INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le September 6 vaseɖe December 20, 1999 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamae woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Yehowa ɖe mɔ be amegbetɔwo naɖu wo ɖokui dzi ne yeatsɔ aɖee afia be Yeƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ kple dzɔdzɔetɔ ɣesiaɣi. (Mo. V, 32:4; Hiob 34:10-12; Yer. 10:23) [w97-EW 2/15 axa 5 mm. 3]

2. Biblia ɖee fia be Mawu tsri nyatoƒoetoto ɖesiaɖe. [w97-EW 12/1 axa 30 mm. 3-4]

3. Ne dzilawo tsɔ mawumegɔmeɖose siwo ku ɖe tanyenye kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu ŋu wɔ dɔe la, awɔe be woatsɔ nukpɔsusu si da sɔ awɔ nui kple wo vi siwo ɖe srɔ̃. (Mo. I, 2:24; Kor. I, 11:3; 14:33, 40) [fy-EW axa 164 mm. 6]

4 Marko 6:31-34 ɖee fia be ameha la ƒe lãmegbegblẽ kple ahedada ɖeɖekoe ʋã Yesu be eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu. [w97-EW 12/15 axa 29 mm. 1]

5 Ne Kristotɔ si nye alẽha bubua me tɔ mete ŋu de Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãa ɖuƒe o la, ele be wòaɖui le ɣleti ɖeka megbe abe alesi gɔmeɖose si le Mose IV, 9:10, 11 fia ene. (Yohanes 10:16) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93-EW 2/1 axa 31 mm. 9.]

6 Togbɔ be tɔgbui kple mama siwo nye Kristotɔwo maxɔ agba si le fofowo kple dadawo dzi be woaku Biblia me nyateƒeawo ɖe tome na wo viwo le wo si o hã la, woate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le asikpekpe ɖe ɖevi ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me ŋu. (Mo. V, 6:7; Tim. II, 1:5; 3:14, 15) [fy-EW axa 168 mm. 15]

7 Lododowo 6:30 ɖee fia be woate ŋu aɖe mɔ ɖe fififi ŋu alo woabui be esɔ le nɔnɔme aɖewo me. [g97-EW 11/8 axa 27 mm. 2]

8 William Tyndale ye nye ame gbãtɔ si zã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le Hebri Ŋɔŋlɔawo si gɔme wòɖe ɖe Eŋlisigbe me le ƒe 1530 me. [w97-EW 9/15 axa 28 mm. 3]

9 Egbea, kpɔɖeŋusitsoƒedu lae nye ɖoɖo si Mawu wɔ be yeakpɔ mía ta tso ku si me le esi míeda le eƒe se si ku ɖe ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu dzi ta. (Mo. IV, 35:11) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 11/15 axa 17 mm. 8.]

10 Ŋkɔ Deuteronomy si gɔmee nye “Se Evelia” la sɔ elabena Sea gbugbɔgagblɔ koe Biblia ƒe agbalẽ sia nye. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ si axa 36 mm. 4.]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11 Nukae abolo ʋaʋã eve siwo nunɔlagã la tsɔ saa vɔe le Pentekoste-ŋkekenyuia dzi la nye kpɔɖeŋu na? (Mo. III, 23:15-17) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w98-EW 3/1 axa 13 mm. 21.]

12 Ɣekaɣie Kristotɔwo ƒe Aseyetsoƒe la dze egɔme, eye ablɔɖe kae esia he vɛ ɣemaɣi? (Mo. III, 25:10) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 5/15 axa 24 mm. 14.]

13 Le Mose IV, me nuŋlɔɖiwo nu la, nu etɔ̃ kawo dzie agbetsitsi nɔ te ɖo? [si axa 30 mm. 1]

14 Mɔ ka nue Mose ɖee fia le be ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔ mele ye me o wòtsɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí? (Mo. IV, 11:29) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 9/15 axa 17 mm. 11.]

15 Aleke Korax, Datan, kple Abiram ƒe nya la ɖee fia be menye ɣesiaɣie nane teƒe kpɔkpɔ nana xɔse sua ame si o? [w97-EW 3/15 axa 4 mm. 2]

16 Bubudede dzila tsitsiwo ŋu ƒe akpa eve kawo dzie wote gbe ɖo le Mateo 15:3-6 kple Timoteo I, 5:4 me? [fy-EW axa 173-5 mm. 2-5]

17 Nusɔsrɔ̃ vevi ka dzie wote gbe ɖo le Mose IV, 26:64, 65 me? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ g95-EW 8/8 axa 10-11 mm. 5-8.]

18 Aleke Pinehas ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míese nusi adzɔgbeɖeɖe na Yehowa fia la gɔmee? (Mo. IV, 25:11) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 3/1 axa 16 mm. 12-13.]

19 Aleke amesi le kpɔɖeŋusitsoƒedua me la ate ŋu ‘agbɔ dua ƒe liƒo dzie?’ (Mo. IV, 35:26) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 11/15 axa 20 mm. 20.]

20 Mɔ ka nue Codex Sinaiticus la ɖe vi le Biblia gɔmeɖeɖe mee? [w97-EW 10/15 axa 11 mm. 2]

Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21 Yehowa ɖe mɔ be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ li kple susu be yeatsɔ ana nyateƒe vevi sia me nakɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be ye ɖeka koe nye ․․․․․․․․ eye be ehiã be yeƒe nuwɔwɔwo ․․․․․․․․ yeƒe sewo dzi hafi woakpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ ɖaa. (Ps. 1:1-3; Lod. 3:5, 6; Nyagb. 8:9) [w97-EW 2/15 axa 5 mm. 4]

22 Mose III, ɖe dzesi le gbetete ɖe ʋu ƒe ․․․․․․․․ dzi, heɖee fia be ezazã si ŋuti woɖe mɔ ɖo koe nye be woatsɔe ․․․․․․․․. [si axa 29 mm. 33]

23 Le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 144:15b la, dzi ƒe nɔnɔmee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nye, eye ․․․․․․․․ vavãtɔ kple ․․․․․․․․ nyui me nɔnɔ kple Yehowa Mawu gbɔe wòtsona. [w97-EW 3/15 axa 23 mm. 7]

24 Ŋkɔ si wova tsɔ na Biblia si gɔme woɖe tso Hebrigbe me Biblia me yi ɖe Helagbe si bɔ ɣemaɣi me, si nu wowu le ƒe 150 D.M.Ŋ. me lɔƒoe nye ․․․․․․․․; ŋkɔ si wova tsɔ na Biblia si gɔme Jerome ɖe yi ɖe Latingbe me, si nu wowu le ƒe 400 M.Ŋ. me lɔƒoe nye ․․․․․․․․ . [w97-EW 8/15 axa 9 mm. 1; axa 10 mm. 4]

25 Esi Yuda yɔ Bileam kple Kora ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖe Mose IV, me la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ ɖe mɔ̃ si ․․․․․․․․ kple ․․․․․․․․ nye la ŋuti. [si axa 35 mm. 35]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26 Ƒe ɖeka zi ɖeka le (Agbadɔŋkekenyui; Avuléŋkeke; Ŋutitotoŋkekenyui) dzi la, ele be Israel-dukɔ bliboa kple amedzro siwo le wo dome siwo dea ta agu na Yehowa (nadzudzɔ dɔ ɖesiaɖe wɔwɔ; ana nu ewolia; atsɔ nuŋeŋe gbãtɔwo asa vɔe) eye woatsi nu dɔ. (Mo. III, 16:29-31) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 7/1 axa 10 mm. 12.]

27 Taɖodzinu siwo nɔ Xexeme Yeye ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe ƒe Kɔmitia sie nye be yewoƒe gɔmeɖeɖea (me nyawo nasɔ ɖe alesi wogblɔ nyaawo nu alesi wòanya wɔ; nanye gbe gbãtɔawo ƒe gɔmeɖeɖe bubu; nasɔ ɖe nufiafia ƒe gɔmesese aɖe koŋ nu) ale be wòakpe ɖe nuxlẽla la ŋu be wòanya alesi tututu gbe gbãtɔawo dolawo ƒoa nu hebua tamee. [w97-EW 10/15 axa 11 mm. 5]

29 Wodii tso Israel-viwo si be ‘woatsi gbo ɖe aɖabɛ blɔtɔ lɔ̃ka ŋu ade woƒe avɔwo to’ be wòanye (atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe; ɖokuibɔbɔɖeanyi ƒe dzesi; gotagomeŋkuɖodzinu na wo be woaɖe ɖe vovo tso xexeame gbɔ abe Yehowa ƒe amewo ene). (Mo. IV, 15:38, 39) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w84-EW 7/1 axa 18 mm. 16.]

30 Ɣeyiɣi didime si nusiwo ŋu Mose V, me nyawo ƒo nu tsoe la lɔ ɖe emee nye (ɣleti eve; ƒe ɖeka; ƒe eve), eye wowu enu le ƒe (1513; 1473; 1467) D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze. [si axa 36 mm. 6]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Mo. IV, 16:41, 49; Mat. 19:9; Luka 2:36-38; Kol. 2:8; 3:14

31 Ðokuimamlã ƒe Subɔsubɔnuwɔna mehea kɔkɔenyenye tɔxɛ alo ŋkuʋuʋu vavã vɛ o.  [g97 10/8 axa 21 mm. 3]

32 Ahasiwɔwɔ koe nye nusi dzi Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ agate ŋu aɖe ame bubu. [fy-EW axa 158-9 mm. 15]

33 Gomekpɔkpɔ le teokrasidɔwo me dzonɔamemetɔe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòanɔ te ɖe srɔ̃a ƒe ku nu le tsitsi me gɔ̃ hã. [fy-EW axa 170-1 mm. 21]

34 Vodada didi le alesi Yehowa wɔa dzɔdzɔenyenye ŋudɔe to eƒe dɔla siwo wòɖo dzi ate ŋu ahe afɔku vɛ. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w96-EW 6/15 axa 21 mm. 13.]

35 Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ blaa atsu kple asi ɖekae eye wòna wodina be yewoawɔ nusi nye nyuitɔ kekeake na yewo nɔewo kpakple yewo viwo. [fy-EW axa 187 mm. 11]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe