Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
1 Lododowo 10:29 ɖo ŋku edzi na mí be “Yehowa ƒe mɔ enye mɔ̃ sesẽ.” Aleke gbegbe ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea ƒe tanya sɔe nye si—“Mawu ƒe Agbemɔ”! Aleke woaɖe tanya sia mee le ŋkeke etɔ̃ takpekpea me nuƒoawo me? Mí katã míele mɔkpɔkpɔ me vevie na nusi wodzra ɖo ɖi na mí la sese. Woatrɔ asi le nyati ɖedzesi geɖe ŋu.
2 Ate ŋu adzɔ be dutanyanyuigblɔlawo alo ame bubu siwo le subɔsubɔm le dutanyigbawo dzi nava takpekpe si nàyi. Ðewohĩ àdo go vavala siawo dometɔ aɖewo. Woaƒo nu tso alesi Yehowa le yayram ɖe dɔa dzi le anyigbamamã vovovowo me ŋu le takpekpea me.
3 Wò Agbagbadzedze be Nàyi la Aɖe Vi: Mía nɔvi geɖe siwo le Afrika afisia kpe fu geɖe le aʋawɔwɔ kple zi siwo tɔna le anyigbagã sia ƒe teƒe aɖewo ta. Wobua Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpewo wɔƒe takpɔnui. Ehiã be wo dometɔ aɖewo nazɔ mɔ didiwo hafi ayi takpekpe, gake mevaa susu me na wo be yewoana ɖeke nato yewo ŋu o. Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 73, amesi le Democratic Republic of Congo (si woyɔna tsã be Zaire) zɔ mɔ si adidi ade kilometa 450 yi takpekpe aɖee. Esi wòdze mɔ la, ŋkeke 16 lia gbe hafi wòva ɖo, eƒe afɔ te, gake dzi dzɔe be yete ŋu va ɖo. Esi wowu takpekpea nu la, ekpɔ dzidzɔ si wu gbɔgblɔ esi ŋusẽ ɖo eŋu le gbɔgbɔ me eye wògazɔ afɔ gbɔ va aƒe. Aleae wòzɔa mɔae ƒe sia ƒe ƒe geɖe enye sia!
4 Nutome gã dzikpɔla aɖe si le Mozambique kple srɔ̃a lia to kɔkɔ aɖe eye wozɔ afɔ to gbedadaƒo gã aɖe hafi yi nutome sue takpekpe. Wotsɔ gaƒoƒo 45 zɔ kilometa 90 ƒe mɔ siae. Srɔ̃tɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu nyuia de dzi ƒo na vavalawo katã. Ƒome siwo va dometɔ geɖe hã dze agbagba siawo tɔgbe ke. Nutome gã dzikpɔlaa gblɔ be nɔvi aɖewo, siwo dome nɔviŋutsu si xɔ ƒe 60 hã le, zɔ afɔ kilometa 200 va!
5 Èwɔ ɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le ɖe ƒe sia me ƒe takpekpea yiyi ŋua? Míexɔe se be mahiã be nàzɔ afɔ didi nenema o, gake abia agbagbadzedze kple nanewo tsɔtsɔ sa vɔe hafi mia kple wò ƒomea miate ŋu ayi. Wɔ ɖoɖo nànɔ anyi ase nuƒoawo katã tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. Biblia-nusrɔ̃vi geɖe le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm ɖo ta adzɔgbeɖeɖe gbɔ. Ne wova takpekpea la, akpe ɖe wo ŋu le nyametsotso nyuitɔ wɔwɔ me. Èkpe wò Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo be woayi kple wòa?
6 Ŋkeke Etɔ̃ Takpekpe: Woawɔ takpekpe 32 le dukɔ sia me. Woawɔ takpekpea le Dangme, Eŋlisigbe, Eʋegbe, Frafra, Gɛ̃gbe, Nzema, kple Twi me kpakple le Tokunɔwo ƒe Gbe me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã nye tokunɔwo eye wose Tokunɔwo ƒe Gbe be woayi Tokunɔwo ƒe Gbe takpekpe si woawɔ le Takoradi. Nɔviwo kple ɖetsɔlemetɔ siwo hiã kpekpeɖeŋu le takpekpe sia koŋ yiyi me la nakpɔ woƒe hamemegãwo. Woŋlɔ takpekpeawo wɔɣi kple wo wɔƒewo ɖe June Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me. Vaseɖe fifia la, wona mienya takpekpe si woɖo be miaƒe hamea nayi.
7 Mide Dzesi Nya Sia Nyuie: Ele vevie ale gbegbe be miayi takpekpe si wotia na miaƒe hamea. Ne amesiame de bubu ɖoɖo siawo ŋu eye wokpe asi ɖe mía ŋu la, ana nusianu nayi edzi ɖe ɖoɖo nu eteƒeteƒee.—Kor. I, 14:33, 40.
8 Takpekpea adze egɔme ŋdi ga 9:30 Fiɖa, Memleɖa, kple Kwasiɖa. Woakpã ɣetrɔ ga 5:00 Fiɖa kple Memleɖa, eye woakpã ɣetrɔ ga 4:00 le Kwasiɖagbe.
9 Ne míedze mɔ yina takpekpea alo míetrɔ gbɔna la, ele be míadi mɔnukpɔkpɔ siwo me míaɖi vomeɖase le. Ðewohĩ petroldzraƒedɔwɔlawo, fiasemenudzralawo, mɔdzidzɔxɔlawo, amedzrodzeƒedɔwɔlawo, kple kplɔ̃ŋutisubɔlawo akpɔ dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒenya la ŋu. Dzra ɖo ɖe eŋu be traktwo, magazine yeyewo, agbalẽ gbadzawo, alo agbalẽ bubuwo nanɔ ŋuwò, nàwɔ mɔnukpɔkpɔawo ŋudɔ atsɔ aɖi ɖase na amesiwo anye ne míate ŋu akpɔ mɔ bubu aɖeke atsɔ nyanyuia ayi na wo hafi o.
10 ‘Lé Fɔ Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋu:’ Nunya le eme be takpekpea valawo nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Luka 8:18 dzi. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòatsɔ Biblia, kple hadzigbalẽ kpakple nuŋlɔgbalẽ ɖe asi. Ðo to nuƒo ɖesiaɖe me nyati veviwo nyuie eye nàwɔ nuŋlɔɖi kpuiwo. Bia ɖokuiwò se be aleke yeate ŋu awɔ nya ma ŋudɔe hã. Le takpekpeŋkekea ƒe zã ɖesiaɖe, hafi nàmlɔ anyi la, anyo be nàto nusiwo nèŋlɔ ɖi me eye nàdzro alesi nèdzea agbagba be yeazɔ ɖe Yehowa ƒe agbemɔ dzii me.—Lod. 4:10-13.
11 Wode dzesii be ne kpekpeawo le edzi yim la, ame aɖewo dzona le takpexɔa me alo agbadɔa te va nɔa woƒe ʋuwo me, eye nuƒoawo toa wo ŋu. Wokpɔa ame bubuwo wonɔa tsatsam ko le esime wòle be woanɔ anyinɔƒea anɔ nya sem hafi. Wokpɔa sɔhɛ gbogbo aɖewo wodzona le takpekpea wɔƒe le ŋdɔ me. Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ anyi le blema wɔ vodada gãwo le agbe me le esi womeɖo to Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo nyuie o ta. Míawo ya míadi be míaƒo asa na vodada mawo wɔwɔ. (Fia. II, 17:13-15) “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la trɔ asi le mufiame nyui siwo mí katã míehiã la ŋu na mí. Anyo be míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be “míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu” le ŋkeke etɔ̃ takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia katã me. Wɔna vevi aɖe si ado dzidzɔ na mí godoo la anɔ ŋkeke ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowɔɖia me si akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi le ɣeyiɣi siwo gbɔna me. Ne míenye toɖolawo eye míewɔ gbɔgbɔ me nunana siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí ŋudɔ bliboe le takpekpe si gbɔna me la, míaƒe xɔse ali ke sesĩe, bene ‘míagato’ Mawu ƒe agbemɔ ‘ŋuti ayi o.’—Mat. 24:45; Heb. 2:1.
