Agbalẽ Gbadzawo—Subɔsubɔdɔwɔnu Veviwoe Wonye
1 Aɖaŋudɔwɔla si nya dɔ nyuie la tsɔa dɔwɔnu vovovo siwo dometɔ ɖesiaɖe wowɔ na dɔ aɖe koŋ wɔwɔ ɖe asi. Mí amesiwo nye Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo la, agbalẽ gbadza hamehame gbogbo aɖe le mía si siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ amesiwo míeɖea gbeƒã na ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ aɖaŋutɔe. (Lod. 22:29) Ðewohĩ èdo go ame aɖe si dzi nu te ɖo le ʋɔtru aɖe nu. Le bubu nu la, aƒemenɔla ƒe didi vevie enye be dziɖuɖu si ɖia anukware nanɔ anyi, eye ame bubu hã di be yeanya ne taɖodzinu aɖe le agbe ŋu. Aleke míate ŋu azã míaƒe agbalẽ gbadzaawo atsɔ akpe ɖe amesiawo ŋui?
2 Ne agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” nam nèle la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Amesiwo kpɔ fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye siwo le xexeame teƒe la dometɔ aɖewo dina be yewoabu fɔ Mawu be eya gbɔe nusiawo katã tso. Wogblɔna be esi Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, ne ɖe wòtsɔa ɖe le mía me vavã la, anye ne ana míaƒe fukpekpewo natɔ. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Psalmo 72:12-14 fia be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã. Menye egbɔe wòtso be fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye li o. Edo ŋugbe be eteƒe madidi o yeaɖe nugbegblẽwɔlawo ɖa. Agbalẽ gbadza sia, Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? fia nusi wògbɔna wɔwɔ ge kple viɖe si atso eme na mí la mí.” Àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi kple nya siwo dze le axa 27 ƒe memamã 22 lia.
3 Ne agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?” nam nèle la, àte ŋu adze egɔme ale:
◼ “Amesiame kloe biana tameɖoɖo si le agbe ŋu ɣeaɖeɣi kokoko. Eyae nye be míanɔ agbe ƒe 70 alo 80 ko akua? Alo ɖe tameɖoɖo bubu aɖe gale agbe ŋua? Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Míakpɔ tame wɔnuku si Mawu ɖo ɖe amegbetɔ kple anyigba la ŋu le afisia le Psalmo 37:29.” Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ ma vɔ la, nàfia foto si le axa 31 lae, eye nàɖe alesi agbenɔnɔ le Paradisoa me anɔ la me nɛ.
4 Míate ŋu ana agbalẽ gbadza si nye “Kpɔ ɖa!” ne míefia eƒe akpa dzi fotoa katã amea eye míebiae be:
◼ “Nukae nèsusu be eyae hiã hafi woawɔ anyigba la wòanɔ alea? [Na wòaɖo eŋu.] Aƒe kple dɔwɔɖui si wosea vivi na le amesiame si le foto sia me si. Nuɖuɖu bɔ, eye ɖiƒoƒonu aɖeke mele anyigba dzi o. Aleke gbegbe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo gadze agbagbae o, wokpɔ be yewomate ŋu ahe xexeme si le alea la vɛ o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu ‘awɔ nuwo katã yeyee.’ [Ʋu axa 30, eye nàxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Agbalẽ gbadza sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nusi nàwɔ hafi anɔ xexe yeyea me.” Ne amea ƒe ɖetsɔleme yi ŋgɔ la, ke ʋu axa 3 lia eye nàfia alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ lae.
5 Àte ŋu azã mɔnu sia atsɔ ana agbalẽ gbadza si nye “Se Agbe ƒe Vivi” lae:
◼ “Ame geɖe susuna be yewoayi dziƒo ava nɔ agbe mavɔ le afima, gake nukae nye wò susu le agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ka ɖe edzi na mí be míate ŋu anɔ agbe mavɔ, eye egblɔ alesi míawɔ wòasu mía si la na mí.” Xlẽ Yohanes 17:3. Ke fia foto 49 lia aƒemenɔla eye nàbiae be: “Ne xexeame le alea la, eme nɔnɔ madzro wò oa?” Na agbalẽae, eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi egbɔ.
6 Nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu le agbalẽ gbadzaawo me, woɖoa amewo ƒe nyabiasewo ŋu, eye wòfaa akɔ na ame. Ne míezã dɔwɔnu siawo aɖaŋutɔe la, míate ŋu akpe ɖe anukwaretɔwo ŋu be ‘woava nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ.’—Tim. I, 2:4.