INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 September axa 7
  • Na Hehe Wo Be Woasubɔ Yehowa Ɣeawokatãɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Hehe Wo Be Woasubɔ Yehowa Ɣeawokatãɣi
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ale Si Nàfia Gbeƒãɖeɖe Ame Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Na Hehe Gbeƒãɖela Yeyewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 September axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Na Hehe Wo Be Woasubɔ Yehowa Ɣeawokatãɣi

Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be zi geɖe la, gbeƒãɖela yeye siwo wona hehee tso gɔmedzedzea be woanɔ gbeadzi dem edziedzi dzonɔamemetɔe la va zua gbeƒãɖela bibiwo. (Lod 22:6; Flp 3:16) Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu wòali ke sesĩe le gbeƒãɖeɖedɔa me:

  • Ne wonya da asi ɖe nusrɔ̃via dzi be wòanye gbeƒãɖela ko la, dze egɔme nànɔ hehe namee. (km 8/15 1) Na wòakpɔe be ele vevie be gbeadzi dede kwasiɖa sia kwasiɖa nazu numame nɛ. (Flp 1:10) Ƒo nu nyui tso anyigbamamaa me tɔwo ŋu. (Flp 4:8) De dzi ƒo nɛ be wòanɔ gbeadzi yim kple gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔla kpakple gbeƒãɖela bubuwo, be wòasrɔ̃ nu tso wo gbɔ.—Lod 1:5; km 10/12 6 mm. 3

    Nɔviŋutsu aɖe le kpekpem ɖe gbeƒãɖela yeye aɖe ŋu be wòadzra ɖo hafi ayi gbeadzi
  • Ne wò nusrɔ̃via va xɔ nyɔnyrɔ la, mègadzudzɔ dzidede ƒo nɛ kple hehenanae le gbeadzi o, vevietɔ ne miewu “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽa sɔsrɔ̃ nu haɖe o.—km 12/13 7

    Nɔvinyɔnu aɖe kple gbeƒãɖela yeye aɖe le gbeadzi
  • Ne wò kple gbeƒãɖela yeye aɖe miele gbeadzi la, zã dzeɖonya si le bɔbɔe. Ne eɖe gbeƒã na ame aɖe vɔ la, kafui tso dzi me. Ðo aɖaŋu siwo akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ la nɛ.—km 5/10 7

    Vifofo aɖe kple via wole gbeadzi
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe