INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/98 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 2
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 9
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 16
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 23
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 30
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 11/98 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 2

Hadzidzi 38

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe July gbeadzikɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu.

15 min: “Ele Be Amesiame ‘Naxɔ Nya la Kple Dzi Blibo’!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi memamã 21 lia me kpee.

20 min: “Medi be Madze Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme!” Subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro eme kple nyaselawo. Ðe alesi miawɔ ɖoɖo be amesiame nadze agbagba awɔ tɔtrɔyiwo la me. Ne anya wɔ la, gbeƒãɖela bibiwo nawɔ dɔ kple gbeƒãɖela yeyewo. Amesiwo anɔ ƒuƒoƒo me ayi nanɔ ʋee ko ale be woate ŋu aɖo ame geɖe gbɔ. Dzro aɖaŋuɖoɖo siwo le April 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-15 me. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔme le tɔtrɔyi me ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba adze nusɔsrɔ̃ yeye gɔme.

Hadzidzi 35 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 9

Hadzidzi 187

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

12 min: Nyabiaɖaka.

23 min: “Ƒe 1998 ‘Mawu ƒe Agbemɔ’ Nutome Gã Takpekpe.” (Memamã 1-17) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã 11 kple 12 lia. Ƒo nu tso alesi Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe edzii be míakpɔ egbɔ be míedzra ɖo ɖe ɖoɖo nu alesi dze Kristotɔwo eye míakpɔ mía viwo dzi nyuie la dzi.

Hadzidzi 48 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 16

Hadzidzi 182

7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖo si miewɔ na kwasiɖaa ƒe nuwuwu.

18 min: “Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Teokrasi Subɔsubɔ Suku Dzikpɔla.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro School Guidebook, axa 10-11, memamã 6-12 me.

20 min: “Ƒe 1998 ‘Mawu ƒe Agbemɔ’ Nutome Gã Takpekpe.” (Memamã 18-24) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã 18 kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ. Te gbe ɖe nusita nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple ameŋububu hiã, vevietɔ le anyinɔnɔ gome. Wu enu kple nuƒo kpui aɖe si me miadzro “Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me le.

Hadzidzi 139 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 23

Hadzidzi 89

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si ku ɖe ŋusẽ si Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa kpɔ ɖe amewo dzi si wota ɖe Nyɔ!, August 8, 1998, ƒe axa mamlɛa dzi. Gbeƒãɖelawo katã nanɔ ŋudzɔ ɖe agbalẽ sia nana ŋu le ɣeyiɣi siwo sɔ me.

15 min: “Amewo ƒe Tɔtrɔ Zu Lã—Ðe Eteƒekpɔkpɔ fia be Woaxɔe Sea?” Hamemegã si bi nyuie ƒe nuƒo si wotu ɖe June 8, 1998, ƒe Eŋlisigbe Nyɔ!, axa 13-15 dzi, si me wòatrɔ asi le nyatia ŋuti wòasɔ ɖe miaƒe nutoame ƒe nɔnɔme nu.

20 min: Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ana Wò Biblia Xexlẽ Nanyo Ðe Edzi. Nuƒo si wotu ɖe May 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-17 dzi. Ƒo nu tso gbɔgbɔmeviɖe siwo míekpɔna le gbesiagbe Biblia xexlẽ me ŋu. Dzro aɖaŋu siwo woɖo me, eye nàgblɔ alesi woawɔ wo ŋudɔe. Na gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nagblɔ alesi Mawu ƒe Nya xexlẽ edziedzi le vi ɖem na woe.

Hadzidzi 46 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 30

Hadzidzi 64

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ gbeadzikɔntabubu ana. De dzi ƒo na amesiwo mete ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme le November me o be woayi woƒe agbagbadzedzea dzi le December me, esime míana Sidzedze-gbalẽa kple New World Translation. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ alesi wowɔa tɔtrɔyii fia eye wòazã aɖaka si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 19; azɔ gbeƒãɖela naɖe alesi woate ŋu azã agbalẽa atsɔ ase Biblia me nufiamewo gɔmee me eye wòadze nusɔsrɔ̃ gɔme.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: “Miɖo Nya Ŋu le Kpekpewo me Atsɔ Atu Mia Nɔewo Ðoe.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ðe alesi nyaŋuɖoɖo na míegayia ŋgɔ le gbɔgbɔ me la me. (Kpɔ School Guidebook, nusɔsrɔ̃ 38, memamã 4.) Na ame aɖewo nagblɔ alesi woɖu nyaŋuɖoɖo ƒe vɔvɔ̃ dzii kple yayra siwo wokpɔ le gomekpɔkpɔ le kpekpewo me ta.

Hadzidzi 51 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe