‘Milɔ̃ Yehowa, Mi Nuteƒewɔlawo Katã’
Míaɖu Yesu ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzia le April 4 lia Dzi
1 Ƒe aɖewoe nye si va yi esime Ukraine nɔ Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖu te la, dziɖulawo nɔ nɔviwo ɖiam—vevietɔ ne Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua gogo—kple susu be yewoakpɔ afisi nɔviwo akpe ta le. Esia nyea kuxi ɣesiaɣi, elabena dziɖuɖumegãwo nya ɣeyiɣi si me lɔƒo woɖua ŋkuɖodzia. Nukae nɔviawo ate ŋu awɔ? Xɔ aɖe le nɔvinyɔnu aɖe ƒe dziƒoxɔ te, afisi tsi xana ɖo. Esi dziɖuɖumegãwo manɔ mɔ kpɔm be amewo aƒo ƒu ɖe afima o ta la, nɔviawo tsɔ ʋuƒowo wɔ agba ɖe tsi sia si ƒe goglome aɖo klonu la dzi. Togbɔ be ele be nɔviawo nanɔ klo dzi elabena agba si wowɔ ƒe kɔkɔme wɔe be womate ŋu atsi tre le xɔa me o hã la, ame aɖeke meɖe fu na hamea me tɔwo esime wonɔ Ŋkuɖodzia ɖum dzidzɔtɔe o.
2 Alesi mía nɔvi siwo le Ukraine ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe sedede be woaɖu Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzia dzi la nye woƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖeɖefia wɔnuku aɖe. (Luka 22:19; Yoh. I, 5:3) Ɣesiaɣi si míado go kplamatsedonuwo le mɔ me la, mina kpɔɖeŋu siawo tɔgbe nade dzi ƒo na mí eye míaɖoe kplikpaa be míade Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le April 4 lia dzi. Ne míewɔe alea la, ekema míele eɖem fia be míese le mía ɖokui me abe hakpala ene, amesi dzi ha be: ‘Milɔ̃ Yehowa, mi nuteƒewɔlawo katã.’—Ps. 31:24.
3 Kpe Ðe Amewo Ŋu Woalɔ̃ Mawu Geɖe Wu: Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí be míakpe ame bubuwo be woava ɖu ŋkuɖodzia kpli mí. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, February tɔ ƒe emedegbalẽvia de dzi ƒo na mía dometɔ ɖesiaɖe be míaŋlɔ amesiwo míewɔ ɖoɖo be míakpe ava Ŋkuɖodzia ƒe ŋkɔwo. Ðe nèle agbagba dzem vevie be yeakpe amesiwo katã ƒe ŋkɔ nèŋlɔ ɖia? Di ɣeyiɣi nàɖe nusi azãa ɖuɖu fia me na wo. Ŋkuɖoɖo ŋkeke si dzi míaɖu Ŋkuɖodzia kple gamea dzi na wo, eye ne anya wɔ la, egbɔgblɔ na wo be yeava akplɔ wo ate ŋu ade dzi ƒo na wo be woava.
4 Le ŋkuɖodzia ɖuƒe la, dze agbagba vevie nàdo dzaa na amesiwo lɔ̃ va, eye na woakpɔe be míexɔ yewo vividoɖeameŋutɔe. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa geɖe wui? Nɔ klalo be nàɖo woƒe biabiawo ŋu na wo. Nɔ ŋudzɔ be ne anya wɔ la, nàdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ. Kpe wo be woade hamea ƒe kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa. Vevietɔ hamemegãwo adi be yewoalé ŋku ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo dzudzɔ gbeadzidede siwo ava kpekpea ŋu. Woate ŋu awɔ ɖoɖo kple amesiawo be yewoava srã wo akpɔ eye woade dzi ƒo na wo be woagadze subɔsubɔdɔa gɔme ake, ɖewohĩ woate ŋu adzro nya siwo wogblɔ le Ŋkuɖodzia ɖuƒe dometɔ aɖewo me kpli wo.—Rom. 5:6-8.
5 Alesi Míadzi Míaƒe Lɔlɔ̃ na Yehowa Ðe Edzii: Ŋugbledede vevie le tafevɔsa ƒe nunanaa ŋu ate ŋu adzi míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple Via ɖe edzi. (Kor. II, 5:14, 15) Nyɔnu aɖe si de Ŋkuɖodzia ƒe geɖe la gblɔ be: “Míekpɔa mɔ na Ŋkuɖodzia. Eƒe nu tɔxɛ nyenye dzena wu ƒe sia ƒe. Meɖo ŋkui be esi menɔ fofonye lɔlɔ̃a ƒe kuteƒe ƒe 20 enye esi va yi la, melé ŋku ɖe ame kukua ŋu ʋuu eye meva kpɔ ŋudzedze vavãtɔ si tso dzi me ɖe tafevɔsaa ŋu. Do ŋgɔ na ema la, nusi mesrɔ̃ ɖe susu me koe tafevɔsaa nye. Menya ŋɔŋlɔawo keŋ kple alesi maɖe wo mee ale gbegbe! Gake esi mese ku ƒe veve ŋutɔŋutɔ ko hafi nye dzi yɔ kple dzidzɔ le nusi woawɔ na mí to tafevɔsa xɔasi ma dzi la ta.”—Yoh. 5:28, 29.
6 Esi ƒe sia ƒe ŋkuɖodziɖuɣia le gogom la, di ɣeyiɣi nadzra wò dzi ɖo ɖe azãa ŋu. (Kron. II, 19:3) De ŋugble le Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ tɔxɛ si ƒe ɖoɖowɔɖi dze le ƒe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2004 kple ƒe 2004 Calendar me la ŋu. Ame aɖewo dzroa Ame Vevitɔ Kekeake ƒe agbalẽa ƒe ta 112-16 me le woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ wɔɣi. Eye ame bubuwo hã wɔa numekuku le nusrɔ̃gbalẽ bubu siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe habɔbɔa ta me. (Mat. 24:45-47) Mí katã míate ŋu ado gbe ɖa ada akpe ɖe nunana si nye tafea ŋu. (Ps. 50:14, 23) Ẽ, neva eme be le Ŋkuɖodziɖuɣi sia la, míayi edzi ade ŋugble le lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia mí ŋu eye míadi mɔ siwo dzi míato aɖe míaƒe lɔlɔ̃ na eyama afiae geɖe wu.—Mar. 12:30; Yoh. I, 4:10.