12 Awudodo si Dea Bubu Yehowa Ŋu: Le ŋkeke vɔ̃ɖi siawo me la, ehiã be míalé fɔ ɖe alesi míeɖoa toe ŋu etɔxɛe ale be xexeame ƒe gbɔgbɔ magakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. (Kor. I, 2:12) Ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nanɔ ɖoɖo nu eye wòade bubu Mawu si míesubɔna ŋu. (Tim. I, 2:9, 10) Mehiã awu xɔasiwo hafi míanye amesiwo ‘ɖoa atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla la, ƒe nufiafia’ o. (Tito 2:10) De dzesi Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amenya si sɔ si dze le June 15, 1997, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17 kple 18, memamã 14-18. Mègabu ɖase gã si awudodo le mɔ si dea bubu Yehowa ŋu nu ɖina la nu tsɛe o.
13 Ðasefo ƒe 16 vi aɖe gblɔ be esi ye kple ye nɔviŋutsu yewoyi nuɖuƒe fiẽ aɖe le kpakpã vɔ megbe la, yewokpɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afima dometɔ aɖewo ɖɔ li do awu siwo medze o. Gake nuɖuƒea ƒe dɔwɔla geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefo siwo do awu si sɔ ɖe ɖoɖo nu eye wode woƒe akɔtagbalẽviwo ŋu. Esia ʋu mɔ na wo woɖi ɖase na dɔwɔlaawo dometɔ aɖewo.
14 Agbenɔnɔ si Kafua Yehowa: Míenya be míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi amewo bua míaƒe tadedeagui dzi. Eyata míedi be míanɔ agbe le mɔ si dze nyanyuia si akafu Yehowa la nu.—Fil. 1:27.
15 Le ƒe si va yi me la, wowɔ nutome gã takpekpe aɖe si nye zi gbãtɔ le Angola ƒe dziehe. Le takpekpea ƒe ŋkeke eveagbe la, wodɔ afima kpovitɔ eve ɖa be woakpɔ egbɔ be nuwo nayi ɖe ɖoɖo nu. Wonɔ anyi ŋkeke bliboa katã. Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, wokafu mí ɖe nusiwo wose kple alesi wokpɔ be nuwo yi edzi ɖe ɖoɖo nui ta. Ðeka gblɔ be: “Nukatae wogaxa mí dɔ ɖe afisia? Míenya alesi Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu le woƒe takpekpewo me ɖe.”
16 Afrika-dukɔ bubu aɖe ƒe dunyaheha aɖe me tɔ si yi Europa esime wowu eƒe dunyaheha la me tɔwo katã. Edo go kuxi geɖewo eye dzi ɖe le eƒo ŋutɔ. Mlɔeba la, elɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii. Zi gbãtɔ si wòyi nutome gã takpekpe la, alesi ameƒomevi vovovo kpe tae le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Eka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu, eye le takpekpe ma me la, etso nya me be yeatso kadodo ɖesiaɖe me kple dunyahehawo. Emegbe exɔ nyɔnyrɔ eye fifia wo kple viawo wole Yehowa subɔm.
17 Aleke míaƒe agbenɔnɔ le ƒe sia me ƒe takpekpea me awɔ dɔ ɖe amesiwo va zi gbãtɔ dzii? Ðe woade dzesi ɖekawɔwɔgbɔgbɔ si nɔa mía me ne míetsɔ mía ɖokui na faa le dɔ wɔma? Ðe alesi míena mía gbɔ le dzadzɛ kple ne wokpɔ be hafi míadzo le takpekpea wɔƒe ayi aƒeme la, mía kple mía viwo míefɔ gbeɖuɖɔ siwo anɔ míaƒe nɔƒe la awɔ dɔ ɖe wo dzia? Ðe woakpɔ míaƒe agbenɔnɔ nyui ne míedze mɔ tso míaƒe dzeƒewo yina takpekpea alo míetrɔ gbɔna aƒeme kple le takpekpea wɔƒea? Ðe woakpɔ be míewɔa nu ɖe ɖoɖo nu ne míeɖo fli be míaƒle agbalẽ yeyewoa? Ðe woakpɔ be mí amesiwo nye dzilawo míekpɔa mía viwo dzi nyuie ɣesiaɣia? Mina míakpɔ egbɔ be míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be amesiwo kpɔa mí la naƒo nu nyui le mía ŋu.
