INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 July axa 8
  • Ðe Nɔnɔme Nyuiwo Fia Ne Èle Ʋɔtrua Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nɔnɔme Nyuiwo Fia Ne Èle Ʋɔtrua Nu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ngɔ Wɔwɔ le Ʋɔtru Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Gbalẽa Nàtsɔ Adze Biblia-nusɔsrɔ̃ Gɔme Le Ʋɔtru Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Ʋɔtru Nu Kple to Telefon Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 July axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nɔnɔme Nyuiwo Fia Ne Èle Ʋɔtrua Nu

Esi nɔviŋutsu aɖewo tɔ ɖe ʋɔtru aɖe nu le gbeadzi la, wo dometɔ ɖeka le nu kpɔm to fesre nu, le nu ɖum eye ame ɖeka le nu ŋlɔm ɖo ɖe amewo to fon dzi

Kristotɔwo le abe “nukpɔkpɔ le fefewɔƒe ene na xexea.” (1Ko 4:9) Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí o be amewo nɔa ŋku lém ɖe mía ŋu, to fesre nu alo nɔa to lém ɖe mía ŋu ne wole xɔ me. Fotoɖemɔ̃ si woɣla, si ate ŋu alé nuƒowo ɖi la le aƒe aɖewo ŋu, eye ate ŋu ana ame si le aƒea me nakpɔ mí, ase míaƒe nyawo eye wòalé wo ɖi. Mɔ siwo dzi míato aɖe nɔnɔme nyuiwo afia le ʋɔtruwo nu ƒe ɖewoe nye esiawo.—2Ko 6:3.

WÒ NUWƆNA (Flp 1:27):

  • De bubu aƒemenɔlaa ŋu eye mègatsɔ ŋku to ʋɔtrua xa alo kpɔa ta anɔ aƒea me kpɔm o. Mèganɔ nu ɖum, anɔ nu nom, alo anɔ nu ƒom le fon dzi loo alo anɔ nu ŋlɔm ɖo ɖe amewo to fon dzi esi nètɔ ɖe ʋɔtrua nu o

WÒ NUƑOƑO (Ef 4:29):

  • Ne ètɔ ɖe ʋɔtrua nu la, mègagblɔ nya manyomanyo aɖeke o. Gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoatso dzeɖoɖo ɖe sia ɖe dzi ale be yewoate ŋu abu nya si yewodi be yewoagblɔ la ŋu, aɖo wo ɖe ɖoɖo nu le susu me

Nɔviŋutsu eve tɔ ɖe ʋɔtrua nu eye aƒea tɔ le wo kpɔm to ʋɔtrua me

Nu bubu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ ade bubu aƒemenɔlawo ŋu ne èle ʋɔtrua nu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe