‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Vɔvɔ̃manɔmee’
1 Ne mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu ɖi na wò le suku alo le dɔme be nàɖe wò dzixɔsewo agblɔ ɖe, ɖe nèhena ɖe megbe ɣeaɖewoɣi le egbɔgblɔ mea? Ðe wòsesẽna na wò be nàɖi vomeɖase na wò ƒometɔwo kple aƒelikawo alo ɖewohĩ na ame siwo mènya oa? Nu kae akpe ɖe mí katã ŋu be míawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo sɔ la ŋu dɔ nyuie ‘agblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee’?—Fil. 1:14.
2 Mègahe Ðe Megbe O: Ne wole xɔwò vevi aɖe alo wò ƒometɔ aɖe ŋu gblẽm alakpatɔe ɖe, ɖe nàhe ɖe megbe le etaʋiʋli mea? Ƒe alafa geɖewoe nye esia si wole Yehowa, mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, ŋu gblẽm vevie alakpatɔe. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe le mía si be míatsɔ aɖi ɖase tso mía Mawu gã la ŋu! (Yes. 43:10-12) Ne lɔlɔ̃ deto le mía si na Yehowa la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu dzimaɖitsitsi alo vɔvɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ sia aʋã mí be míaƒo nu faa tso Eyama ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míahe ɖe megbe kura le ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu dzinɔameƒotɔe me o.—Dɔw. 4:26, 29, 31.
3 Mègaŋlɔe be o be nyanyui ye gbedeasi si le mía si la nye. Gbedeasi sia ahe viɖe siwo nu meyina o la vɛ na ame siwo awɔ ɖe edzi. Míaƒe susu si anɔ asixɔxɔ si gbegbe le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, ke menye susu ɖoɖo mía ŋutɔwo alo míaƒe tsitretsiɖeŋulawo ŋu o, la akpe ɖe mía ŋu be míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe.
4 Ame Bubuwo Ƒe Kpɔɖeŋuwo Sɔsrɔ̃: Nuteƒewɔla siwo gblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu ado ŋusẽ mí. Le kpɔɖeŋu me, Henox tsɔ dzideƒo ɖe gbeƒã ʋɔnu si Yehowa ava drɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo. (Yuda 14, 15) Noa ɖe gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe na ame siwo metsɔa ɖeke le nyanyuia me o. (Mat. 24:37-39) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nye “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” yi edzi ɖe gbeƒã togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu vevie hã. (Dɔw. 4:13, 18-20) Zi geɖe la, wotana ame siwo le agbe egbea, eye to woƒe Yehowa dzixɔxɔse me la, te ŋu ɖu vɔvɔ̃ na amegbetɔwo dzi heva zu nyanyuigblɔla bibiwo la ƒe agbemeŋutinyawo ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me.
5 Dzi ate ŋu anɔ mía ƒo ne míedea ŋugble le ale si mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema la wɔ nuteƒe togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me hã la ŋu. (Fia. I, 19:2, 3; Mar. 14:66-71) Wona ‘dzi ɖo wo ƒo le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me,’ eye woɖe gbeƒã vɔvɔ̃manɔmee. Míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke.—Tes. I, 2:2.