18 Takpekpea ƒe Gazazãwo Xexe: Tikit siwo woxɔna na kamedefefewo alo wɔna bubuwo kpɔkpɔ le fefewɔƒewo alo takpexɔwo me xɔa asi ŋutɔ le egbe ƒe asitsaxexeame. Eƒe akpa aɖe tso alesi teƒe siawo hayahaya xɔa asii le dugãwo me gbɔ. Ðoɖo si dzi Habɔbɔa zɔna ɖo ɣesiaɣi le takpekpewo mee nye “nɔƒe li femaxee, gamaxɔmaxɔe.” Ke aleke woawɔ axe xɔhayafewo kple takpekpea ƒe gazazã bubuwo? To vavalawo ƒe nudzɔdzɔ dɔmenyotɔe dzie. Míeka ɖe edzi be miaɖe nunanagbɔgbɔ afia abe alesi Mawu subɔlawo ɖee fia le blema le Yehowa Mawu kple Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me ene. (Kor. II, 8:7) Wotsɔa beléle gã aɖe kpɔa egbɔ be wokpɔ ga si wodzɔ la ta wòle dedie, wona akɔnta le eŋu, eye wozãe na nusiwo ta wodzɔ wo ɖo. Ele be woaŋlɔe be woaxe ga ɖesiaɖe si woaɖo ɖa to gaxɔgbalẽvi dzi la na “Watchtower.”
19 Anyinɔnɔ: Míagawɔ ɖe mɔfiame siwo wonana ƒe geɖe enye sia dzi, esi nye be, WÒ ƑOMEA ME TƆWO KPLE AMESIWO MIA KPLE WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA. Enyo ŋutɔ be amesiwo le wɔwɔm ɖe mɔfiame siawo dzi la le dzidzim ɖe edzi, eye esia na lɔlɔ̃ si míeɖena fiana le takpekpewo me la de dzi. Zikpui aɖewo gbɔ ɖoɖo nɔa bɔbɔe wu ɖewo le teƒe akpa gãtɔ. Taflatse ɖe ameŋububu fia, eye nàgblẽ zikpui siwo dzi nya nɔna ɖi na ame tsitsiwo kple amesiwo ƒe nɔnɔme dze na wo. Ðo ŋku edzi be ‘lɔlɔ̃ la media eɖokui tɔ o.’—Kor. I, 13:4, 5; Fil. 2:4.
20 Ʋuɖoɖo: Ewɔa nublanui na mí ŋutɔ ne míese be mía nɔviwo kpɔ ʋufɔku esime wogbɔna takpekpe alo yina aƒeme! Be wòafia be míebua agbe nu xɔasii la, mina míakpɔ egbɔ be ʋu sia ʋu si míaɖo va takpekpea alo ayi aƒemee la le nɔnɔme nyui me eye ŋusẽ le eŋu.
21 Fotoɖemɔ̃wo, Videoɖemɔ̃wo, Kple Nyalémɔ̃wo: Woate ŋu azã fotoɖemɔ̃wo kple nyalémɔ̃wo le takpekpewo me. Gake mele be míatsɔ wo ahe ame bubu siwo va ƒe susu ne míele wo zãm o. Ne míele tsatsam le foto ɖem esime takpekpea le edzi yim la, míaɖe fu na ame bubu siwo di be yewoaɖo to. Mele be woatsi nyalémɔ̃ ƒomevi aɖeke ƒe ka ɖe elɛktrik alo nyasemɔ̃wo ƒe ka ŋu o, eye mele be mɔ̃ siawo naxe zikpuidomemɔ, afɔtoƒewo, alo axe ŋkume na amewo hã o.
