Mizu Mawu ƒe Nya la Fialawo—Miazã Agbalẽ Gbadzawo
1 Agba le Yehowa subɔla ɖesiaɖe dzi be wòakpɔ gome le Mawu ƒe Nya la fiafia ame bubuwo me. Agbanɔamedzi sia ƒe ŋkubiãnyanyenye dze ƒã ne míenyae be amesi kpɔ ŋusẽ wu le dziƒo kple le anyigba dzie de dɔ asi na mí be ‘míawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo eye míafia nu wo.’ (Mat. 28:18-20) Eyata gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me bia be míazu nufialawo!—Tim. II, 2:2.
2 Le August me la, míate ŋu azã míaƒe nufiafiaŋutetewo ne míele agbalẽ gbadzawo nam. Míate ŋu atia Ŋɔŋlɔawo me nya dodzidzɔname aɖewo le wo me ahadzra nya ʋee aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míadze dzeɖoɖo gɔme ɖo.
3 Ne agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” nam nèle la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míede miaƒe aƒelika geɖe gbɔ eye míekpɔe be wotsi dzi ɖe nuvlowɔwɔ, ŋɔdzidoname, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe dzidziɖedzi kpata ŋu. Èsusu be nukatae nusiawo va zu kuxi alea? [Na wòaɖo eŋu.] Eɖe vi na mí ŋutɔ be Biblia gblɔe ɖi be esia adzɔ. [Xlẽ Timoteo II, 3:1-3.] De dzesii be wogblɔ be ‘ŋkeke mamleawo’ mee esia adzɔ. Esia fia be nane awu enu kpuie. Èsusu be nukae wònye?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 22 nàtsɔ nɔnɔmetata la afiae, eye nàdzro mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe axa ma dzi dometɔ ɖeka alo eve me kplii. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi emegbe be nava ɖe nusita míexɔe se be yayra siawo tu aƒe me nɛ.
4 Ðewohĩ àdi be yeazã mɔnu sia ne èle agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?” nam:
◼ “Esesẽna na ame geɖe ne wole agbagba dzem be yewoakpɔ tameɖoɖo si tututu le agbe ŋu. Togbɔ be ame ʋee aɖewo kpɔa dzidzɔ vaseɖe afi aɖe hã la, dziɖeleameƒo kple fukpekpee yɔ ame akpa gãtɔ ya ƒe agbenɔnɔ me. Èsusu be aleae Mawu ɖoe be míanɔ agbeea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖee fia be Mawu di be míanɔ xexe si ɖi esia me.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 21 fiae, emegbe nàʋu axa 25, memamã 4-6, eye nàɖe nusi ƒe ŋugbe wòdo la me. Bia nya sia ne miava dzro eme ne ètrɔ yi: “Aleke míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi?”
5 Àte ŋu ana agbalẽ gbadza si nye “Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!” ne ètsɔ nɔnɔmetata si le akpa dzi kple emegbe fia hebia be:
◼ “Àdi be yeanɔ agbe le xexe si me dzidzɔmewo le fũ abe esia ene mea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ na mí be Mawu lɔ̃ amewo eye edi be woanɔ agbe le dzidzɔ me le anyigba dzi tegbee.” Trɔ ɖe nɔnɔmetata 49 lia ŋu, eye nàxlẽ Ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la dometɔ ɖeka. Emegbe tsɔ nɔnɔmetata 50 lia fiae, eye nàɖe nusi wòle be míawɔ ne míedi be míanɔ paradiso sia me la me. Gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava dzro nusita Yesu Kristo dzixɔxɔse le vevie alea gbegbe la me.
6 Edzea Yehowa ŋu ne míena míaƒe ‘ŋgɔgbedede dze ƒã to ŋkuléle ɖe míaƒe nufiafia ŋu me.’ (Tim. I, 4:15, 16) Míaƒe agbalẽ gbadzawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le agbagba siwo míedzena be míakpe ɖe amesiwo di be yewoase ‘nyanyui tso nusi nyo wu ŋuti’ me.—Yes. 52:7.