoɖoa ɖea vi na wò la, ànye dzideƒo na miaƒe hamea, àwɔ akpa aɖe le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava me, eye àhe kafukafu vɛ na Amesi gbɔ gbedasi wɔnuku si wòle be míaɖe gbeƒãe la tso.—Yes. 32:3, 4; Nyaɖ. 9:19.