22 Atikewɔwɔ: Dɔdzeamedzi kpatawo koe wowɔna le Atikewɔƒea. Taflatse tsɔ wò ŋutɔ wò aspirin, atike siwo gbãa nuɖuɖu ɖe ame ŋu, abiblavɔwo, nulébuiwo, kple nusiawo tɔgbe ɖe asi, elabena nu mawo manɔ takpekpea me o. Amesiwo dzi glãkpedɔ, gbafaƒoame, dzidɔ, kple dɔ bubuwo te ŋu dzena la natsɔ atike siwo ahiã wo la ɖe asi. Ƒometɔ alo hamea me tɔ si nya nu tso woƒe nɔnɔmea ŋu la nanɔ wo ŋu ana kpekpeɖeŋu si ahiã la wo ne eva hiã. Kuxi aɖewo do mo ɖa le takpekpe aɖewo me esi wogblẽ amesiwo ŋu dɔmavɔleameŋu le la ɖeɖe ɖi ale be woƒe dɔa ganyra. Ne ƒometɔwo mele amesiwo hiã beléle tɔxɛwo le lãmesẽ gome dometɔ aɖewo si be woakpe ɖe wo ŋu o la, ahiã be woagblɔe na woƒe hamemegãwo bene woawɔ ɖoɖo siwo hiã la akpe ɖe wo ŋu. Manya wɔ be míawɔ ɖoɖo ɖe xɔ tɔxɛwo ŋu le takpekpea me be amesiwo nanewo menyo na o la nanɔ wo me o.
23 Takpekpea me Nuɖuɖunyawo: Amesiame netsɔ eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu ɖe asi tsɔ wu be míadzo le takpekpea wɔƒe ayi nuɖuɖu ƒle ge le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi kpuia me le gbɔme. Numedenu si me nunyiame le si anya tsɔ ɖe asi ko asu. Woɖo nusiwo woatsɔ ɖe asi ƒe aɖaŋu aɖewo ɖe November 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe memamã 26 lia me. Mele be míatsɔ nugo siwo ate ŋu agbã alo aha sesẽ aɖeke ava takpekpea o. Nusiwo me nàde nuɖuɖui la nanɔ sue ale gbegbe be woate ŋu ayi wò zikpui te. Wokpɔe be ame aɖewo nɔa nu ɖum eye wonɔa nu nom esime nuƒowo le edzi yim, gake esia fia bubumademade takpekpea ŋu.
24 Aleke wòle dzi dzɔm na mí enye si be esusɔ vie ko ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpea nadze egɔme! Èwu wò ɖoɖowɔɖiwo hena yiyi nua? Neva eme be nàyi agbɔ dedie axɔ ŋusẽdoame yeye, eye nàɖoe kplikpaa be yeayi ŋgɔgbe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ xɔasia me eye yeanɔ “Mawu ƒe agbemɔ” si me yayra mavɔ atso la dzi.
[Box on page 6]
Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
▪Nyɔnyrɔxɔxɔ: Ele be amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo hafi takpekpea nadze egɔme le Memleɖagbe ŋdi. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔ la natsɔ tsimeyiwu ɖɔʋu kple tsiletse ɖe asi. Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, ame aɖewo do awu siwo mesɔ o eye esia klo bubu le wɔna la ŋu. Hamemegã siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa me dzrom kple amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nakpɔ egbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe se nya vevi siawo gɔme. Nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe dzesii nye ame ŋutɔ kple Yehowa dome nya. Eyata mesɔ be amesiwo axɔ nyɔnyrɔ la nakpla asi kɔ na wo nɔewo alo woalé wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ xɔm o.
▪Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de ƒe 1998 ƒe akɔtagbalẽvia ɣesiaɣi si nèle takpedua me kple ne èyina takpekpea wɔƒe kpakple ne ètrɔ gbɔna aƒeme. Zi geɖe la, esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖi ɖase nyuie. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋekotoku si me wodea woe la to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpea me o. Mègalala ŋkeke ʋee aɖewo nasusɔ na takpekpea yiyi hafi nàbia akɔtagbalẽviwo na mia kple wò ƒomea o. Ðo ŋku edzi nàtsɔ wò “Advance Medical Directive/Release” gbalẽvi (alo Atikewɔgbalẽvi) yeyetɔ ɖe asi. Betel ƒomea me tɔwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple mɔɖelawo nelé woƒe dzesidegbalẽviwo ɖe asi.
▪Xɔbiabia: Míele biabiam tso amesiame si takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒe na xɔe la si be wòawɔ nu aduadu kple wo. Taflatse nɔ dzeƒe si wodi na wò. Nusia wɔwɔ mana amewo namimi akpa eye wòahe xaxa va teƒe siwo wosusu be wonyo wu la o. Dze agbagba nàva ɖo kaba bene woafia wò dzeƒe wò le ɣeyiɣi nyui me. Kpɔ ŋudzedze ɖe amesi gbɔ nàdze ƒe amedzrowɔwɔ ŋu eye nàɖo ŋku edzi ana wò agbenɔnɔ naɖi ɖase. (Pet. I, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Na wò dzeƒe nanɔ dzadzɛ ahanɔ ɖoɖo nu. Abe alesi míegblɔe kpɔ va yi ene la, takpekpevala siwo dzɔa ga na takpekpea ɖe woƒe dzeƒe ta togbɔ be wogblɔ na wo be ɖe wotsɔe na wo faa hã la ƒe nuŋububu dzea Habɔbɔa ŋu ale gbegbe. Ne màgadze teƒe si wona wò o la, dze agbagba nàgblɔe na xɔtɔa kple Xɔdidɔwɔƒea enumake bene woatsɔ xɔa ana ame bubu.
▪Kpekpe Ðe Mɔɖela Siwo Nu Hiã Ŋu: Míele dzi dem ƒo na ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo be woakpe ɖe mɔɖela siwo nu hiã ŋu le ʋuɖoɖo kple nuɖuɖu gome. Ðe nàte ŋu adzra ɖo ɖe mɔɖela ɖeka aɖe koŋ ŋu atsɔ atikutsetse aɖewo alo abolo si me wode nui, kple nusiawo tɔgbe akpe ɖe wò ŋdɔnuɖuɖu ŋua? Ðe nàte ŋu ana mɔɖela aɖe naɖo wò ʋu ne madzi wò gazazãwo ɖe edzi oa? Ðe mɔ suesue bubu aɖewo li nènya siwo dzi nàte ŋu ato ana “tsi fafa kplu” mɔɖela kple ame bubu siwo nu hiãa?—Mat. 10:42.
▪Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Àte ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le takpekpea me atsɔ ana kpekpeɖeŋu le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖekaa? Mía nɔviwo subɔsubɔ, ne eganye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe hã, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ eye wòanye dzidzeme gã aɖe na mía ŋutɔwo hã. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ke taflatse yi ɖe takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu nyui aɖe ne wowɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te.
▪Nuxlɔ̃amenyawo: Kpɔ egbɔ be nèdo wò ʋu ƒe ʋɔ kple safui ɣesiaɣi, eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem si ahe ame aɖe ƒe susu be wòadi be yeagbã ʋɔa atsɔe le eme o. Ƒuƒoƒo gãwo mee fiafiwo kple gaɖeleameŋulawo te ŋu fia nu le wu. Nunya manɔ eme be nàgblẽ nu xɔasi aɖeke ɖe wò zikpui dzi o. Màte ŋu anya ne Kristotɔe amesiame si le gbɔwò la nye o. Nukatae nàda nane ɖe anyi si woafi? Woka nya ta na mí be xexemetɔ aɖewo di be yewoable ɖeviwo nu afi wo. NA VIWÒWO NANƆ AFISI NÀTE ŊU ANƆ WO KPƆM LE ƔESIAƔI.
Zi geɖe la, woɖea amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋuwo le television kple video siwo le amedzrodzeƒe geɖe kple teƒe bubuwo le dugãwo kple duviwo me dzi. Migaɖe asi le ɖeviwo ɖeɖe ŋu woava nɔ television kple video kpɔm o.